bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ezekiel 36
Ezekiel 36
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 35
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 37 →
1
“Azɔ wò amegbetɔ vi, ɖe gbeƒã ɖo ɖe Israel-towo, eye nàgblɔ be: Mi Israel-towo, mise Aƒetɔ ƒe gbe.
2
Aƒetɔ Mawu be: Esi futɔ la gblɔ le ŋuwò be: ‘Ehɛ̃! Azɔ blema kɔkɔƒeawo va trɔ zu mía tɔ’
3
ta la, ɖe gbeƒã, eye nàgblɔ be, Aƒetɔ Mawu be: Elabe le nyateƒe me la, wowɔ mi aƒedoe, eye wogbã mi le goawo katã me. Ale miezu dukɔ mamlɛawo katã tɔ, eye mietrɔ zu amewo katã ƒe alɔmeɖenu. Wole mia ŋu nya gblɔm, le liʋiliʋĩ lĩm le mia ŋu.
4
Eya ta mi Israel-towo, mise Aƒetɔ Mawu ƒe nya: Aƒetɔ Mawu gblɔ ɖo ɖe towo kple togbɛwo, baliwo kple agatowo, aƒedo siwo zu glikpowo, du ƒuƒlu siwo me ame sí dzo le, eye wozu nuhaha. Du siwo katã trɔ zu kokoe na dukɔ mamlɛ siwo ƒo xlã wo godoo la.
5
Eya ta Aƒetɔ Mawu be: Maƒo nu kple ŋuʋaʋã xɔdzo la atsi tre ɖe dukɔ mamlɛawo ŋu, ɖe Edom katã ŋu, ame siwo tsɔ nye anyigba wɔ wo ɖokui tɔe kple dzidzɔ blibo, ame makpɔɖenanekemetɔe, ale be woawɔe wòazu wo tɔ, eye woahae.
6
Eya ta ɖe gbeƒã na Israel-nyigba, eye nàgblɔ na towo kple togbɛwo, agatowo kple baliwo be, Aƒetɔ Mawu be: Kpɔ ɖa, meƒo nu kple ŋuʋaʋã le dɔmedzoe me, elabe miekpe fu le dukɔwo ƒe ŋukpedoame me.
7
Eya ta Aƒetɔ Mawu be: Mele atam kam be dukɔ siwo ƒo xlã wò la ŋutɔe aɖu ŋukpe.”
8
“Ke mi Israel-towo, miaɖe alɔwo, eye miatse ku na nye dukɔ Israel. Elabe woagbɔ va aƒe kpuie.
9
Elabe kpɔ ɖa, meli na mi, eye matrɔ ɖe mia ŋu, eye woade agble ɖe mia dzi, aƒã nu ɖe mia dzi.
10
Mana Israel-dukɔ blibo la katã ƒe amewo nadzi ɖe anyigba la katã dzi. Amewo anɔ duawo me, eye woagbugbɔ aƒedowo atso.
11
Mana amewo kple gbemelãwo nadzi ɖe mia dzi. Woadzi akeke ta, eye mana amewo nanɔ mia dzi abe tsã ene. Mana eme nanyo na mi wu tsã gɔ̃ hã. Ekema miadze sii be, nyee nye Aƒetɔ.
12
Le nyateƒe me la, mana amewo, nye dukɔ Israel gɔ̃, nazɔ mia dzi. Woaxɔ wò, eye nànye woƒe domenyinu, eye màgana wo viwo naku azɔ o.
13
Aƒetɔ Mawu be: Elabe amewo gblɔ na wò be: ‘Èɖua amelã, eye nènana be ɖeviwo kuna na wò dukɔ,’
14
eya ta màgaɖu amelã azɔ o, eye màgana ɖeviwo naku na wò dukɔ la azɔ o. Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.
15
Nyemagana nàgase dukɔwo ƒe alɔmeɖeɖe le ame ŋu azɔ o. Màgatsɔ dukɔwo ƒe ŋukpedoamegba azɔ o, eye màgana wò dukɔ la nakli nu azɔ o.” Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.
16
Aƒetɔ ƒe nya va nam be:
17
“Amegbetɔ vi, esi Israel-dukɔ la nɔ woƒe anyigba dzi la, wogblẽ kɔ ɖo nɛ kple woƒe zɔzɔme kple nuwɔnawo. Woƒe nɔnɔme nɔ le ŋkunye me abe nyɔnu ƒe makɔmakɔ le eƒe dzinukpɔɣi ene.
18
Eya ta metrɔ nye dɔmedzoe kɔ ɖe wo dzi, le ʋu si wokɔ ɖe anyigba la dzi kple legba siwo wotsɔ gblẽ kɔ ɖo nɛ la ta.
