bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ezekiel 23
Ezekiel 23
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 22
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 24 →
1
Aƒetɔ ƒe nya va nam be:
2
“Amegbetɔ vi, nyɔnu eve aɖewo, siwo nye nɔ ɖeka viwo la nɔ anyi kpɔ.
3
Wowɔ gbolo le Egipte; wowɔe le woƒe ɖetugbime. Wolé woƒe nowo le afi ma, eye wofanya asi ɖe aŋɔme na wo.
4
Tsitsitɔ ŋkɔe nye Ohola, eye woyɔa nɔvia nyɔnu be Oholiba. Wova zu tɔnye, eye wodzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo. Ohola woyɔna be Samaria, eye Oholiba nye Yerusalem.”
5
“Ohola wɔ gbolo esime wònye tɔnye, eye wòkúna ɖe eƒe ahiãvi siwo nye Asiriatɔwo,
6
aʋakalẽawo, esiwo do aɖabɛ blɔtɔ, anyigba dziɖulawo kple aʋakplɔlawo, siwo katã nye ɖekakpui dzeɖekɛwo kple sɔdola siwo le sɔwo dzi la dzi.
7
Etsɔ eɖokui na wo, wɔ gbolo kple Asiria ƒe ame tiatiawo katã. Egblẽ kɔ ɖo na eɖokui kple ame sia ame si dzi wòbe yeaku ɖo la ƒe legbawo katã.
8
Meɖe asi le eƒe gbolo si wòwɔ tso keke eƒe Egipte nɔnɔ ŋɔli la ŋu o. Elabe tso eƒe ɖetugbime kee ŋutsuwo nɔa egbɔ dɔm, fanyaa asi ɖe aŋɔme nɛ, eye wogblẽe kple woƒe fieŋufieŋu.
9
Eya ta meɖe asi le eŋu na eƒe ahiãviwo. Asiriatɔ siwo dzi wòbe yeaku ɖo la, ƒe asiwo me megblẽe ɖo.
10
Ame siawoe ɖe amae. Wolé via ŋutsuwo kple via nyɔnuwo dzoe. Wowu eya ŋutɔ kple yi, eye wòtrɔ zu kpɔdzidze le nyɔnuwo dome, esime wodrɔ̃ ʋɔnui, eye wohe to nɛ.”
11
“Nɔvia nyɔnu Oholiba kpɔ esia, gake eƒe gbolowɔwɔ kple kuku ɖe ŋutsuwo dzi vloe wu, eye wògblẽ eɖokui wu nɔvia.
12
Ebe yeaku ɖe Asiriatɔwo dzi, anyigba dziɖulawo, aʋakplɔlawo, kalẽtɔ siwo do aʋawu kloyii, sɔdola siwo le sɔ dzi, wo katã wonye ɖekakpui siwo dze ɖeka.
13
Mekpɔ be wode asi eŋu. Wo kple eve la siaa to mɔ ɖeka.
14
Ke eya ƒe gbolowɔwɔ gade dzi wu. Ekpɔ ŋutsuwo ƒe nɔnɔmetata le gli ŋu, Kaldeatɔwo ƒe nɔnɔme si wota kple nu dzĩ.
15
Alidziblanu le ali na wo, eye tablanu ʋlaya le wo ta. Wo katã woɖi aʋakplɔlawo, Babiloniatɔ siwo tso Kaldea la ƒe nɔnɔmetatawoe.
16
Esi wòkpɔ wo la, ɖeko wòbe yeaku. Tete wòdɔ ame ɖo ɖe wo le Kaldea.
17
Ale Kaldeatɔwo va ahiãxɔ le egbɔ, eye wogblẽe kple woƒe fieŋufieŋu. Esi wogblẽ kɔ ɖo nɛ vɔ la, woƒe nu gblẽ eŋu, eye wòtrɔ le wo gbɔ.
