bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ezekiel 34
Ezekiel 34
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 33
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 35 →
1
Aƒetɔ ƒe nya va nam be:
2
“Amegbetɔ vi, ɖe gbeƒã ɖe Israel ƒe alẽkplɔlawo ŋu. Ɖe gbeƒã, gblɔe na wo, gblɔ na alẽkplɔlawo gɔ̃ hã be, Aƒetɔ Mawu be: Ao, Israel ƒe alẽkplɔlawo, mia ɖokui ko nyim miele ɖe! Ɖe medze be alẽkplɔlawo nanyi woƒe alẽwo oa?
3
Mieɖu lãmiwo, mietsɔ lãfu tɔ awui do, miewu lã damiwo. Ke miegbe alẽawo nyinyi.
4
Miedo ŋusẽ lã siwo gbɔdzɔ la o. Mieda gbe le esiwo dze dɔ la ŋu o. Miebla ataŋeŋetɔwo ƒe atawo na wo o. Mietrɔ esiwo tra mɔ la va lãkpɔ me o. Miedi esiwo bu la o. Ke mietsɔ dzizizi kple ŋutasesẽ ɖu wo dzii.
5
Ale woka wo hlẽ, elabe kplɔla mele wo ŋu o. Wozu nuɖuɖu na gbemelãwo katã.
6
Woka nye alẽawo hlẽ; wotsa tsa glãla le towo katã kple togbɛwo keŋ dzi. Woka nye alẽawo hlẽ ɖe anyigba ɖe sia ɖe dzi. Ame aɖeke meli si abia wo ta se ahayi wo di ge o.”
7
“Eya ta mi alẽkplɔlawo mise Aƒetɔ ƒe gbe:
8
Aƒetɔ Mawu be: Zi ale si mele agbe la, esi nye alẽawo zu nuléle kple nuɖuɖu na lã wɔadãwo elabe alẽkplɔla aɖeke mele wo si o, eye esi nye alẽkplɔlawo medi nye alẽawo o, gake alẽkplɔlawo nyi wo ɖokui hegbe nye alẽawo nyinyi ta la,
9
mi alẽkplɔlawo, mise Aƒetɔ ƒe gbe:
10
Aƒetɔ Mawu be: Kpɔ ɖa, metso ɖe alẽkplɔlawo ŋu, eye mabia nye alẽawo ƒe akɔnta tso wo si me, eye mana woadzudzɔ nye alẽawo nyinyi. Alẽkplɔlaawo magakpɔ wo ɖokui dzi azɔ o. Maɖe nye alẽawo le woƒe nu me, be womaganye woƒe nuɖuɖu azɔ o.”
11
Elabe Aƒetɔ Mawu be: “Kpɔ ɖa, nye, nye ŋutɔ madi nye alẽwo, eye mati mɔ na wo.
12
Abe ale si alẽkplɔla dia eƒe alẽwoe nenye be wo dometɔ aɖewo kaka ɖe gbedzi ene la, nenemae madi nye alẽwoe, eye maɖe wo tso teƒe siwo katã wokaka ɖo le blukɔ kple tsizidogbe.
13
Makplɔ wo tso dukɔwo dome, eye maƒo wo nu ƒu tso anyigbawo dzi. Makplɔ wo va woawo ŋutɔ denyigba dzi, anyi wo le Israel ƒe towo dzi le tsi dzidziwo gbɔ kple toƒe siwo katã nye amenɔƒewo le anyigba la dzi.
14
Manyi wo le lãnyiƒe nyuiwo, eye Israel ƒe to kɔkɔwo tame anye woƒe gbeɖuƒewo. Afi mae woamlɔ bɔkɔɔ le gbeɖuƒe siwo nyo, eye woaɖu gbe siwo dama la le Israel ƒe towo dzi.
15
Nye ŋutɔ manye nye alẽawo kplɔla. Mana woatsyɔ akɔ ɖi kpoo. Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.
16
Madi esiwo bu la, eye esiwo tra mɔ la, makplɔ wo va kpɔ me. Esiwo ƒe ata ŋe la, mablae na wo, eye mado ŋusẽ esiwo gbɔdzɔ la. Makpɔ esiwo da ami kple esiwo ŋu ŋusẽ le la ta. Manyi wo kple ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe.”
17
Aƒetɔ Mawu be: “Kpɔ ɖa, mi ame siwo nye nye alẽha la, madrɔ̃ ʋɔnu le alẽ kple alẽ dome, le agbo kple gbɔ̃tsu dome.
18
Ɖe menyo na mi be mieɖu gbe le gbeɖuƒe nyui o tae, mienya avuzi le miaƒe gbe mamlɛawo dzia? Alo ɖe medze mia ŋu be mieno tsi zɔzrɔ̃e o tae, mieblu miaƒe tsi mamlɛa kple miaƒe afɔwoa?
19
Ɖe wòle be nye alẽwo naɖu gbe siwo mietugu kple afɔ, eye woano tsi si mieblu kple miaƒe afɔwoa?”
20
Eya ta Aƒetɔ Mawu be: “Kpɔ ɖa, nye, nye ŋutɔ madrɔ̃ ʋɔnu le alẽ dami kple alẽ ɖiku dome.
21
Esi mieɖo ŋui lã kudɔewo kple abɔgba, tu dzo wo, va se ɖe esime mienya wo de gbe la,
22
eya ta maxɔ na nye alẽha la, ale be womaganye nuléle azɔ o. Madrɔ̃ ʋɔnu le alẽ kple alẽ dome.
23
Matsɔ alẽkplɔla ɖeka, nye dɔla David, aɖo wo nu, eye eyae anyi wo: Akpɔ wo ta, eye wòanye woƒe alẽkplɔla.
24
Nye Aƒetɔ, manye woƒe Mawu, eye nye dɔla David anye amegã le wo dome. Nye Aƒetɔ ye ƒo nu.”
25
“Mabla ŋutifafa nu kpli wo, eye manyà lã wɔadãwo katã ɖa le anyigba la dzi. Ale be woanɔ dedie le gbegbe, eye woatsi avewo me adɔ.
26
Mayra wo kple teƒe siwo ƒo xlã nye togbɛ la. Mana agbafie nadza na wo ɖe ɣeyiɣi dzi. Yayragbafie wòanye adza.
27
Gbemetiwo atse ku, eye anyigba awɔ nu, amewo anɔ dedie le woƒe anyigba dzi. Woadze sii be, nyee nye Aƒetɔ, ne meŋe woƒe kɔkuti, eye meɖe wo tso ame siwo wɔ wo kluviwoe la si me.
28
Womaganye nuléle na dukɔwo azɔ loo, alo anyigba la dzi gbemelãwo navuvu wo o. Woanɔ dedie, ame aɖeke magado vɔvɔ̃ na wo azɔ o.
29
Mana agbledeƒe wɔnuwo naɖo wo si, ne dɔwuame nagatsrɔ̃ wo ɖa le anyigba la dzi azɔ o, eye dukɔwo magaɖe alɔ me le wo ŋu o.
30
Woadze sii be, nye Aƒetɔ, woƒe Mawu la, meli kpli wo. Woawo Israel-dukɔ lae nye nye dukɔ. Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.
31
Azɔ miawoe nye nye alẽwo, alẽ siwo le nye lãnyiƒe, eye nyee nye mia Mawu.” Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.
← Chapter 33
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 35 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48