bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ezekiel 27
Ezekiel 27
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 26
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 28 →
1
Aƒetɔ ƒe nya va nam be:
2
“Azɔ wò amegbetɔ vi, dzi aviha na Tiro,
3
eye gblɔ na Tiro, du si le atsiaƒu nu, si tsaa asi kple ƒutadukɔ geɖewo la be, Aƒetɔ Mawu be: Ao Tiro, ègblɔ be: ‘Medze tugbe ŋutɔŋutɔ.’
4
Wò liƒowo le atsiaƒu titina. Ame siwo tsò wò la na nèdze tugbe ale gbegbe.
5
Sesewuʋuƒowo tso Senir wotsɔ kpa wòe. Lebanon-sedertie wotsɔ wɔ wò abalati.
6
Wotsɔ fɔfɔlĩ tso Basan kpa wò akɔfawoe. Wodo atsyiã ɖe mewò kple kpomi tso Kipro-ƒukpowo dzi. Wotsaka kpomi la kple nyiɖu.
7
Wò abala nye aklala si tso Egipte. Wolɔ̃ nu ɖe eto atsyiãtɔe; aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ tso Elisa-ƒukpowo dzi, woawoe wɔ wò xɔnugbadɔ viwo.
8
Sidontɔwo kple Arvaditɔwoe kua wò ʋu la. Wò Tiro ŋutɔ ƒe ame siwo dze aɖaŋu ŋutɔe ɖoa kuɖɔ na wò ʋu la.
9
Ametsitsi siwo tso Gebal kple eƒe aɖaŋuwɔlawo nɔa mewò. Woawoe nɔa wò gbagbãƒewo trem. Atsiaƒudziʋuwo kple wo me nɔlawo katã gena ɖe mewò be woaɖɔli adzɔnuwo kpli wò.”
10
“Persia, Lud kple Put tɔwoe nye aʋawɔla siwo nɔa wò aʋakɔwo dome. Wotsɔa akpoxɔnuwo kple gakukuwo kua nu le mewò. Woawoe na nèxɔ ŋkɔ.
11
Arvad kple Helex ŋutsuwoe nɔ wò gliwo dzi va kpe ɖo, eye Gamad-ŋutsuwo de wò xɔ tsralawo dzi. Wotsɔ woƒe akpoxɔnuwo ku wò gliwo ŋu ƒo xlã. Wowɔ wò dzedzeme wònyakpɔ ŋutɔŋutɔ.”
12
“Tarsis tsa asi kpli wò le wò kesinɔnu vovovo siwo sɔ gbɔ la ta. Klosalo, ga yibɔ, ga ɣi kple tsumi woe wotsɔna ɖɔlia wò adzɔnuwoe.
13
Yavan, Tubal kple Mesex tsa asi kpli wò. Wotsɔ amewo kple akɔblinuwo va ɖɔli wò adzɔnuwo.
14
Bet-Togarmatɔwo va ɖɔlia wò adzɔnuwo kple sɔwo, aʋawɔsɔwo kple tedzisɔwo.
15
Rodetɔwo tsa asi kpli wò. Ƒutanyigba geɖewo nye wò ŋutɔ wò asitsaƒe tɔxɛwo. Wotsɔ nyiɖu kple keyi va xe fe na wò.
16
Edom tsa asi kpli wò le wò adzɔnu gbogboawo ta. Wotsɔ adzagba, aɖabɛ dzĩtɔ, avɔ siwo to wotsɔ ka ŋɔŋɔewo lɔ̃ nu ɖo, aklala, soe kple gbloti va ɖɔli wò adzɔnuwo.
17
Yuda kple Israel-nyigba la tsa asi kpli wò. Wotsɔ lu, amiti tsetse, gbo tsetse gbãtɔwo, anyitsi, ami kple lifi va ɖɔlia wò adzɔnuwo.
