bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ezekiel 8
Ezekiel 8
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 9 →
1
Le ƒè adelia ƒe ɣleti adelia ƒe ŋkeke atɔ̃a gbe la, menɔ nye aƒeme kple Yuda-metsitsi siwo nɔ anyi dze ŋgɔm esime Aƒetɔ Mawu ƒe asi va dzinye.
2
Tete meda ŋku ɖi, eye kpɔ ɖa, mekpɔ nane si ɖi ame ƒe nɔnɔme. Le teƒe si ɖi eƒe ali ƒe anyi me la, nane li abe dzo ene, eye le eƒe ali ƒe dzime la, nane ɖi keklẽ si le dzo dam abe akɔbli ene.
3
Edo nane ɖa abe asi ene heku nye taɖa me. Gbɔgbɔ la kɔm ɖe ya me le anyigba kple dziƒo dome. Ekplɔm le Mawu ƒe ŋutega me va Yerusalem, va agbo emetɔ si dze ŋgɔ dzigbeme lɔƒo, afi si legba ʋãŋu si nana be woʋãa ŋu la le.
4
Kpɔ ɖa, Israel ƒe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe nɔ afi ma, abe ŋutega si mekpɔ le bali la me ene.
5
Tete wògblɔ nam be: “Amegbetɔ vi, trɔ mo ɖe dzigbeme nàfɔ mo dzi.” Mefɔ kɔ dzi kpɔ dzigbeme, eye kpɔ ɖa, le vɔsamlekpui la ƒe agbo la nu le eƒe dzigbeme la, legba ʋãŋu la le afi ma.
6
Egblɔ nam be: “Amegbetɔ vi, èkpɔ nu si wɔm wolea? Èkpɔ ŋunyɔnu gã si wɔm Israel-dukɔ la le, le afi sia be yewoatsɔ nyàm ɖa ʋĩi tso nye kɔkɔeƒe laa? Gake èle ŋunyɔnu siwo lolo wu esia la kpɔ ge.”
7
Ekplɔm va xɔxɔnu la ƒe mɔnu. Melé ŋku ɖe eŋu, eye kpɔ ɖa, do le gli la me.
8
Egblɔ nam be: “Amegbetɔ vi, ɖe do ɖe gli la me.” Esi meŋɔ glia la, kpɔ ɖa, ʋɔtru aɖe li.
9
Egblɔ nam be: “Ge ɖe eme ne nàkpɔ ŋunyɔnuvɔ̃ɖi siwo wɔm wole le afi sia la ɖa.”
10
Ale mege ɖe eme. Mekpɔ wota nuwo ɖe glia ŋu ƒo xlã; lã vovovo siwo tana, lã nyɔŋuwo kple Israel-dukɔ ƒe legbawo katã.
11
Israel-dukɔ ƒe ametsitsiwo dometɔ bla adrẽ le tsitre dze ŋgɔ wo. Yaazanya, Safan vi nɔ tsitre le wo dome. Ɖe sia ɖe lé eƒe sonu ɖe asi, eye lifidzudzɔ de dzi kɔtɔɔ.
12
Tete wògblɔ nam be: “Amegbetɔ vi, èkpɔ nu si wɔm Israel-dukɔ ƒe ametsitsiwo le le viviti me, ame sia ame kple eƒe nutatawo le eƒe xɔ mea? Elabe wole gbɔgblɔm be: ‘Aƒetɔ mele mía kpɔm o, Aƒetɔ gblẽ anyigba la ɖi.’ ”
13
Egagblɔ nam hã be: “Ègale ŋunyɔnu siwo lolo wu esiawo, siwo wɔm wole la kpɔ ge.”
14
Tete wòkplɔm va agbo si le Aƒetɔ ƒe aƒe ƒe dzigbeme la nu, eye kpɔ ɖa, nyɔnuwo nɔ anyi ɖe afi ma nɔ avi fam na Tamus.
15
Egblɔ be: “Amegbetɔ vi, èkpɔea? Ègale ŋunyɔnu siwo lolo wu esia la kpɔ ge.”
16
Ekplɔm va Aƒetɔ ƒe aƒe ƒe xɔxɔnu emetɔ me. Kpɔ ɖa, ŋutsu siwo anɔ ame bla eve vɔ atɔ̃ lɔƒo nɔ Aƒetɔ ƒe gbedoxɔ ƒe agbo nu. Wonɔ akpata la kple vɔsamlekpui la dome. Wotrɔ megbe de Aƒetɔ ƒe gbedoxɔ, eye wodze ŋgɔ ɣedzeƒe nɔ ɣe subɔm ɖo ɖe ɣedzeƒe gome.
17
Tete wògblɔ nam be: “Amegbetɔ vi, èkpɔea? Nu tsɛ wònye be Yuda-to nanɔ ŋunyɔnu siawo wɔm le afi sia vɔ tso, hafi agatsɔ ŋutasesẽ ayɔ anyigba la dzi be yewoagado dziku nam ɖe edzia? Kpɔ ɖa, wotsɔ gbe vɔ̃ɖi wuame le dodom ɖe ŋɔti nu.
18
Eya ta matsɔ dɔmedzoe atu nu kpli wo. Nyemaŋe aɖaba aƒu edzi, alo akpɔ nublanui o. Ne wofa avi do ɣli ɖe to me nam hã, nyemasee o.”
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 9 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48