bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ezekiel 4
Ezekiel 4
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 5 →
1
“Azɔ wò amegbetɔ vi, tsɔ anyikpe da ɖi. Ta du aɖe, Yerusalem-du la, ɖe edzi.
2
Ɖo tòɖenuwo ɖe eŋu; tu dzɔlawo ƒe xɔ tsrala ɖe eŋu, ƒu kpo ɖe eŋu, ɖe aʋakɔwo ɖe eŋu. Tsɔ gligbãnuwo ƒo xlãe va kpe.
3
Ke wò la, tsɔ gagba gbadza aɖe nàwɔ gakpɔ atso wò kple du la dome. Trɔ mo de du la ne wòanɔ abe ɖe woɖe tò ɖe eŋu ene, eye nàɖe tò ɖe eŋu axaxae. Esia nye dzesi na Israel-dukɔ la.
4
Ekema mlɔ wò miame kpa dzi, eye matsɔ Israel-dukɔ la ƒe tohehe aɖo dziwò. Elabe ŋkeke ale sinu nèmlɔ anyi alea la, nenema nàtsɔ woƒe tohehee.
5
Elabe meɖo ŋkekewo ƒe xexlẽme na wò. Ŋkeke alafa etɔ̃ bla asieke, esia sɔ ɖe ƒè siwo woda vo ɖe ŋunye la ƒe tohehe nu; alea nàtsɔ Israel-dukɔ la ƒe tohehe wòadidii.
6
Ne èwu esiawo nu la, àgamlɔ anyi zi evelia. Gake mlɔ wò nuɖusi kpa dzi, eye nàtsɔ Yuda-to la ƒe tohehe. Meɖo ŋkeke bla ene na wò, ŋkeke ɖeka na ƒè ɖeka.
7
Àtrɔ ŋkume ade Yerusalem-dua si woɖe tò ɖo la, wò abɔ nanɔ ƒeƒle. Ɖe gbeƒã ɖe du la ŋu.
8
Kpɔ ɖa, made ka wò ale be màte ŋu atrɔ ɖe axa bubu dzi hafi wò tòɖeɖe ɖe dua ŋu ƒe ŋkekeawo nawu enu o.
9
“Ke wò la tsɔ bli, lu, gbagbayi, ayi, ƒo kple mɔli de ze ɖeka me ahaƒo aboloe. Nàɖui le ŋkeke alafa etɔ̃ bla asieke siwo me nèmlɔ wò axa dzi la.
10
Nu si nàɖu gbe ɖeka la ƒe kpekpeme nanye gram alafa eve bla etɔ̃. Àɖu nu zi ɖeka gbe ɖeka.
11
Tsi kplu eve nàno gbe ɖeka. Àno tsi zi ɖeka gbe ɖeka.
12
Ƒo aboloa abe lubolo ene, mèe le amemi dzi le wo ŋkume nàɖu.”
13
Aƒetɔ gblɔ be: “Alea Israel-dukɔ le woƒe abolo makɔmakɔ ɖu gee le dukɔ siwo dome manyà wo ɖo ɖa la.”
14
Tete megblɔ be: “Ao, Aƒetɔ Mawu! Kpɔ ɖa, nyemegblẽ kɔ ɖo na ɖokuinye kpɔ o. Tso nye ɖekakpuime va se ɖe fifi la, nyemeɖu lã si ku le eɖokui si, alo esi lã aɖe vuvu la kpɔ o; lã vóvo mede nye nu me kpɔ o.”
15
Tete wògblɔ nam be: “Kpɔ ɖa, maɖe mɔ na wò be nàmè wò abolo le nyimi dzi ɖe amemi teƒe.”
16
Gawu la, egblɔ nam be: “Amegbetɔ vi, kpɔ ɖa, maŋe abolo ƒe ziɔɖeŋu le Yerusalem. Woaɖu abolo si woda na wo le nudanu dzi la kple vɔvɔ̃, eye woadzidze tsi na wo, woano wòawɔ mo yaa na wo.
17
Mawɔ esia ne abolo kple tsi nahiã wo, eye woakpɔ wo nɔewo ŋkume awɔ yaa, eye woatsrɔ̃ le woƒe tohehe la te.
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 5 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48