18
Esi wòwɔ gbolo alea ŋukpe manɔmee, eye ame sia ame kpɔ eƒe ama me la, eƒe nu ti kɔ nam, abe ale si megbe nɔvia nyɔnu lae ene.
19
Gake fifi boŋ wòvu ɖe gbolowɔwɔ ŋu wu tsã, esime wòɖo ŋku eƒe ɖetugbime gbolowɔwɔ le Egipte-nyigba dzi,
20
afi si wòkúna ɖe eƒe lɔlɔ̃tɔwo dzi le, ame siwo ƒe ŋutsuwo le abe tedziwo tɔ, eye woƒe tsi le abe sɔwo tɔ la ene.
21
Ale wò ɖetugbime hadzedze la ganɔa dzrowòm, esime Egiptetɔwo nɔa asi fam ɖe aŋɔme na wò, nɔa wò no gɔ̃eawo lém.”
22
Eya ta Oholiba, Aƒetɔ Mawu be: “Kpɔ ɖa, mana wò ahiãvi siwo katã ƒe nu gblẽ ŋuwò, eye nètrɔ le wo yome la naɖo nugbe ɖe ŋuwò. Makplɔ wo tso afi sia afi vɛ.
23
Babiloniatɔwo kple Kaldeatɔwo katã, Pekod, Soa kple Koa, Asiriatɔwo katã akpe ɖe wo ŋu, ɖekakpui siwo dze ɖeka, anyigba dziɖulawo, aʋakplɔlawo katã, asrafomegãwo kple kalẽtɔwo, ame siwo katã le sɔ dzi.
24
Woatso ɖe ŋuwò tso dzigbeme kple tasiaɖamwo, agbatsɔnuwo kpakple ame gbogbo aɖewo. Woaho ɖe ŋuwò to akpa sia akpa kple akpoxɔnu suetɔ kple gãtɔ kpakple gakuku. Matsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ ade asi na wo, eye woadrɔ̃ ʋɔnu wò ɖe woƒe sewo nu.
25
Maɖe nye dziku ɖe ŋuwò ne woatu nu kpli wò kple dziku. Woakpa to kple ŋɔti na wò. Viwò siwo tsi agbe la atsi yi nu. Woakplɔ viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuawo siaa adzoe, eye dzo afiã ame siwo susɔ la.
26
Woaɖe avɔ kple awuwo le ŋuwò, eye woatsɔ wò atsyɔ̃ɖonuwo adzoe.
27
Ale mawɔe be wò gbegblẽ kple gbolowɔwɔ si nètsɔ tso Egipte-nyigba dzi la natɔ ɖe afi ma. Màgaɖo ahiãmo ɖe Egiptetɔwo loo, alo aɖo ŋku wo dzi azɔ o.
28
Elabe Aƒetɔ Mawu be: Kpɔ ɖa, matsɔ wò ade asi na ame siwo nèlé fui, ame siwo gbɔ nèdzo le la.
29
Woatu nu kpli wò abe woƒe ketɔ ene. Woalɔ nu si katã nèwɔ dɔ kpɔ la adzoe. Woagblẽ wò ɖi nàtsi amama keŋkeŋ. Ale woaklo nu le wò gbolowɔwɔ dzi. Wò hadzedze kple gbolowɔwɔe
30
he nu sia va dziwò, elabe èwɔ gbolo kple dukɔwo, eye nètsɔ woƒe legbawo gblẽ kɔ ɖo na ɖokuiwò.
31
Nɔviwò nyɔnua ƒe afɔ nètsɔ. Eya ta eƒe kplu kee matsɔ de asi na wò.”
32
Aƒetɔ Mawu be: “Nɔviwò nyɔnua ƒe kplu si goglo eye wòlolo lae nàno; woako wò, aɖe alɔ me le ŋuwò, elabe nu ŋutɔe le eme;
33
aha muame kple nuxaxa ayɔ wò fũu. Ŋɔdzi kple akogotsitsie nye nɔviwò nyɔnu, Samaria, ƒe kplu la.
