bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ezekiel 20
Ezekiel 20
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 19
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 21 →
1
Le ɣleti atɔ̃lia ƒe ŋkeke ewolia dzi, le ƒè adrẽlia me la, Israel-metsitsi aɖewo va nɔ ŋkunye me, be yewoabia gbe tso Aƒetɔ gbɔ.
2
Tete Aƒetɔ ƒe nya va nam be:
3
“Amegbetɔ vi, gblɔ na Israel-metsitsiawo be, Aƒetɔ Mawu be: Nyee mieva gbe bia gea? Zi ale si mele agbe la, nyemana miabia gbem akpɔ o. Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.
4
Àdrɔ̃ ʋɔnu woa? Amegbetɔ vi, àdrɔ̃ ʋɔnu woa? Ekema na woanya wo tɔgbuiwo ƒe ŋunyɔnuwo.
5
Gblɔ na wo be, Aƒetɔ Mawu be: Gbe si gbe metia Israel la, meka atam na Yakob ƒe ƒome la, meɖe ɖokuinye fia wo le Egipte-nyigba dzi. Meka atam na wo be, nyee nye Aƒetɔ, mia Mawu la.
6
Gbe ma gbee meka atam na wo be makplɔ wo ado go tso Egipte-nyigba la dzi ava anyigba si medi da ɖi na wo la dzi, anyigba si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo, anyigba nyuitɔ kekeake wònye le anyigbawo katã dome.
7
Megblɔ na wo be: Mitsɔ nu siwo katã melé fui, esiwo ŋu miaƒe ŋku le la ƒu gbe. Mia dome ame aɖeke megaƒo ɖi eɖokui kple Egipte-legbawo o. Nyee nye Aƒetɔ, mia Mawu la.
8
Ke wodze aglã ɖe ŋunye hegbe to ɖoɖom. Wo dome ame aɖeke metsɔ nu siwo melé fui, esiwo ŋu woƒe ŋku le la ƒu gbe loo, alo ɖe asi le Egipte-legbawo ŋu o.” “Tete mebu be matrɔ nye dɔmedzoe akɔ ɖe wo dzi, aɖe dziku ɖe wo ŋu le Egipte-nyigba la dzi.
9
Gake melé ɖokuinye le nye ŋkɔ la ta. Nyemedi be maƒo ɖi nye ŋkɔ le dukɔ siwo dome wole la ŋkume o. Dukɔ mawo ŋkumee meɖe ɖokuinye fia le, esime meɖe wo hekplɔ wo do go tso Egipte la.
10
Ale be mekplɔ wo do goe le Egipte-nyigba dzi hekplɔ wo va gbedadaƒo.
11
Metsɔ nye ɖoɖowo na wo, eye mexlẽ nye sewo fia wo, mɔ siwo dzi ame ato anɔ agbe la.
12
Gawu la, meɖo nye dzudzɔgbewo na wo, ne woanye dzesi anɔ nye kple wo dome. Ale woadze sii be nye Aƒetɔ ye kɔ wo ŋu.
13
Ke Israel-dukɔ la dze aglã ɖe ŋunye le gbedadaƒo. Womezɔ nye ɖoɖowo dzi o; ke wogbe nye seawo, mɔ siwo dzi ame ato anɔ agbe la, eye woɖu kɔ na nye dzudzɔgbewo ale gbegbe.” “Tete mebu be matrɔ nye dɔmedzoe akɔ ɖe wo dzi le gbedadaƒo, ne woatsrɔ̃ keŋkeŋ.
14
Gake melé ɖokuinye le nye ŋkɔ la ta. Nyemedi be maƒo ɖi nye ŋkɔ le dukɔ siwo ŋkume mekplɔ wo do goe le la o.
15
Gawu la, meka atam na wo le gbedadaƒo be nyemakplɔ wo va anyigba si metsɔ na wo la dzi o, anyigba si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo, anyigba nyuitɔ kekeake wònye le anyigbawo katã dome.
16
Elabe wogbe nye sewo, eye womezɔ nye ɖoɖowo dzi o. Woɖu kɔ na nye dzudzɔgbewo, elabe woƒe dzi le woƒe legbawo yome.
17
Ke hã la, meŋe aɖaba ƒu edzi. Nyemetsrɔ̃ wo le gbedadaƒo be woavɔ ɖa keŋkeŋ o.”