19
Mekaka wo ɖe dukɔwo dome, eye wokaka ɖe anyigbawo dzi. Medrɔ̃ ʋɔnu wo ɖe woƒe nɔnɔme kple nuwɔna nu.
20
Ke esi wova dukɔwo dome la, afi sia afi si woyi la, wogblẽ kɔ ɖo na nye ŋkɔ kɔkɔe la. Ale be amewo gblɔ le wo ŋuti be: ‘Ame siawoe nye Aƒetɔ ƒe dukɔ; ke hã la, ele na wo be woaʋu tso eƒe anyigba dzi.’
21
Ke metsi dzi ɖe nye ŋkɔ kɔkɔe si Israel-dukɔ la na wogblẽ le dukɔ siwo dome wova la ta.”
22
Eya ta gblɔ na Israel-dukɔ la be, Aƒetɔ Mawu be: “Israel-dukɔ, menye miawo tae mebe mawɔ nu sia ɖo o. Ke boŋ nye ŋkɔ kɔkɔe si miegblẽ le dukɔ siwo dome mieva la tae.
23
Mana nye ŋkɔ gã la ƒe ŋutikɔkɔe si gblẽ le dukɔwo dome la nadzé, ŋkɔ si mieɖu kɔ na le wo dome la. Ale dukɔwo nadze sii be, nyee nye Aƒetɔ. Aƒetɔ Mawu ye gblɔe, nenye be mekɔ ɖokuinye ŋu to mia dzi le wo ŋkume.
24
Elabe makplɔ mi tso dukɔwo dome, eye maƒo mia nu ƒu tso anyigbawo katã dzi, eye makplɔ mi ava miawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi.
25
Mahlẽ tsi dzadzɛ ɖe mia ŋu, eye miaƒe nu makɔmakɔwo katã aɖe ɖa. Maklɔ miaƒe legbawo katã ɖa le mia ŋu.
26
Mana dzi yeye mi, eye made gbɔgbɔ yeye mia me. Maɖe kpedzi ɖa le mia me atsɔ lãkusidzi na mi.
27
Matsɔ nye gbɔgbɔ ade mia me, eye mawɔe be miazɔ ɖe nye ɖoɖowo nu kple nye sewo dzi pɛpɛpɛ.
28
Mianɔ anyigba si metsɔ na mia tɔgbuiwo la dzi. Mianye nye dukɔ, eye nye la manye mia Mawu.
29
Maɖe mi tso miaƒe makɔmakɔnyenyewo katã me. Mana bli nado, asɔ gbɔ kpaŋkpaŋ, eye nyemana dɔ nawu mi o.
30
Mana atikutsetsewo kple agblemenukuwo nadzi ɖe edzi ale be dɔwuame magado ŋukpe mi le dukɔwo dome azɔ o.
31
Ekema miaɖo ŋku miaƒe mɔ vɔ̃ siwo dzi miezɔ va yi la kple nu manyomanyo siwo miewɔ la dzi. Mia ɖokui anyɔ ŋu na mi le nuvɔ̃ɖi siwo miewɔ kple miaƒe ŋunyɔnuwo ta.
32
Aƒetɔ Mawu be menyae be menye miawo tae mele ewɔ ge ɖo o. Israel-dukɔ, ŋu nekpe mi, miaƒe mo neyi to le miaƒe zɔzɔme la ta.”
33
Aƒetɔ Mawu be: “Gbe si gbe makɔ mia ŋu tso miaƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔwo katã me la, mawɔe be ame nanɔ duawo me, eye woagbugbɔ aƒe gbagbãwo atu.
34
Anyigba si nye gbegbe le ame siwo tsoa eme yina la ŋkume la azu agbledeƒe ɖe gbegbe teƒe.
35
Woagblɔ be: ‘Anyigba si nye gbegbe kpɔ la va zu abe Eden-bɔ ene, eye aƒedo kple gbegbe kpakple du gbagbãawo va zu ame nɔƒe kple du sesẽwo.’
36
Ekema dukɔ siwo ƒo xlã wo godoo la ava dze sii be, nye Aƒetɔ ye, nyee gbugbɔ du siwo wogbã la tso, eye mede agble ɖe teƒe si nye gbegbe la. Nye Aƒetɔ lae gblɔe, eye mawɔe.”
37
Aƒetɔ Mawu be: “Maɖe mɔ be Israel-dukɔ nabiam nu sia hã, eye mawɔe na wo; ne mana woƒe amewo nadzi asɔ gbɔ abe alẽhawo ene.
38
Abe alẽha siwo wotsɔna saa vɔe, abe alẽhawo le Yerusalem le ŋkekenyuiwo ɖuɣi ene la, nenemae amehawo ayɔ du siwo zu aƒedo la mee. Ekema woadze sii be, nyee nye Aƒetɔ.”
← Chapter 35
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 37 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48