18
Damasko tsa asi kpli wò le wò adzɔnu gbogboawo ta, le kesinɔnu vovovo siwo sɔ gbɔ la ta. Wotsɔ wain tso Xelbon kple alẽfu ɣiwo,
19
kpakple wain tso Usal, ga yibɔ si woté, kotoklobo kple gbekee va ɖɔli adzɔnuawo.
20
Dedan tsɔ sɔkpa kple avɔ si woɖona ɖe sɔ dzi la va tsa asi kpli wò.
21
Arabiatɔwo kple amegãwo katã tso Kedar nye wò asitsala siwo gbɔ melɔ̃a nu le o. Woawoe tsɔa alẽviwo, agbowo kple gbɔ̃wo va tsaa asi kpli wò.
22
Asitsalawo tso Saba kple Ragma tsa asi kpli wò. Wotsɔ atike nyuitɔ vovovowo, kpe xɔasiwo kple sika va ɖɔ li wò adzɔnuwoe.
23
Xaran, Kane, Eden, Asiria kple Kilmad tsa asi kpli wò.
24
Ame siawo tsɔ nudodo tɔxɛwo, avɔ blɔtɔwo kple esiwo to wolɔ̃ nu ɖo kple ka ŋɔŋɔewo, kuntru siwo wode ama vovovowo, mli ka ɖe wo to, eye woɖoa wo ɖe anyigba la, va tsa asi kpli wò.
25
Tarsis-ʋuwoe ku wò adzɔnuwo na wò. “Ale be nukpɔkpɔwo do agbogbo ɖe dziwò le atsiaƒu titina.
26
Wò ʋukulawo ku wò yi atsiaƒu dzi ʋĩi. Ɣedzeƒeya gbã wò le atsiaƒu titina.
27
Wò kesinɔnuwo, wò asitsanuwo, wò adzɔnuwo, wò ʋukulawo, wò kuɖɔɖolawo, wò gbagbãƒetrelawo, ame siwo tsaa asi kpli wò kple wò aʋawɔla siwo katã le mewò kpakple ame gbogbo siwo katã le mewò la, nyrɔ ɖe atsiaƒu titina gbe si gbe nètsrɔ̃ la.
28
Wò kuɖɔɖolawo ƒe ɣlidodo ana agbleta nadzo kpèkpekpe,
29
eye atablukulawo katã ado le woƒe ʋuwo me. Ʋukulawo kple kuɖɔɖola siwo katã nɔa atsiaƒu dzi la, do go va tsi tsitre ɖe ƒua ta.
30
Wodo ɣli lélele le tawò, eye wofa avi hehehe. Wolɔ ke kɔ ɖe tame, eye womli le dzowɔ me.
31
Wolũ ta kokoe le tawò, eye wota akpanya. Woƒe luʋɔ se veve fa avi, eye woxa nu vevie.
32
Esi wole avia fam la, wodzi aviha na wò, eye wofa konyi le tawò be: ‘Ame ka koŋ ye tsrɔ̃ le atsiaƒu titina kpɔ abe Tiro ene?
33
Esi wò adzɔnuwo ɖi go tso ƒuwo dzi la, èna dukɔ geɖewo ɖi ƒo. Ètsɔa wò kesinɔnu gbogboawo kple adzɔnuwo na anyigba dzi fiawo zu kesinɔtɔwo.
34
Ke fifia la, atsiaƒu gbã wò gudugudu ɖe tɔ ƒe gogloƒe; wò adzɔnuwo kple ame siwo katã le mewò la, nyrɔ kpli wò.
35
Wò nu wɔ nublanui na ƒutanɔlawo katã, vɔvɔ̃ ɖo woƒe fiawo ale gbegbe; wofiã ŋkume sũu.
36
Asitsalawo tso dukɔwo dome fa na wò be: Wò nuwuwu dzi ŋɔ ŋutɔ, eye màganɔ anyi akpɔ o.’ ”
← Chapter 26
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 28 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48