bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ezekiel 47
Ezekiel 47
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 46
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 48 →
1
Egbugbɔm va gbedoxɔ la ƒe ʋɔtru nu, eye kpɔ ɖa, tsi nɔ sisím tso gbedoxɔ la ƒe kpui la gɔme ɖo ta ɣedzeƒe lɔƒo (elabe gbedoxɔ la dze ŋgɔ ɣedzeƒe). Tsi la nɔ sisím tso kpui la ƒe anyigbeme, le vɔsamlekpui la ƒe anyigbe lɔƒo.
2
Tete wòkplɔm do goe to dzigbemegbo la nu, eye wòna metrɔ va egodo va agbo si le egodo, si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la nu, eye tsi la nɔ dzidzim le anyigbeme.
3
Ŋutsu la lé nudzidzeka ɖe asi ɖo ta ɣedzeƒe gome. Edzidze meta alafa atɔ̃, eye wòkplɔm to tsi la me. Tsi la se afɔkɔe dzi.
4
Egadzidze meta alafa atɔ̃, eye wòkplɔm to tsi la me. Tsi la se klo nu.
5
Egadzidze meta alafa atɔ̃ ake, eye wòzu tɔsisi si nyemate ŋu atso o la, elabe tɔ la ɖɔ. Egoglo ale gbegbe be ɖeko woaƒui.
6
Egblɔ nam be: “Amegbetɔ vi, èkpɔ nu sia?” Tete wòkplɔm gbugbɔ yi tɔa ƒe godzi.
7
Esi metrɔ yina la, mekpɔ be ati geɖewo mie ɖe tɔsisi la ƒe go eveawo dzi.
8
Tete wògblɔ nam be: “Tsi sia sí ɖo ta ɣedzeƒenutowo me, to Yordan-bali la me. Ne etsa ge ɖe atsiaƒu si mele tsatsam o la me la, tsi la azu tsi nyui.
9
Afi sia afi si tsi la ɖo tae la, nu gbagbe siwo katã nɔa ha me la, agbɔ agbe, eye tɔmelãwo ado fũu. Elabe tsi ɖo ta afi ma, ale be atsiaƒu la natrɔ zu tsi nyui. Eya ta teƒe ɖe sia ɖe si tsia de la, nuwo atsi agbe.
10
Ɖɔkplɔlawo anɔ atsiaƒua to tso En-Gedi va se ɖe En-Eglayim. Anye teƒe siwo woada ɖɔ ɖo. Eƒe tɔmelã vovovowo asɔ gbɔ kpaŋkpaŋ abe Atsiaƒu Gã la me lãwo ene.
11
Ke teƒe siwo nye siiwo kple táwo la matrɔ o, dze anɔ wo me.
12
Le tɔsisi la ƒe go eveawo dzi la, ati vovovo siwo tsea ku woɖuna la, anɔ anyi. Woƒe aŋgbawo mayrɔ loo, alo agbe kutsetse ɣeaɖekeɣi o. Ke woatse ku yeye ɣleti sia ɣleti. Elabe woƒe tsi tsa tso kɔkɔeƒe la. Woƒe kutsetsewo anye nuɖuɖu, eye woƒe aŋgbawo ayɔ dɔ.”
13
Aƒetɔ Mawu be: “Liƒo siwo dzi miama anyigba la atoe na Israel ƒe to wui eveawo be wòanye domenyinu na wo lae nye esiawo: Ele be Yosef naxɔ gome eve.
14
Ele be nàmae sɔsɔe na ame sia ame. Meka atam be matsɔe na mia tɔgbuiwo, eye anyigba sia azu miaƒe domenyinu.”
15
Anyigba la ƒe liƒo la anɔ ale: “Le dzigbeme lɔƒo la, atso Atsiaƒu Gã la nu ato Xetlon ava Xamat-mɔnu atɔ edzi va ɖo Zedad,
16
Berota, Sibrayim (si le Damasko kple Xamat ƒe liƒo dome) ayi keke Hazerhatikon, si le Xauran ƒe liƒo dzi.
17
Ale liƒo la atso ƒu la nu va ɖo Xazar-Enon, si le Damasko ƒe liƒo dzi le dzigbeme lɔƒo va ɖo Xamat ƒe dzigbeme liƒo dzi.”
18
“Le ɣedzeƒekpa dzi la, liƒo la alɔ ɖe enu tso Xazar-Enon ato Xauran kple Damasko dome. Azɔ Yordan-bali la ŋu ato Gilead kple Israel-nyigba la dome ayi aɖatu atsiaƒu la le ɣedzeƒe gome va se ɖe Tamar ke. Esia anye ɣedzeƒekpa dzi.”
19
“Le anyigbeme la, liƒo la atso Tamar ayi keke Meriba-Kades tsiwo gbɔ. Ekema atso afi ma ato Egipte-tɔʋu la ŋu ava tu Atsiaƒu Gã la. Esia anye anyigbemekpa dzi.”
20
“Le ɣetoɖoƒe lɔƒo la, Atsiaƒu Gã la anye liƒo va se ɖe teƒe si dze ŋgɔ Xamat. Esia anye ɣetoɖoƒekpa dzi.”
21
“Ale miama anyigba sia ɖe mia nɔewo dome ɖe Israel-toawo nu.
22
Miama anyigba la ɖe mia nɔewo dome abe domenyinu ene na mia ɖokui kple amedzrovi siwo le mia dome, eye wodzi viwo ɖe mia dome la. Woanɔ na mi abe Israelvi dzɔleaƒeawo ene. Woawo hã woaxɔ domenyinu abe miawo ke ene le Israel-toawo dome.
23
To si me amedzrovia le la, eya mee wòaxɔ eƒe domenyinu le.” Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.
← Chapter 46
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 48 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48