34
Ànoe akpɔ egɔme ƒiaƒiaƒia, ànɔ ɖa nyɔm na ɖokuiwò, eye àvuvu wò nowo; elabe Aƒetɔ Mawu be, nyee gblɔe.
35
Eya ta Aƒetɔ Mawu be: Esi nèŋlɔm be, eye nètsɔm ƒu gbe ɖe megbe ta la, xɔ wò hadzedze kple gbolowɔwɔ ƒe fetu.”
36
Aƒetɔ gblɔ nam be: “Amegbetɔ vi, àdrɔ̃ ʋɔnu Ohola kple Oholibaa? Ekema xlẽ ŋunyɔnu siwo wowɔ la fia wo.
37
Elabe wowɔ ahasi, eye ʋu bliba asi na wo. Wowɔ ahasi kple woƒe legbawo, eye wotsɔ vi siwo wodzi nam gɔ̃ hã sa vɔe na wo bene woaɖu.
38
Esi wogawɔ ɖe ŋunye wògbɔ emee nye be: Wogblẽ kɔ ɖo na nye kɔkɔeƒe la gbe ma gbe ke, eye wogblẽ kɔ ɖo na nye dzudzɔgbewo.
39
Elabe ne wowu wo viwo tsɔ sa vɔe na woƒe legbawo vɔ la, gbe ma gbe kee wovaa nye kɔkɔeƒe la be yewoagblẽ kɔ ɖo nɛ. Kpɔ ɖa, nu sia ƒomevi wowɔ le nye aƒeme.
40
Woɖo ame ɖe ŋutsuwo tso didiƒe gɔ̃ be woava. Wodɔ ame ɖo ɖe wo, eye kpɔ ɖa, wova. Woawo tae nèle tsi, ɖuɖu ŋku, eye nèɖo atsyɔ̃ na ɖokuiwò nyuie.
41
Nènɔ fiazikpui dzi, ɖo kplɔ̃ ɖe eŋu, eye nètsɔ nye lifi kple ami ɖo edzi.
42
Ameha siwo metsɔ ɖeke le naneke me o la nɔ ɣli dom hoo. Ŋutsu ahanomunɔ aɖewo, esiwo wokplɔ tso gbedadaƒo la hã nɔ anyi. Wodo alɔnuga na nyɔnuawo, eye woɖɔ fiakuku nyuiwo na wo.”
43
“Tete mebia be, ɖe ŋutsu siawo metrɔ zu ahasitɔwo fifia esi wole gbolo wɔm kplii oa?
44
Elabe ɖeko wole wo gbɔ dɔm abe ale si ŋutsuwo dɔa gbolowo gbɔe ene. Ale wotsona le Ohola gbɔ yia Oholiba gbɔ le woƒe fieŋufieŋu ta.
45
Gake ŋutsu siwo wɔa nu dzɔdzɔe la, ava drɔ̃ ʋɔnu wo ɖe gbolowo kple nyɔnu siwo kɔ ʋu ɖi ƒe se nu. Elabe ahasitɔwo wonye, eye ʋu bliba asi na wo.”
46
Elabe Aƒetɔ Mawu be: “Miyɔ amehawo ɖe wo ŋu, mina woado ŋɔdzi na wo, eye woazu nu si woaha.
47
Amehawo aƒu kpe wo, eye woadza wo kple woƒe yiwo. Woawu wo viŋutsuviawo kple wo vinyɔnuviawo, eye woatɔ dzo woƒe aƒewo.
48
Ale matsi fieŋufieŋu nu le anyigba la dzi, ne wòazu kpɔdzidze na nyɔnuwo katã be womaganɔ ahasigbe sia ƒomevi abe miawo ene o.
49
Miaxɔ yakagbe si mienɔ la ƒe fetu, eye woahe to na mi le ale si miewɔ nuvɔ̃ hesubɔ legbawo la ta, eye miadze sii be nyee nye Aƒetɔ Mawu.”
← Chapter 22
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 24 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48