bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ezekiel 43
Ezekiel 43
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 42
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 44 →
1
Emegbe la, ekplɔm va agbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe gome la gbɔ.
2
Kpɔ ɖa, Israel ƒe Mawu la ƒe ŋutikɔkɔe tso ɣedzeƒe lɔƒo va. Eƒe vava ƒe ɖiɖi nɔ abe tɔ geɖewo ƒe hoowɔwɔ ene, eye eƒe ŋutikɔkɔe na anyigba klẽ.
3
Ŋutega si mekpɔ la nɔ abe esi mekpɔ esi wòva be yeatsrɔ̃ du la ene, eye enɔ abe nɔnɔme si mekpɔ le Kebar-tɔsisi la to ene. Tete metsyɔ mo anyi.
4
Esi Aƒetɔ ƒe ŋutikɔkɔe la ge ɖe gbedoxɔ la me to agbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe me la,
5
Gbɔgbɔ la kɔm ɖe dzi, eye wòkplɔm ge ɖe xɔxɔnu si le eme la me. Kpɔ ɖa, Aƒetɔ ƒe ŋutikɔkɔe yɔ gbedoxɔ la taŋ.
6
Esime ŋutsu la nɔ tsitre ɖe axanye la, mese ame aɖe nɔ nu ƒom nam tso gbedoxɔ la me.
7
Egblɔ nam be: “Amegbetɔ vi, afi siae nye nye fiazikpuinɔƒe kple nye afɔɖoƒe, afi si manɔ tegbee le Israel-dukɔ la me. Israel-dukɔ la magagblẽ kɔ ɖo na nye ŋkɔ akpɔ o. Woawo ŋutɔ loo, alo woƒe fiawo magatsɔ woƒe gbolowɔwɔ kple woƒe fia siwo ku la, agblẽ kɔ ɖo nam o.
8
Wotsɔa woƒe kpuiwo ɖoa nye kpui nu, tsɔa woƒe ʋɔtrutiwo ɖoa nye ʋɔtruti xa, si wɔe be gli koe ma nye kple wo dome. Wogblẽ kɔ ɖo na nye ŋkɔ kɔkɔe la kple woƒe ŋunyɔnu siwo wowɔ la, ale be metsrɔ̃ wo le nye dziku me.
9
Azɔ la, na ne woate woƒe gbolowɔwɔ kple woƒe fiawo ƒe ŋutilã kukuawo ɖe adzɔge tso gbɔnye, eye manɔ wo dome tegbee.”
10
“Wò amegbetɔ vi, ɖɔ gbedoxɔ la ƒe nɔnɔme kple ɖoɖo si dzi wotui ɖo la, na Israel-dukɔ la, ne woƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔawo nakpe ŋu na wo.
11
Ne nu siwo katã wowɔ kpe ŋu na wo la, ɖɔ gbedoxɔ la ƒe nɔnɔme, ɖoɖo si me wòle, eƒe mɔnu siwo wotona gena ɖe eme kple esiwo wotona doa go kpakple eƒe nɔnɔme blibo la katã na wo. Na ne woanya eƒe ɖoɖowo kple sewo katã. Ŋlɔe ɖe anyi le wo ŋkume, ale be woalé ŋku ɖe wo ŋu awɔ woƒe sewo kple ɖoɖowo katã dzi.
12
Se si le gbedoxɔa ŋu lae nye esi: Teƒe si ƒo xlãe godoo va kpe ɖo le toa dzi la, nanɔ kɔkɔe ŋutɔŋutɔ. Kpɔ ɖa, esiae nye se si le gbedoxɔ la ŋu.”
13
“Vɔsamlekpui la ƒe dzidzeti nye meta afã (dzidzeme sia le abe sentimeta bla adrẽ ene)” Eƒe anyinɔ kɔ sentimeta bla atɔ̃, eye wòkeke sentimeta bla atɔ̃. Etogawo keke sentimeta bla eve. Esia nye vɔsamlekpui la ƒe kɔkɔme.
14
Tso eƒe anyinɔ dzi va se ɖe kɔ si le anyigbeme nye meta ɖeka, eye wòkeke meta afã. Tso kɔ suetɔ dzi va se ɖe kɔ gãtɔ dzi nye meta eve, eye wòkeke meta afã.
15
Afi si woado dzo ɖo le vɔsamlekpui la me kɔ meta eve. Dzo ene li nɛ, eye wòkɔ meta afã.
16
Mlekpui la kɔ meta ade, eye wòkeke meta ade.
17
Kɔawo hã didi meta adrẽ hekeke meta adrẽ. To si woɖo nɛ ƒo xlã la le sentimeta bla eve vɔ atɔ̃, eye eƒe anyinɔ nye meta afã ƒo xlãe. Vɔsamlekpui la ƒe atrakpuiwo nadze ŋgɔ ɣedzeƒe.”
18
Egblɔ nam be: “Amegbetɔ vi, Aƒetɔ Mawu be: Vɔsamlekpui la ƒe sewoe nye esiawo: Le ŋkeke si dzi woɖii vɔ hena numemevɔsa le edzi kple ʋuhehlẽ ɖe eŋu la,
19
àtsɔ nyitsu ɖeka na nunɔla siwo nye Levi viwo tso Zadok ƒe ƒome, siwo tena ɖe ŋunye hesubɔam la, ne woatsɔ asa nuvɔ̃vɔsae. Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.
20
Ele be nàtsɔ eƒe ʋu ƒe ɖe asisi ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzo eneawo, eƒe kɔ ƒe dzogoe eneawo kple to si woɖo nɛ ƒo xlã la ŋu. Alea nàwɔ akɔ eŋuti, eye nàlé avui.
21
Ele na wò hã be nàtsɔ nuvɔ̃vɔsanyitsu la aɖatɔ dzoe ɖe teƒe si woɖo ɖi le gbedoxɔ la ŋu, le kɔkɔeƒe la godo.
22
Le ŋkeke evea gbe la, nàtsɔ gbɔ̃tsu si sɔ blibo la awɔ nuvɔ̃vɔsae. Ale be vɔsamlekpui la ŋuti nakɔ abe ale si nyitsu la ƒe ʋu wɔe ene.
23
Ne èkɔ eŋuti vɔ la, ekema nàtsɔ nyitsu si sɔ blibo kple agbo si sɔ blibo tso alẽhawo dome asa vɔe.
24
Ele be nàtsɔ wo aɖo Aƒetɔ ŋkume, eye nunɔlawo nawu dze ɖe wo dzi ahatsɔ wo asa numemevɔe na Aƒetɔ.
25
Gbe sia gbe le ŋkeke adrẽ me la, ele na wò be nàtsɔ gbɔ̃ asa nuvɔ̃vɔe, eye nyitsu kple agbo si tso alẽhawo dome la, nakpe ɖe eŋu.
26
Ŋkeke adrẽ wòle be woatsɔ alé avu na vɔsamlekpui la, aklɔ eŋu ahakɔ eŋuti.
27
Ne wowu ŋkeke siawo nu la, ekema nunɔlawo nasa numemevɔ kple akpedadavɔ, le vɔsamlekpui la dzi tso ŋkeke enyia gbe heyi, eye maxɔe na mi.” Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.
← Chapter 42
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 44 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48