bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ezekiel 41
Ezekiel 41
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 40
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 42 →
1
Tete wòkplɔm ge ɖe gbedoxɔ la me, eye wòdzidze domegliawo. Woƒe kekeme le akpa eveawo nɔ meta etɔ̃, etɔ̃.
2
Eƒe ʋɔtru nu keke meta atɔ̃, eye eƒe axadzigliwo le akpa eveawo tri meta eve kple afã. Xɔa me ŋutɔ didi meta bla eve, eye wòkeke meta ewo.
3
Ege ɖe xɔ emetɔ la me, eye wòdzidze domegli siwo le mɔa nu, wole meta ɖeka. Mɔa nu keke meta etɔ̃, eye eƒe axadzigliwo tri meta etɔ̃ kple afã le akpa eveawo.
4
Edzidze xɔa me ƒe didime ɖo ta gbedoxɔ la gbɔ wònɔ meta ewo, eye eƒe kekeme hã nɔ meta ewo. Egblɔ nam be: “Esia nye kɔkɔeƒewo ƒe kɔkɔeƒe la.”
5
Tete wòdzidze gbedoxɔa ƒe gliwo, wotri meta etɔ̃, xɔŋuxɔe siwo ƒo xlãe godoo va kpe la keke meta eve.
6
Xɔŋuxɔeawo de bla etɔ̃, eye wo katã nye tuɖedzi etɔ̃, etɔ̃. Womimi ɖe gli si woɖo ƒo xlã xɔ la godoo hena xɔviawo la ŋu, be woalé wo ɖe te sesĩe, ale be menye gbedoxɔ la ƒe gliwoe lé wo ɖe te o.
7
Xɔŋuxɔe ɖe sia ɖe ƒe tuɖedziwo nɔ kekem ɖe edzi tso tuɖedzi ɖeka dzi yi bubu dzi, si wɔe be xɔ la klã le dzi me ƒo xlã gbedoxɔ la. Atrakpui si te ɖe gbedoxɔa ŋu dze egɔme tso anyigbaxɔ me to dometɔ me heyi etametɔ me.
8
Mekpɔ hã be woƒu kpo ɖe gbedoxɔa ŋu godoo va kpe. Woawoe nye xɔŋuxɔeawo ƒe gɔmeɖoɖo siwo tri dzidzeti ɖeka alo meta eve.
9
Xɔŋuxɔea ƒe gli si le gota gome la tri meta eve kple afã, eye kpo si woƒu ɖe xɔa ŋu godoo va kpe ƒe akpa si tsi ya me la hã keke meta eve kple afã. Teƒe si tsi xɔŋuxɔe la kple
10
gbedoxɔ la dome la, keke meta ewo le akpa sia akpa godoo va kpe.
11
Xɔŋuxɔeawo ƒe ʋɔtruwo trɔ ɖo ɖe teƒe si wotso ɖi le kpo si woƒu ƒo xlã la gbɔ, ʋɔtru ɖeka dze ŋgɔ dzigbeme, eye bubu dze ŋgɔ anyigbeme. Teƒe si wotso ɖi la, keke meta eve kple afã ƒo xlãe.
12
Xɔ si dze ŋgɔ gbedoxɔ la le ɣetoɖoƒe gome la, keke meta bla etɔ̃ vɔ atɔ̃. Edidi meta bla ene vɔ atɔ̃, eye eƒe gliwo tri meta eve kple afã ƒo xlãe va kpe.
13
Edzidze gbedoxɔ la, edidi meta bla atɔ̃. Teƒe si ŋu wotɔ kpɔ ɖo, xɔ la kple eƒe gli didi meta bla atɔ̃.
14
Gbedoxɔ la ŋkume le ɣedzeƒe gome kple teƒe si ŋu wotɔ kpɔ ɖo la hã keke meta bla atɔ̃.
15
Eyome wòdzidze xɔ la ƒe akpa si dze ŋgɔ teƒe si ŋu wotɔ kpɔ ɖo le ɣetoɖoƒe gome kple eƒe gliwo le akpa eveawo, wole meta bla atɔ̃. Wofa ʋuƒo ɖe gbedoxɔ la ƒe mɔnuxɔ kple emetɔ kpakple akpata la ŋu.
16
Wofae ɖe wo ŋu ƒo xlã wo ame etɔ̃ la godoo, eye wofa nu ɖe woƒe fesrewo hã ŋu. Wofa ʋuƒo ɖe eŋu kpe ɖo, tso anyigba va ɖo fesrewo nu. Ke fesreawo le tutu.
17
Le ʋɔtrua tame, le xɔmexɔ kple dodonutɔ kekeake me la, wota nɔnɔmetatawo ɖe gliawo ŋu godoo va kpe.
18
Wonye kerubiwo kple detiwo ƒe nɔnɔmetatawo, deti ɖeka le kerubi ɖe sia ɖe dome. Mo eve li na kerubi ɖe sia ɖe.
19
Mo ɖeka nye ame ƒe mo dze ŋgɔ deti ɖeka eye mo evelia nye dzata ƒe mo si dze ŋgɔ deti evelia. Wota nu siawo ɖe gbedoxɔ blibo la me godoo va kpe.
20
Tso anyigba va se ɖe ʋɔtrua tame la, wota kerubiwo kple detiwo ɖi.
21
Gbedoxɔ la ƒe ʋɔtrutiwo le dzogoe ene me. Nane le kɔkɔeƒeawo ƒe kɔkɔeƒe la si ɖi
22
vɔsamlekpui si wotsɔ ati wɔe la. Ekɔ meta ɖeka kple afã, didi meta ɖeka, eye wòkeke meta ɖeka. Eƒe dzogoewo, afɔwo kple axawo katã dzi nye ati. Egblɔ nam be: “Esia nye kplɔ̃ si le Aƒetɔ ŋkume.”
23
Ʋɔtru siwo ʋuna ɖo ɖe akpa eveawo la, le kɔkɔeƒe la kple kɔkɔeƒewo ƒe kɔkɔeƒe la, ƒe mɔwo nu.
24
Ʋɔtruawo dze eve le mɔawo nu, eye ɖe sia ɖe trona le mɔ ɖe sia ɖe nu.
25
Wowɔ kerubiwo kple detiwo ɖe wo ŋu abe ale si wowɔ wo ɖe gliawo ŋui la ene, eye wotsɔ ʋuƒo wɔ agbadɔe ɖe akpata la nu le xexe lɔƒo.
26
Fesreawo ʋu ɖo ɖe eme lɔƒo, eye detiwo le woƒe akpa eveawo kple xɔŋuxɔeawo ƒe gliawo ŋu.
← Chapter 40
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 42 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48