18
Megbe nya na wo viwo le gbedadaƒo be: “Migawɔ mia tɔgbuiwo ƒe ɖoɖowo dzi loo, alo miazɔ ɖe woƒe sewo nu o. Migatsɔ woƒe legbawo gblẽ kɔ ɖo na mia ɖokui o.
19
Nye Aƒetɔ ye nye mia Mawu. Mizɔ ɖe nye ɖoɖowo nu, eye mikpɔ nyuie be miewɔ nye seawo dzi.
20
Mikɔ nye dzudzɔgbewo ŋu nam ale be woanye dzesi le nye kple miawo dome, ne miadze sii be nye Aƒetɔ ye nye mia Mawu.
21
Ke wo viwo dze aglã ɖe ŋunye. Womezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu o. Womeɖɔ ŋu ɖo wɔ nye sewo dzi o, mɔ siwo dzi ame azɔ anɔ agbe. Woɖu kɔ na nye dzudzɔgbewo.” “Tete mebu be matrɔ nye dɔmedzoe akɔ ɖe wo dzi eye maɖe nye dziku ɖe wo ŋu le gbedadaƒo la.
22
Gake mehe nye asi ɖe megbe, eye mewɔ nu le nye ŋkɔ ta; ale be nye ŋkɔ magblẽ le dukɔ siwo ŋkume mekplɔ wo do goe le la gbɔ o.
23
Gawu la, meka atam na wo le gbedadaƒo la be makaka wo ahlẽ ɖe dukɔwo dome, eye makaka wo ɖe anyigbawo dzi.
24
Elabe womewɔ ɖe nye ɖoɖowo nu o. Ke wogbe nye sewo dzi wɔwɔ. Woɖu kɔ na nye dzudzɔgbewo, eye woƒe ŋku tsi wo tɔgbuiwo ƒe legbawo ŋu.
25
Gawu la, metsɔ ɖoɖo gbegblẽ siwo nye se siwo makplɔ wo woanɔ agbe o la na wo.
26
Megblẽ kɔ ɖo na wo to woƒe vɔsawo kekeake me, esi wɔnɛ be woléa woƒe ŋgɔgbevi ŋutsuwo katã nɔa memem le dzo me abe vɔsalã ene. Mewɔe be wòadzi ŋɔ na wo, mewɔe be woadze sii be, nyee nye Aƒetɔ.”
27
Eya ta, amegbetɔ vi, ƒo nu na Israel-dukɔ la, eye nàgblɔ na wo be, Aƒetɔ Mawu be: “Mia tɔgbuiwo gawɔ busunu ɖe ŋunye ake. Wometo nyateƒe nam o.
28
Elabe esi mekplɔ wo va anyigba si ŋu meka atam ɖo be matsɔ na wo dzi la, ne wokpɔ togbɛ kɔkɔ ɖe sia ɖe ko alo ati dama ɖe sia ɖe ko la, wosaa vɔ le afi ma. Wotsɔa woƒe vɔsanu siwo ado dziku na ame la nana. Wotɔa dzo lifi, ƒoa tsi hã ɖi le afi ma.
29
Mebia wo be nuxeƒe ka ƒomevie nye esi miedena? Eya ta woyɔnɛ be Bama va se ɖe egbe.
30
Eya ta gblɔ na Israel-dukɔ la be, Aƒetɔ Mawu be: Ɖe miagblẽ kɔ ɖo na mia ɖokui abe mia tɔgbuiwo ene, atra, anɔ woƒe nu siwo melé fui la ko wɔma?
31
Elabe miena vɔsanuwo, heme mia viŋutsuwo le dzo me, mietsɔ miaƒe legbawo katã gblẽ kɔ ɖo na mia ɖokui va se ɖe egbe. Ao, Israel-dukɔ! Ɖe miabia gbema? Aƒetɔ Mawu be: Zi ale si mele agbe la, miabia gbem akpɔ o.”
32
“Nu si le tame na mi la mava eme akpɔ o. Miesusui be: ‘Mina mianɔ abe dukɔ bubuawo kple anyigba bubuwo ƒe towo ene, ahasubɔ ati kple kpe.’ ”
33
Aƒetɔ Mawu be: “Zi ale si mele agbe la, meka ɖe edzi be matsɔ asi sesẽ kple abɔ si medo ɖe dzi la kpakple dɔmedzoe si wotrɔ kɔ ɖi la aɖu fia ɖe mia dzi.
