bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ezekiel 33
Ezekiel 33
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 32
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 34 →
1
Aƒetɔ ƒe nya va nam be:
2
“Amegbetɔ vi, ƒo nu na wò dukɔmeviwo be: Ne metsɔ yi ɖe anyigba aɖe ŋu, eye dukɔa me viwo tia wo dometɔ ɖeka be wòanye dua ŋu dzɔla,
3
eye nenye wòkpɔ be wotsɔ yi ɖe anyigba la ŋu, eye wòku kpẽ hena nyanya dukɔa la,
4
ekema ne ame aɖe se kpẽkukua, eye metsɔ ɖeke le eme o, eye yia va wui la, eƒe ʋu anɔ eya ŋutɔ ƒe ta dzi.
5
Ese kpẽkuku, eye metsɔ ɖeke le eme o; eƒe ʋu anɔ eya ŋutɔ ƒe ta dzi. Ke ne esee, eye wòɖe afɔ ɖe edzi la, atsi agbe.
6
Ke ne dua ŋu dzɔla kpɔ be wotsɔ yi ɖe dukɔ la ŋu gbɔna, eye wògbe meku kpẽ be yeana amewo nanya o, ne wova dze wo dzi, eye wowu wo dometɔ aɖe la, wowui ɖe eƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ me. Ke mabia eƒe ʋu tso dua ŋu dzɔla la si me.”
7
“Eya ta wò amegbetɔ vi, wòe nye Israel-dukɔ la ŋu dzɔla. Ne èse nya aɖe tso nunye me la, nàgbe nya na wo nam.
8
Ne megblɔ na ame vɔ̃ɖi be: Wò ame vɔ̃ɖi, èle kuku ge godoo. Ke mèke nu gbe nya na ame vɔ̃ɖi la be wòatrɔ agbenɔnɔ o la, ame vɔ̃ɖi ma aku ɖe eƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ me. Ke mabia eƒe ʋu tso asiwò me.
9
Gake ne ègbe nya na ame vɔ̃ɖi be netrɔ agbenɔnɔ, eye wògbe tɔtrɔ la, aku ɖe eƒe nuvɔ̃ me. Ke wò la, atsi agbe.”
10
“Azɔ wò amegbetɔ vi, gblɔ na Israel-dukɔ la be miele gbɔgblɔm be: ‘Míaƒe dzidadawo kple nuvɔ̃wo zu agba ɖe mía dzi hele mía wum. Ale ke míawɔ atsi agbe?’
11
Gblɔ na wo be, Aƒetɔ Mawu be: Zi ale si mele agbe la, nyemekpɔa dzidzɔ le ame vɔ̃ɖi ƒe ku ŋu o, ke boŋ be ame vɔ̃ɖi natrɔ agbenɔnɔ ne wòatsi agbe. Mitrɔ, mitrɔ tso miaƒe mɔ vɔ̃wo dzi. O Israel-dukɔ, nu ka tae miele ku dim?
12
Azɔ wò amegbetɔ vi, gblɔ na wò dukɔmetɔwo be: Ame dzɔdzɔe ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ mate ŋu aɖee, ne eda se dzi o. Ame vɔ̃ɖi ƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ matsrɔ̃e, ne etrɔ tso eƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ gbɔ o. Ame dzɔdzɔe ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ mate ŋu ana wòanɔ agbe, ne ewɔ nuvɔ̃ o.
13
Togbɔ be megblɔ be nu dzɔdzɔe wɔla atsi agbe godoo hã la, ne eka ɖe eƒe nu dzɔdzɔe si wòwɔna la dzi eye wòwɔ nuvɔ̃ɖi la, womaɖo ŋku eƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ aɖeke dzi o. Ke nuvɔ̃ɖi si wòwɔ la mee wòaku ɖo.
14
Togbɔ be megagblɔ na ame si wɔa nuvɔ̃ɖi be: ‘Àku godoo’ hã la, ne etrɔ tso eƒe nuvɔ̃ me hewɔ nuteƒe kple se dzi,
15
nenye be ame sia trɔa awɔbanu si wòxɔ la ɖoa eteƒe, ne eda adzo ame aɖe wògbugbɔ nua na nutɔ hezɔ ɖe agbemeɖoɖowo nu, gbe nu le nuvɔ̃ɖi wɔwɔ gbɔ la, atsi agbe godoo, maku o.
16
Womagaɖo ŋku nuvɔ̃ɖi siwo wòwɔ va yi la ƒe ɖeke dzi o; eva wɔ se dzi kple nu si le eteƒe. Eya ta atsi agbe godoo.”
