bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ezekiel 12
Ezekiel 12
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 11
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 13 →
1
Aƒetɔ ƒe nya va nam be:
2
“Amegbetɔ vi, ƒome dzeaglã dome nèle, ame siwo si ŋku le be woakpɔ nu, ke womekpɔa nu o, ame siwo si to le be woase nu, ke womesea nu o.
3
Elabe ƒome dzeaglã wonye. Eya ta amegbetɔ vi, do aboyomeyigba, eye nàdze mɔ le ŋkeke me ɖo ta aboyo me ne woakpɔ. Dzo le nɔwòƒe nàyi afi bubu abe aboyomeyila ene le wo ŋkume. Ɖewohĩ woase nu gɔme, togbɔ be ƒome dzeaglã wonye hã.
4
He agba si nèdo la do goe le ŋkeke me ne woakpɔ, abe aboyomeyigba ene. Wò ŋutɔ dze mɔ le fiẽ me le wo ŋkume abe ame si dzi wozi, kplɔ yina aboyo me la ene.
5
Ŋɔ gli la le wo ŋkume, eye nàto eme ado go.
6
Wo ŋkumee nàkɔ wò agba ɖe abɔta le, eye nàdro agba la le zã me ado go. Tsyɔ nu mo, ne magakpɔ anyigba la o. Elabe wòe metsɔ ɖo dzesi na Israel-dukɔ la.”
7
Mewɔ abe ale si woɖo nam la ene. Mehe nye agba ɖe go le ŋkeke me abe aboyomeyigba ene, eye le fiẽ la meŋɔ gli la kple nye ŋutɔ nye asi. Medo go le zã helé nye agba ɖe abɔta le wo ŋkume.
8
Le ŋdi la, Aƒetɔ ƒe nya va nam be:
9
“Amegbetɔ vi, ɖe Israel-dukɔ, dukɔ dzeaglã la mebia wò be: ‘Nu ka wɔm nèle’ oa?
10
Gblɔ na wo be: ‘Aƒetɔ Mawu be: Gbedeasi sia yi na amegã si le Yerusalem la kple Israelvi siwo le eme.’
11
Gblɔ na wo be: ‘Dzesie menye na mi: Ale si mewɔ la, nenema woawɔ na wo. Wole aboyo me yi ge azu aboyomewo.’
12
Amegã si le wo dome la adro eƒe agba ɖe abɔta le blukɔ me, eye wòadze mɔ. Aŋɔ gli ato eme ado go; atsyɔ nu ŋkume, ale be mate ŋu atsɔ ŋku akpɔ anyigba la o.
13
Maɖo ɖɔ nɛ, eye nye mɔ̀ aɖee. Makplɔe yi Babilon le Kaldeatɔwo ƒe anyigba dzi. Ke mele ekpɔ ge o, eye afi mae wòaku ɖo.
14
Maka eƒe xɔnametɔ siwo katã ƒo xlãe la kple eƒe aʋakɔwo hlẽ ɖe yawo katã nu. Maɖe yi ɖe go akplɔ wo ɖo,
15
ne woadze sii be, nyee nye Aƒetɔ, nenye be mekaka wo ɖe dukɔwo dome, eye meka wo hlẽ ɖe anyigbawo dzi.
16
Ke mana wo dome ame ʋɛ aɖewo nasí le yi nu, tso dɔwuame kple dɔ vɔ̃ nu. Ale be woava ɖi ɖase le woƒe ŋunyɔnuwo katã ŋu le dukɔ siwo me yi ge woala la dome, ne woadze sii be, nyee nye Aƒetɔ.”
17
Gawu la, Aƒetɔ ƒe nya va nam be:
18
“Amegbetɔ vi, ƒo kpakpakpa nàɖu wò abolo, eye nàdzo nyànyanya ano tsi kple vɔvɔ̃.
19
Gblɔ na dukɔ si le anyigba la dzi be: Aƒetɔ Mawu gblɔ ɖe Yerusalemnɔla siwo le Israel-nyigba dzi la ŋu be: Woaɖu woƒe abolo kple vɔvɔ̃, eye woano tsi kple dzodzo nyànyanya. Elabe nuwo le vɔvɔ ge le anyigba la dzi ƒiaƒiaƒia, le edzinɔlawo ƒe ŋutasesẽ ta.
20
Du siwo me amewo nɔ kpɔ la azu aƒedo, eye anyigba la azu gbegbe, ne miadze sii be, nyee nye Aƒetɔ.”
21
Aƒetɔ ƒe nya va nam be:
22
“Amegbetɔ vi, lodonya kae nye esi gblɔm miele le Israel-nyigba la ŋuti be: ‘Ŋkekeawo didi, eye ŋutegawo hã mava eme o’?
23
Eya ta gblɔ na wo be: ‘Aƒetɔ Mawu be: Mana lododo sia nu natso, eye womagadoe le Israel o.’ Ke gblɔ na wo be ŋkekeawo tu aƒe, eye ŋutega ɖe sia ɖe le eme va ge.
24
Elabe alakpaŋutegawo kple nukpɔkpɔ siwo nye numevivi maganɔ Israel-dukɔ la me azɔ o.
25
Ke nye Aƒetɔ ŋutɔ magblɔ nye nya si magblɔ la, eye wòava eme. Megale megbe tsi ge o, ke le mi ƒome dzeaglãwo ƒe ŋkeke mee magblɔ nya awɔ edzi le. Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.”
26
Aƒetɔ ƒe gbe gava nam ake be:
27
“Amegbetɔ vi, kpɔ ɖa, Israel-dukɔ la be: ‘Ŋutega si kpɔm wòle la gbɔ metsɔ o, eye ɣeyiɣi siwo le ŋgɔ ʋĩi la ŋu wòle gbeƒã ɖem le.’
28
Eya ta gblɔe na wo be: Aƒetɔ Mawu be: Nye nya aɖeke megale megbe tsi ge o. Ke nya si magblɔ la ava eme.” Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.
← Chapter 11
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 13 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48