bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ezekiel 30
Ezekiel 30
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 29
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 31 →
1
Aƒetɔ ƒe nya va nam be:
2
“Amegbetɔ vi, ɖe gbeƒã nàgblɔ be, Aƒetɔ Mawu be: Fa avi kple ɣli be: ‘Baba na ŋkeke la!’
3
Elabe ŋkeke la gogo, Aƒetɔ ƒe ŋkeke la tu aƒe. Ŋkeke doblukɔ aɖe wòanye, anye ɣeyiɣi si dukɔwo atsrɔ̃.
4
Woatsɔ yi ɖe Egipte ŋu, eye veve helihelĩ sese anɔ Etiopia, ne aʋatsilawo mlɔ anyi le Egipte, eye wolɔ eƒe kesinɔnuwo dzoe hegbã eƒe gɔmeɖokpewo.
5
Etiopia, Put, Lud, Arabia katã kple Libia kple dukɔ siwo bla nu kpli wo la, woatsi yi nu kpli wo.”
6
Aƒetɔ be: “Ame siwo de megbe na Egipte la, adze anyi, eye eƒe ŋusẽ si dzi wòdàna ɖo la, ayi to tso Migdol va se ɖe Siene. Woatsi yi nu le eme, Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.
7
Atrɔ zu aƒedo le anyigba siwo zu aƒedo la dome, eye eƒe duwo anɔ du siwo zu gbegbe la dome.
8
Ekema woadze sii be, nyee nye Aƒetɔ, nenye be metɔ dzo Egipte, eye eƒe kpeɖeŋutɔwo katã ŋe.”
9
“Gbe ma gbe la, amedɔdɔ siwo anɔ du dzi sesĩe la, atso gbɔnye ayi aɖado ŋɔdzi na Etiopiatɔ siwo aɖe ŋu ɖi la, eye woase veve helihelĩ le Egipte ƒe tsɔtsrɔ̃gbe. Elabe kpɔ ɖa, egbɔna!”
10
Aƒetɔ Mawu be: “Mana Egipte ƒe kesinɔnuwo navɔ, to Babilon-fia Nebukadnezar ƒe asi dzi.
11
Eya kple eƒe dukɔ, ame siwo doa ŋɔdzi na ame la, woakplɔ wo vɛ be woava tsrɔ̃ anyigba la. Woaɖe woƒe yiwo ɖe Egipte ŋu, eye anyigba la ayɔ fũu kple ame tsiaʋawo.
12
Mana Nil-tɔsisi la namie keŋkeŋ, eye madzra anyigba la na ame vɔ̃ɖiwo. Mana anyigba la kple nu sia nu si le edzi la nazu aƒedo, to amedzrowo ƒe asi dzi. Nye Aƒetɔ ye ƒo nu.”
13
Aƒetɔ Mawu be: “Magbã legbawo, eye maɖe mawu siwo miemè le Memfis la ɖa. Amegã aɖeke maganɔ Egipte-nyigba dzi azɔ o, ale mana vɔvɔ̃ nanɔ Egipte-nyigba la dzi.
14
Mana Patros nazu aƒedo, matɔ dzo Zoan, eye madrɔ̃ ʋɔnu Tebes.
15
Matrɔ nye dɔmedzoe akɔ ɖe Pelusium si nye Egipte ƒe mɔ́ sesẽ la dzi, eye malã ame gbogbo siwo le Tebes la ɖa.
16
Matɔ dzo Egipte; Pelusium anɔ vevesese gã ŋutɔ me. Woagbã Tebes, eye eƒe gliwo agbã.
17
Ɖekakpuiwo le On kple Pibeset atsi yi nu, eye woakplɔ nyɔnuwo ayi aboyo mee.
18
Viviti ado le ŋkeke me le Taxpanxes, ne meŋe alɔ na Egipte ƒe dziɖuɖu le afi ma, eye mena ŋusẽ si wotsɔ ƒoa adegbee la nu tso. Alilikpo ado blukɔ ɖe edzi, eye via nyɔnuviwo ayi aboyo me.
19
Aleae maɖo kodzo kple Egipte nye esi. Ekema woanyae be, nyee nye Aƒetɔ.”
20
Le ƒè wui ɖekɛlia ƒe ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke adrẽa gbe la, Aƒetɔ ƒe nya va nam be:
21
“Amegbetɔ vi, meŋe Egipte Fiagã ƒe alɔ, eye kpɔ ɖa, womeblae nɛ, ne woaɖo eme nɛ, ale be wòate ŋu alé yi ada o.
22
Eya ta Aƒetɔ Mawu be: Kpɔ ɖa, metso ɖe Egipte Fiagã ŋu, eye maŋe alɔ nɛ, esi sesẽ kple esi ŋe xoxo la. Mawɔe be yi nage le esi.
23
Makaka Egiptetɔwo ɖe dukɔwo dome, eye mana woaka hlẽ ɖe anyigbawo dzi.
24
Mana Babilon-fia ƒe alɔ nakpɔ ŋusẽ, eye matsɔ nye yi ade asi nɛ. Ke maŋe Egipte Fiagã ƒe alɔ, eye wòanɔ ŋeŋem le eŋkume abe ŋutsu si xɔ abi vevie la ene.
25
Mado ŋusẽ Babilon-fia ƒe alɔ, ke Egipte Fiagã ƒe alɔ age le eŋu. Woadze sii be, nyee nye Aƒetɔ. Nenye be metsɔ nye yi de asi na Babilon-fia la, aɖee ɖe Egipte-nyigba la ŋu.
26
Makaka Egiptetɔwo ɖe dukɔwo dome, eye maka wo ahlẽ ɖe anyigbawo dzi. Ekema woadze sii be, nyee nye Aƒetɔ.”
← Chapter 29
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 31 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48