17
“Gake mia detɔwo be: ‘Aƒetɔ la mele nu dzɔdzɔe wɔm o’; evɔ wònye woawo ŋutɔe mewɔa nu dzɔdzɔe o hafi.
18
Ne nu dzɔdzɔe wɔla trɔ le nu dzɔdzɔe wɔwɔ gbɔ hewɔ nuvɔ̃ la, eƒe kue wòaku.
19
Ne ame vɔ̃ɖi trɔ tso eƒe vɔɖivɔ̃ɖinyenye me, eye wòzɔ ɖe se nu hewɔ nuteƒe la, atsi agbe le eta.
20
Ke miawo miebe: ‘Aƒetɔ la mele nu dzɔdzɔe wɔm o.’ Ao, Israel-dukɔ, madrɔ̃ ʋɔnu mia dometɔ ɖe sia ɖe ɖe eƒe nuwɔna nu.”
21
Le ƒe wui evelia ƒe ɣleti ewolia ƒe ŋkeke atɔ̃a gbe la, ŋutsu aɖe si sí tso Yerusalem la va gbɔnye va gblɔ nam be: “Wogbã du la.”
22
Azɔ Aƒetɔ ƒe asi va dzinye le fiẽ si do ŋgɔ na ame si sí aʋa va gbɔnye la ƒe vava. Ena nye nu ʋu le esi amea va ɖo gbɔnye le ŋdi. Ale woʋu nu nam, eye nyemeganye mumu o.”
23
Aƒetɔ ƒe nya va nam be:
24
“Amegbetɔ vi, ame siwo tsi aƒedo me le glikpo siawo dzi le Israel-nyigba la dzi la le gbɔgblɔm kokoko be: ‘Abraham la, ame ɖeka ko wònye, gake exɔ anyigba la. Ke esi míawo míesɔ gbɔ la, ɖikeke aɖeke mele eme o, be wotsɔ anyigba la na mí wòzu mía tɔ.’
25
Eya ta gblɔe na wo be, Aƒetɔ Mawu be: Miele lã mumu si me ʋu le la ɖum. Miaƒe ŋkuwo le miaƒe legbawo ŋu, eye miele ʋu kɔm ɖi. Ɖe anyigba la aganye mia tɔa?
26
Miele gogom ɖe miaƒe yiwo ŋu, miele ŋunyɔnuwo wɔm, eye mia dometɔ ɖe sia ɖe dea asi ehavi srɔ̃ ŋu. Ɖe anyigba la aganye mia tɔa?
27
Gblɔ nya sia na wo be, Aƒetɔ Mawu be: Zi ale si mele agbe la, ava eme godoo be ame siwo tsi aƒedo me le glikpo dzi la, atsi yi nu. Ame siwo le gbedzi la, matsɔ wo na gbemelãwo woaɖu, eye ame siwo le mɔ́ sesẽwo kple agadowo me la, dɔ vɔ̃ awu wo.
28
Mana anyigba la nazu aƒedo kple gbegbe, eye eƒe ŋusẽ si ta wòle dàdam ɖo la nu atsi. Israel-towo azu aƒedo ale gbegbe be ame aɖeke magato afi ma o.
29
Ekema woadze sii be, nyee nye Aƒetɔ, nenye be mewɔ anyigba la wòzu aƒedo kple gbegbe le woƒe ŋunyɔnu siwo katã wowɔ la ta.”
30
“Ke wò amegbetɔ vi ya la, wò dukɔmevi siwo tɔ ɖe gliwo ŋu kple xɔwo ƒe ʋɔtruwo nu la, le nu ƒom le ŋuwò. Wole gbɔgblɔm le wo nɔewo dome, ame sia be, ame kemɛ hã be: ‘Miva se nya si tso Aƒetɔ gbɔ na mí la ɖa.’
31
Wova gbɔwò abe dukɔ ene. Wova nɔ ŋkuwò me abe nye dukɔ ene, eye wose nu si nègblɔ na wo; gake womele edzi wɔ ge o. Elabe wovivia nu me na wo ɖokui be yewolɔ̃a ame, ke woƒe dzi ku ɖe woƒe viɖekpɔkpɔ ŋu.
32
Kpɔ ɖa, wò la, èle na wò ko abe ame si si gbe vivi le, wònya saŋkuƒoƒo, eye wòle lɔlɔ̃ha dzim na wo la ene. Elabe wose nu si nègblɔ la, gake womele edzi wɔ ge o.
33
Ne nya sia va eme, abe ale si wòle eme va gee kokoko ene la, ekema woava dze sii be Mawu ƒe gbeƒãɖela aɖe nɔ wo dome kpɔ.”
← Chapter 32
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 34 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48