34
Makplɔ mi adoe le dukɔwo dome, eye maƒo mia nu ƒu tso anyigba siwo dzi mikaka ɖo la dzi. Matsɔ asi sesẽ, abɔ si medo ɖe dzi la kple nye dɔmedzoe si wotrɔ kɔ ɖi la,
35
eye makplɔ mi ayi dukɔwo ƒe gbedadaƒo. Afi mae madrɔ̃ ʋɔnu mi le ŋkume kple ŋkume.
36
Ale si medrɔ̃ ʋɔnu kple mia tɔgbuiwo le gbedadaƒo le Egipte-nyigba dzi la, nenemae maɖo kodzo kpli mi. Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.
37
Makplɔ mi ato amekplɔti la te, azi mia dzi ɖekaɖeka be mianɔ nubabla me kplim.
38
Matsra aglãdzelawo le mia dome, eye ame siwo daa vo ɖe ŋunye la, makplɔ wo tso dzronyigba dzi. Ke womaɖo afɔ Israel-nyigba dzi o, ekema miadze sii be, nyee nye Aƒetɔ.”
39
Aƒetɔ Mawu be: “Ke wò Israel-dukɔ, ne mimase nye gbe o la, mia dome ame sia ame neyi edzi azɔ ne wòasubɔ eƒe legba. Gake migagblẽ kɔ ɖo na nye ŋkɔ kɔkɔe la kple miaƒe nunanawo kpakple legbawo o.”
40
Elabe Aƒetɔ Mawu be: “Israel-dukɔ blibo la asubɔm le nye to kɔkɔe la, Israel ƒe to kɔkɔ la dzi. Afi mae wo katã woava subɔm le, le anyigba la dzi. Maxɔ wo atuu le afi ma. Mabia miaƒe adzɔwo, nunana tɔxɛwo kple nu siwo katã ŋu wokɔ la.
41
Maxɔ mi abe dzudzɔ si le ʋeʋẽm lílilĩ la ene, nenye be mekplɔ mi do goe tso dukɔwo dome, eye meƒo mia nu ƒu tso anyigba siwo dzi miekaka ɖo la, eye maɖe nye ŋutikɔkɔe afia le mia dome le dukɔwo ŋkume.
42
Ne mekplɔ mi va Israel-nyigba, anyigba si ŋu meka atam ɖo na mia tɔgbuiwo be matsɔ na wo dzi la, miadze sii be, nyee nye Aƒetɔ.
43
Afi mae miava ɖo ŋku miaƒe zɔzɔme kple nuwɔna siwo mietsɔ ƒo ɖi mia ɖokui la dzi le. Ekema mianɔ ŋu nyɔm na mia ɖokui le nu vloe siwo katã miewɔ va yi la ta.
44
Azɔ miava dze sii be, nyee nye Aƒetɔ, nenye be le nye ŋkɔ ta, nyemewɔ na mi ɖe miaƒe nuvɔ̃ɖiwo kple nɔnɔme vloewo nu o, Israel-dukɔ.” Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.
45
Aƒetɔ ƒe nya va nam be:
46
“Amegbetɔ vi, trɔ dze ŋgɔ anyigbeme. Gblɔ nya ɖe anyigbemetɔwo ŋu, eye ɖe gbeƒã ɖo ɖe ave siwo le anyigbemekegbegbe la.
47
Gblɔ na ave siwo le anyigbemekegbegbe la be: Mise Aƒetɔ ƒe nya, Aƒetɔ Mawu be: Kpɔ ɖa, matɔ dzo wò, eye ati mumu kple ati ƒuƒu ɖe sia ɖe afiã le mewò. Womate ŋu atsi dzo si anɔ bibim flaflafla la o. Ame siwo katã tso anyigbeme va yi dzigbeme ƒe ŋkume aƒo dzo.
48
Ŋutilãwo katã akpɔe be nye Aƒetɔ ye tɔ dzo avea. Womate ŋu atsii o.”
49
Tete megblɔ be: “Ao, Aƒetɔ Mawu! Wole gbɔgblɔm le ŋunye be: ‘Ame sia ɖe, menye abe sɔŋ ko bum wòle oa?’ ”
← Chapter 19
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 21 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48