bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ezekiel 13
Ezekiel 13
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 12
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 14 →
1
Aƒetɔ ƒe nya va nam be:
2
“Amegbetɔ vi, ɖe gbeƒã ɖe Israel ƒe gbeƒãɖelawo ŋu, ɖe gbeƒã na ame siwo tsɔ woawo ŋutɔ ƒe susu ko le gbeƒã ɖemee la be: ‘Mise Aƒetɔ ƒe nya!’
3
Aƒetɔ Mawu be: Baba na gbeƒãɖela movitɔ siwo mekpɔ naneke hafi kplɔ woawo ŋutɔ ƒe gbɔgbɔ ɖo o!
4
Israel, wò gbeƒãɖelawo le abe abeiwo le glikpowo dzi ene.
5
Mimexe miaƒe gbagbãƒewo, alo ɖo Israel-dukɔ la ƒe gliwo be wòate ŋu anɔ te le aʋa me le Aƒetɔ ƒe ŋkeke la dzi o.
6
Woƒe gbeƒãɖeɖe mele eteƒe o, eye nu si wokpɔ la nye alakpa. Wobe: ‘Aƒetɔ be’; evɔ Aƒetɔ medɔ wo hafi o, eye wole mɔkpɔkpɔ me be awɔ yewoƒe nya dzi.
7
Ɖe menye kpɔfuflu miekpɔ, eye mieɖe gbeƒã alakpanya ɣe sia ɣi si miebe: ‘Aƒetɔ be’, evɔ nyemeke nu oa?”
8
Eya ta Aƒetɔ Mawu be: “Esi miegblɔ ameflunya, eye miekpɔ alakpaŋutegawo la, eya ta kpɔ ɖa, metsi tre ɖe mia ŋu. Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.
9
Nye asi atso ɖe gbeƒãɖela siwo flua ame, eye woƒe nukpɔkpɔ nye alakpa la ŋu. Womanɔ nye dukɔ ƒe adaŋudeha me loo, alo woaŋlɔ wo ŋkɔ ɖe Israel-dukɔ ƒe ŋkɔgbalẽ me loo, alo ade Israel-nyigba dzi o; ne woadze sii be, nyee nye Aƒetɔ Mawu.
10
Elabe le nyateƒe me la, woawoe kplɔ nye dukɔ la trae hegblɔ be: ‘Ŋutifafa li’, esime ŋutifafa aɖeke meli o. Elabe ne dukɔa ɖo gli la, gbeƒãɖela siawo sia akalo nɛ.
11
Gblɔ na ame siwo si akalo la be glia le mumu ge. Tsi gã adza, tsikpe gãwo adza, eye ahom atu.
12
Ne glia mu la, ɖe womabia be: ‘Afi ka miaƒe akalo si miesi la le oa?’
13
Eya ta Aƒetɔ Mawu be: ‘Mado dɔmedzoe ana ahom atu, eye tsi gã adza le nye dziku me, eye mado dɔmedzoe ana tsikpe gãwo nadza ne nu nagblẽ.
14
Mamu gli si miesi akalo na la, atutui aƒu anyi, eye eƒe gɔmeɖokpe natsi go. Ne emu la, miatsi eme, eye miadze sii be, nyee nye Aƒetɔ.
15
Aleae maɖe nye dziku ɖe gli la kple ame siwo si akalo nɛ la ŋui. Magblɔ na mi be gli la kple ame siwo si akalo la nɛ siaa megali o.
16
Israel ƒe gbeƒãɖelawo ɖe gbeƒã ɖe Yerusalem ŋu, eye wokpɔ ŋutifafaŋutega tso eŋu, esime ŋutifafa meli o hafi.’ ” Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.
17
“Azɔ, wò amegbetɔ vi, trɔ mo ɖe wò dukɔ me nyɔnuviwo ŋu, ame siwo ɖea gbeƒã woawo ŋutɔ ƒe susuwo la ŋu.
18
Gblɔ na wo be, Aƒetɔ Mawu be: Baba na ame siwo saa dzoka ɖe woƒe alɔnu, eye wotsyɔ nu ta kple ŋkume na ɖeviwo kple tsitsiawo be yewoatsɔ lé luʋɔwoe! Ɖe mialé nye dukɔmeviwo ƒe luʋɔ, be luʋɔ bubuwo natsi agbe ne miakpɔ viɖea?
19
Miegblẽ kɔ ɖo nam le nye dukɔ la ŋkume le lu asiʋlo ɖeka kple abolo kakɛ ta. Miewu ame siwo medze na ku o, eye miegblẽ esiwo dze na ku la ɖi to alakpa si mieda na nye dukɔ, si ɖoa to alakpanya la me.”
20
Eya ta Aƒetɔ Mawu be: “Kpɔ ɖa, metso ɖe miaƒe dzoka siwo mietsɔna léa luʋɔwoe la ŋu. Matso wo le miaƒe alɔnu, eye maɖe ga luʋɔ siwo mielé abe xevi ene la.
21
Maɖe avɔ siwo mietsyɔ ta kple mo la hã ɖa, eye maɖe nye dukɔ tso mia si me, eye womaganye nuléle le mia si me azɔ o. Ekema miadze sii be, nyee nye Aƒetɔ.
22
Elabe mietsɔ alakpa ɖe dzi le nu dzɔdzɔe wɔla ƒo, togbɔ be nyemeɖe dzi le eƒo hafi o hã. Miede dzi ƒo na nuvɔ̃wɔla be negatrɔ tso eƒe mɔ vɔ̃ dzi ne wòatsi agbe o.
23
Eya ta miagakpɔ amefluŋutegawo azɔ loo, alo aka nu o. Maɖe nye dukɔ tso mia si me. Ekema miadze sii be, nyee nye Aƒetɔ.”
← Chapter 12
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 14 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48