bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ezekiel 7
Ezekiel 7
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 8 →
1
Aƒetɔ ƒe nya va nam be:
2
“Wò amegbetɔ vi, Aƒetɔ Mawu gblɔ le Israel-nyigba la ŋu be: Ewu nu! Nuwuwu ɖo na anyigba la ƒe dzogoe eneawo.
3
Azɔ la nuwuwu ɖo na wò, eye makpɔ dziku ɖe ŋuwò, eye madrɔ̃ ʋɔnu wò ɖe wò nuwɔnawo nu. Mahe to na wò ɖe wò ŋunyɔnuwo katã ta.
4
Nyematso wò ɖi loo, alo akpɔ nublanui na wò o. Ke boŋ mahe to na wò ɖe wò nuwɔnawo ta esime wò ŋunyɔnuwo le dowòme. Ekema miadze sii be, nyee nye Aƒetɔ.”
5
Aƒetɔ Mawu be: “Dzɔgbevɔ̃e le dzɔgbevɔ̃e yome! Kpɔ ɖa, egbɔna.
6
Nuwuwu va ɖo, nuwuwu la va ɖo; enyɔ ɖe ŋuwò. Kpɔ ɖa, egbɔna.
7
Wò anyigbadzinɔla, wò tsɔtsrɔ̃ do. Ɣeyiɣi la de, ŋkeke la gogo. Hoowɔwɔ ƒe ŋkekee; menye aseyetsotso le towo dzi ƒe nya ye o.
8
Azɔ esusɔ vie matrɔ nye dɔmedzoe akɔ ɖe dziwò, eye makpɔ dziku ɖe ŋuwò vevie. Madrɔ̃ ʋɔnu wò ɖe wò nuwɔnawo nu, eye mahe to na wò ɖe wò ŋunyɔnuwo katã ta.
9
Nyematso wò ɖi loo, alo akpɔ nublanui na wò o. Mahe to na wò ɖe wò nuwɔnawo nu ɣe si ɣi wò ŋunyɔnuwo gale dowòme. Ekema adze sii be, nyee nye Aƒetɔ, ame si ƒoa ame.”
10
“Kpɔ ɖa, ŋkeke la! Kpɔ ɖa, egbɔna! Wò tsɔtsrɔ̃ ƒo se. Wò dàda do lotò.
11
Ŋutasesẽ trɔ zu ameƒoti hena vɔɖivɔ̃ɖinyenye; wo dometɔ aɖeke maganɔ anyi o. Woƒe nu gbogboawo loo, alo woƒe kesinɔnu maganɔ anyi o. Ŋkɔ xɔxɔ gɔ̃ hã maganɔ wo dome o.
12
Ɣeyiɣi la de, ŋkeke la tu aƒe. Mègaɖe mɔ nuƒlela nakpɔ dzidzɔ o; nudzrala hã megafa konyi o. Elabe wokpɔ dziku ɖe woƒe amehawo katã ŋu.
13
Elabe nenye be nudzrala tsi agbe hã, magatrɔ va nu si wòdzra la gbɔ o. Elabe wokpɔ dziku ɖe woƒe amehawo katã ŋu. Matrɔ le wo yome o. Le eƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ ta la, ame aɖeke mate ŋu alé eya ŋutɔ ƒe agbe ɖe te o.”
14
“Woku kpẽ, eye wona wo katã wobla akpa. Gake ame aɖeke meyi aʋa o; elabe nye dɔmedzoe le woƒe amehawo katã dzi.
15
Yi le kpɔ godo, dɔ vɔ̃ kple dɔwuame le aƒeme. Ame si le agble me la aku ɖe yi nu, eye ame si le du me la, dɔwuame kple dɔ vɔ̃ avuvui.
16
Ne ame aɖewo tsi agbe hesí la, woanɔ towo dzi abe ahɔnɛwo le baliwo me ene. Wo katã woanɔ konyi fam, ame sia ame ɖe eƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ ta.
17
Asiwo katã agbɔdzɔ, eye klowo katã azu beli abe tsi ene.
18
Woata akpanya, ŋɔ adzi wo; ŋukpe alé wo katã, eye wo katã ƒe ta abebe.
19
Woatsɔ woƒe klosalo aƒu gbe ɖe ablɔwo me, eye woƒe sika anɔ abe nu makɔmakɔ ene na wo. Woƒe klosalo kple sika mate ŋu aɖe wo le Aƒetɔ ƒe dzikudogbe la o. Womate ŋu atsɔe atsi woƒe dɔwuame nu alo wòana woaɖi ƒo o. Elabe eyae nye nukikli na woƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ.
20
Wotsɔ woƒe atsyɔ̃ɖonu ƒo adegbe ƒuƒlui. Wotsɔ wo wɔ legba siwo nye ŋunyɔnuwo kple nu siwo wòlé fui. Eya ta mawɔe nu makɔmakɔ na wo.
21
Matsɔe ade asi na amedzrowo woaɖu, eye matsɔe na ame vɔ̃ɖi siwo le anyigba dzi woaha, eye woagblẽ kɔ ɖo nɛ.
22
Maɖe kɔ ɖa le wo ŋu ne woagblẽ kɔ ɖo na nye teƒe xɔasi la. Adzogliwo age ɖe eme agblẽ kɔ ɖo nɛ,
23
eye woawɔe aƒedoe.” “Elabe ʋukɔkɔɖi yɔ anyigba la dzi, eye ŋutasesẽ yɔ du la me.
24
Makplɔ dukɔ siwo vɔ̃ɖi wu la vɛ ne woaxɔ woƒe aƒewo. Matsi woƒe dàdaŋusẽ nu, eye woagblẽ kɔ ɖo na woƒe kɔkɔeƒewo.
25
Ne vevesese helihelĩ do la, woadi ŋutifafa, ke womakpɔe o.
26
Dzɔgbevɔ̃e adze dzɔgbevɔ̃e yome. Wobewobe akplɔ wobewobe ɖo. Woadi ŋutega tso gbeƒãɖela la gbɔ. Ke se la abu ɖe nunɔla la, eye adaŋudede abu ɖe ame tsitsiwo.
27
Fia la afa konyi, dzi aɖe le amegã la ƒo. Ame siwo le anyigba la dzi la ƒe asiwo afa le ŋɔdzi ta. Maɖo eteƒe na wo ɖe woƒe nuwɔwɔ nu, eye madrɔ̃ ʋɔnu wo ɖe woƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ nu, eye woadze sii be, nyee nye Aƒetɔ.”
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 8 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48