bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ezekiel 38
Ezekiel 38
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 37
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 39 →
1
Aƒetɔ ƒe nya va nam be:
2
Amegbetɔ vi, trɔ dze ŋgɔ Gɔg le Magɔg-nyigba dzi, ame si nye amegã le Mesex kple Tubal. Ɖe gbeƒã ɖe eŋu,
3
eye nàgblɔ nɛ be, Aƒetɔ Mawu be: Kpɔ ɖa, metsi tre ɖe ŋuwò Gɔg, amegã ŋgɔgbetɔ si le Mesex kple Tubal.
4
Matrɔ wò to eme, eye made ga alɔgo na wò. Makplɔ wò kple wò aʋakɔ blibo la, sɔwo kple sɔdolawo, ame siwo katã do aʋawɔnuwo tsaklii, ameha gã siwo katã lé akpoxɔnu suewo kple gãwo ɖe asi, hele yi dam.
5
Persia, Nubia kple Put kpe ɖe wo ŋu, wo katã wolé akpoxɔnu ɖe asi, eye woɖɔ gakuku.
6
Gomer kple eƒe aʋakɔ blibo la, Bet-Togarma kple eƒe aʋakɔ blibo la tso keke dzigbeme ke; dukɔ geɖewo kpe ɖe ŋuwò.”
7
“Dzra ɖo nànɔ klalo, wò kple ameha gbogbo siwo ƒo ƒu ɖe ŋuwò la, eye wò la nànye wo ŋu dzɔla.
8
Le ŋkeke geɖewo megbe la, woayɔ mi. Le ƒè siwo akplɔe ɖo me la, àho ɖe anyigba si dzi aʋa ke le la ŋu. Anyigba sia dzie wokplɔ ame tso dukɔ vovovowo me va da ɖe Israel-towo dzi, teƒe si nye gbegbe ɣeyiɣi didi aɖe. Wokplɔ eƒe amewo tso dukɔwo dome, eye azɔ la wo katã woli dedie.
9
Àho aɖe zɔ ava abe ahom ene. Ànyè, atsyɔ anyigba la dzi abe alilikpo ene, wò kple wò aʋakɔ blibo la kpakple dukɔ geɖe siwo kpe ɖe ŋuwò.”
10
Aƒetɔ Mawu be: “Gbe ma gbe la, susu geɖewo ava wò tame, eye àɖo tame vɔ̃,
11
ahagblɔ be: ‘Matso ɖe anyigba si ƒe duwo le sue, eye womeɖo gli ɖe wo ŋu o la ŋu. Madze ame siwo ɖe dzi ɖi bɔkɔɔ la dzi; ame siwo ŋu gli, gameti alo agbo mele o la.’
12
Maha wo, aɖe aboyo wo. Mage ɖe aƒedo si me amewo le fifia la me kple dukɔ si woƒo ƒu tso dukɔwo dome la me; ame siwo si nyiwo kple nuwo le, eye wole anyigba la titina.
13
Seba, Dedan kple Tarsis ƒe asitsalawo kpakple woƒe du viwo katã abia wò be: ‘Aboyonu ha ge nèvaa? Ɖe nèƒo ƒu wò amehawo be nàva ɖe aboyo nuwo atsɔ klosalo kple sika, nyihawo kple adzɔnuwo adzoe ahaɖo asi nu geɖewo dzia?’ ”
14
“Eya ta amegbetɔ vi, ɖe gbeƒã nàgblɔ na Gɔg be, Aƒetɔ Mawu be: Gbe si gbe nye dukɔ Israel li, ɖe dzi ɖi bɔkɔɔ la, àʋã ɖokuiwò.
15
Àtso nɔwòƒe le keke dzigbeme ke ava, wò kple dukɔ gbogbo siwo kpe ɖe ŋuwò la ŋu, eye wo katã woanɔ sɔwo dzi. Woanye ameha gã kple aʋakɔ dranyi aɖe.
16
Àho ɖe nye dukɔ Israel ŋu abe alilikpoe do ɖe anyigba dzi ene. Ava eme le nuwuwu ŋkekeawo me be mana wò Gɔg nàtso ɖe nye anyigba ŋu, ale be dukɔwo nadze sii be, nyee to dziwò kɔ ɖokuinye ŋu le wo ŋkume.”
17
Aƒetɔ Mawu be: “Wò ŋue meƒo nu tso, le blema ŋkekewo me, to nye dɔlawo, Israel ƒe gbeƒãɖelawo dzi, ame siwo ɖe gbeƒã ƒè geɖewo le ɣe ma ɣi be makplɔ wò nàtso ɖe wo ŋutia?
18
“Ke gbe si gbe Gɔg aho aʋa ɖe Israel-nyigba ŋuti la, nye dɔmedzoe aho. Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.
19
Elabe le nye ŋuʋaʋã kple dɔmedzoe si le bibim flaflafla me la, meɖe gbe. Anyigba aʋuʋu ŋutɔ le Israel-nyigba dzi gbe ma gbe.
20
Ƒumelãwo kple dziƒoxeviwo, gbemelãwo kple lã siwo katã tana le anyigba dzi kpakple amegbetɔ siwo katã le anyigba dzi la, adzo nyànyanya le ŋkunye me. Towo amu dze anyi, agakpewo aglí, eye gli ɖe sia ɖe amu dze anyi.
21
Aƒetɔ Mawu be: Mayɔ ŋɔdzidonu ɖe sia ɖe ƒomevi ɖe Gɔg ŋu; ame sia ame atsɔ yi ɖe nɔvia ŋu.
22
Dɔ vɔ̃ kple ʋukɔkɔɖie matsɔ drɔ̃ ʋɔnui. Mana tsi gãwo, tsikpewo, dzo kple aŋɔ nadza ɖe eya kple eƒe aʋakɔ kpakple dukɔ geɖe siwo kpe ɖe eŋu la dzi.
23
Ale maɖe nye gãnyenye kple nye ŋutikɔkɔe afia le dukɔ geɖewo ŋkume, eye mana woadze sim. Ekema woadze sii be, nyee nye Aƒetɔ.”
← Chapter 37
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 39 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48