bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ezekiel 39
Ezekiel 39
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 38
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 40 →
1
Azɔ wò amegbetɔ vi, ɖe gbeƒã ɖe Gɔg ŋu nàgblɔ nɛ be, Aƒetɔ Mawu be: Kpɔ ɖa, Gɔg, metso ɖe ŋuwò, wò si nye amegã le Mesex kple Tubal.
2
Matrɔ wò to eme, atutu wò do ɖe ŋgɔ, eye makplɔ wò tso keke dzigbeme ke vɛ, ɖe Israel-towo ŋu.
3
Ekema maƒo wò dati le wò miasi me, eye mana wò aŋutrɔwo nage le wò nuɖusi.
4
Àdze anyi ɖe Israel-towo dzi, wò kple wò aʋakɔ blibo la kple dukɔ siwo katã kpe ɖe ŋuwò la. Matsɔ wò ana xe ƒonu ɖe sia ɖe ƒomevi kple gbemelãwo ne woavuvu.
5
Miatsi gbadzaƒe le gbedzi, elabe nyee ƒo nu. Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.
6
Mana dzo nage dze Magɔg kple ame siwo katã ɖe dzi ɖi bɔkɔɔ le ƒutanyigbawo dzi la dzi; ne woadze sii be, nyee nye Aƒetɔ.”
7
“Mana woadze si nye ŋkɔ kɔkɔe la le nye dukɔ Israel dome. Nyemagana wòaƒo ɖi nye ŋkɔ kɔkɔe la azɔ o, eye dukɔwo adze sii be, nyee nye Aƒetɔ, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la.
8
Kpɔ ɖa, egbɔna, woana wòava eme, Aƒetɔ Mawu ye gblɔe. Ŋkeke ma ŋutie meƒo nu le.”
9
“Ekema ame siwo le duwo me le Israel la ado aɖado dzo kple aʋawɔnuawo woafiã. Woatsɔ akpoxɔnu gãwo kple sueawo, datiwo kple aŋutrɔwo, kpowo kple akplɔwo, ado dzoe ƒè adrẽ.
10
Ale be magahiã be woaɖafɔ nake le gbe me loo, alo atso atiwo le avewo me na nake o. Elabe aʋawɔnuawoe woatsɔ ado dzoe. Woada adzo ame siwo da adzo wo eye woaha ame siwo ha wo la.” Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.
11
“Gbe ma gbe la, mana teƒe si woaɖi Gɔg ɖo le Israel, ɖe Mɔzɔlawo ƒe Bali la me, le atsiaƒu ƒe ɣedzeƒe gome. Axe mɔ na mɔzɔlawo, elabe afi mae woaɖi Gɔg kple eƒe amehawo gbogboawo ɖo. Woayɔe be Hamon-Gɔg Bali la.
12
Israel-dukɔ la atsɔ ɣleti adrẽ aɖi woe, ale be woakɔ anyigba la ŋu.
13
Dukɔ haho lae aɖi wo, eye wòana woaxɔ ŋkɔ gbe si gbe meɖe nye ŋutikɔkɔe fia. Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.
14
Woaɖe amewo be woatsa enuenu le anyigba la dzi, eye woaɖi ame siwo ku ɖe edzi la, ale be woakɔ anyigba la ŋu. Le ɣleti adrẽlia megbe la, woagatsa.
15
Ne ame siwo le tsatsam le anyigba la dzi kpɔ ameƒu aɖe la, woade dzesi egbɔ va se ɖe esime ameɖilawo ava kɔe aɖaɖi ɖe Hamon-Gɔg Bali la me.
16
Afi mae du si woyɔna be Hamona hã le. Alea woawɔ akɔ anyigba la ŋutii.”
17
Aƒetɔ Mawu be: “Ke wò amegbetɔ vi, ƒo nu na xe ɖe sia ɖe ƒomevi kple gbemelãwo katã be: Miƒo ƒu miava. Mite va tso afi sia afi ne miava ɖu vɔsa ŋkekenyui si medzra ɖo na mi la. Vɔsa ŋkekenyui gã ŋutɔ wònye le Israel ƒe towo dzi, eye miaɖu lã, ano ʋu.
18
Miaɖu kalẽtɔwo ƒe lã, eye miano anyigba dzi megãwo ƒe ʋu: agbowo, alẽviwo, gbɔ̃wo, nyitsuwo, wo katã wonye lã damiwo tso Basan.
19
Miaɖu ami ʋuu aɖi ƒo, eye miano ʋu kakaka amu le vɔsa ŋkekenyui si medzra ɖo na mi la ɖuƒe.
20
Miaɖu sɔ kple sɔdolawo ƒe lã, kalẽtɔwo kple aʋawɔla vovovowo le nye kplɔ̃ la ŋu aɖi ƒo.” Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.
21
“Matsɔ nye ŋutikɔkɔe aɖo dukɔwo dome, eye dukɔwo katã akpɔ nye ʋɔnu si medrɔ̃ kple nye asi si meɖo wo dzi la.
22
Israel-dukɔ la adze sii be, nyee nye Aƒetɔ, woƒe Mawu tso gbe ma gbe dzi heyi.
23
Dukɔwo adze sii be Israel-dukɔ la yi aboyo me le woƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ ta. Elabe wogbugbɔ le yonyeme ale be meɣla nye ŋkume ɖe wo. Metsɔ wo de asi na woƒe futɔwo, eye wowu wo katã kple yi.
24
Mewɔe na wo ɖe woƒe nu makɔmakɔ wɔwɔ kple dzidadawo nu pɛ, eye meɣla nye ŋkume ɖe wo.”
25
Eya ta Aƒetɔ Mawu be: “Azɔ la, magbugbɔ Yakob ƒe nunyonamewo aɖo te, eye makpɔ nublanui na Israel-dukɔ blibo la. Maʋã ŋu le nye ŋkɔ kɔkɔe la ta.
26
Woaŋlɔ woƒe ŋukpe kple alakpanuwɔna siwo katã wowɔ ɖe ŋunye la be, nenye be wogale woƒe anyigba dzi bɔkɔɔ, eye ame aɖeke medoa vɔvɔ̃ na wo o.
27
Ne megatrɔ wo gbɔe tso dukɔwo dome, eye meƒo wo nu ƒu tso woƒe futɔwo ƒe anyigba dzi la, mato eme aɖe nye kɔkɔenyenye afia le dukɔ geɖewo ŋkume.
28
Ekema woadze sii be, nyee nye Aƒetɔ, woƒe Mawu. Elabe mekplɔ wo yi aboyo me le dukɔwo dome, eye megaƒo wo nu ƒu ɖe woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi. Nyemagblẽ wo dometɔ aɖeke ɖe dukɔwo dome azɔ o.
29
Nyemagaɣla nye ŋkume ɖe wo azɔ o, ne metrɔ nye Gbɔgbɔ la kɔ ɖe Israel-dukɔ la dzi.” Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.
← Chapter 38
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 40 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48