bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ezekiel 10
Ezekiel 10
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 11 →
1
Tete meda ŋku ɖi, eye kpɔ ɖa, nane dze le dziŋgɔli si keke ɖe kerubiawo tame abe gbloti ene; eɖi fiazikpui ƒe nɔnɔme.
2
Egblɔ na ŋutsu si do aklalawu la be: “Yi afɔti siwo le totrom le kerubiawo gɔme la to me; ku dzokawo ɖe wò asiwo me tso kerubiawo dome nahlẽ ɖe dua me.” Mekpɔe wòyi.
3
Azɔ kerubiawo nɔ gbedoxɔ la ƒe anyigbeme hafi ŋutsua ge ɖe xɔ la me. Alilikpo aɖe va xɔ xɔxɔnu emetɔ la me keŋ.
4
Tete Aƒetɔ ƒe ŋutikɔkɔe ho dzo le kerubiawo dzi tso xɔa ƒe kpui nu. Alilikpoa yɔ xɔ la taŋ, eye Aƒetɔ ƒe ŋutikɔkɔe ƒe keklẽ la xɔ xɔxɔnu la katã.
5
Wose kerubiawo ƒe aʋalawo ƒe ɖiɖi le keke xɔxɔnu kɔtotɔ ke abe ale si Aƒetɔ, Ŋusẽkatãtɔ la ƒe gbe ɖina ne wòle nu ƒom la ene.
6
Esi wòɖe gbe na ŋutsu si do aklalawu la be: “Yi nàɖe dzo le tasiaɖamfɔ siwo le totrom le kerubiawo dome” la, eyi ɖatsi tsitre ɖe afɔa ɖeka gbɔ.
7
Kerubi ɖeka do asi ɖa tso kerubiawo dome ɖe dzo si le kerubiawo dome la me. Eku dzoka la ƒe ɖe kɔ ɖe ŋutsu si do aklalawu la ƒe asiwo me. Exɔ dzoka la, eye wòdo go.
8
Kerubiawo dzé abe amegbetɔ ƒe asie le woƒe aʋalawo te ene.
9
Esi melé ŋku ɖe wo ŋu la, kpɔ ɖa, tasiaɖamfɔ ene nɔ kerubiawo xa; ɖeka nɔ kerubi ɖe sia ɖe gbɔ. Afɔawo nɔ dzo dam abe adzagba ene.
10
Dzedzeme ɖeka li na wo ame eneawo katã. Edze abe ɖe afɔ ɖeka le nɔvia me ene.
11
Ne wole yiyim la, wozɔna ɖe woƒe axa eneawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi, eye wometrɔna o. Afi si ŋgɔgbetɔ ɖo tae la, afi mae wo katã woyina eye wometrɔna ne wole azɔli dzi o.
12
Toga li na afɔ eneawo eye kekemegati lɛlɛlɛwo le wo si. Ŋkuwo le togaawo ŋu ƒo xlã godoo.
13
Mese wona ŋkɔ afɔawo be yalifɔwo.
14
Wo dometɔ ɖe sia ɖe to mo ene: Gbãtɔ nye kerubi ƒe mo, evelia nye amegbetɔ ƒe mo, etɔ̃lia nye dzata ƒe mo, eye enelia nye hɔ̃ ƒe mo.
15
Kerubiawo dzo yi ya me. Woawoe nye nu gbagbe siwo mekpɔ le Kebar-tɔsisi la to.
16
Ne kerubiawo le zɔzɔm la, afɔawo hã zɔna le wo xa. Ne kerubiawo dzo yi ya me tso anyigba la, afɔawo metena ɖa le wo xa o.
17
Ne wotɔ la, afɔawo hã tɔna, eye ne wodzo yi ya me la, woawo hã wodzona yia ya me kpli wo. Elabe nu gbagbeawo ƒe gbɔgbɔ nɔ wo me.
18
Tete Aƒetɔ ƒe ŋutikɔkɔe dzo le xɔ la ƒe kpui nu heyi ɖanɔ kerubiawo tame.
19
Kerubiawo ƒo aʋala hedzo yi ya me tso anyigba esime menɔ wo kpɔm wonɔ dzodzom. Afɔawo nɔ wo ŋu, eye woyi ɖatɔ ɖe Aƒetɔ ƒe aƒe la ƒe ɣedzeƒegbo nu, eye Israel ƒe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la nɔ wo tame.
20
Esiawoe nye nu gbagbe siwo mekpɔ le Israel ƒe Mawu la te le Kebar-tɔsisi to, eye menya be kerubiwo wonye.
21
Ɖe sia ɖe to mo ene kple aʋala ene, eye nane ɖi amegbetɔ ƒe asi nɔ aʋalawo te.
22
Woƒe mo ɖi mo siwo mekpɔ le Kebar-tɔsisi la to tututu. Ɖe sia ɖe ɖo ta ŋgɔ tẽe.
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 11 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48