bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ezekiel 22
Ezekiel 22
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 21
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 23 →
1
Gawu la, Aƒetɔ ƒe nya va nam be:
2
“Wò amegbetɔ vi, àdrɔ̃ ʋɔnua? Àdrɔ̃ ʋɔnu hlɔ̃dodu laa? Ekema gblɔ eƒe ŋunyɔnu siwo katã wòwɔ la fiae.
3
Gblɔ nɛ be, Aƒetɔ Mawu be: Du si kɔa ʋu ɖe anyigba dzi lae wònye. Eƒe ɣeyiɣi gbɔna. Ewɔ legbawo be yeatsɔ gblẽ kɔ ɖo na ye ɖokui.
4
Le ʋu si nèkɔ ɖi ta la, èɖi fɔ, eye nègblẽ kɔ ɖo na ɖokuiwò to legba siwo nèlí la me. Nèna wò ŋkeke tsɔ kaba, eye wò ƒewo ƒe nuwuwu ɖo. Eya ta mena nèzu alɔmeɖenu na dukɔwo, eye nèɖi kokoe na anyigbawo katã.
5
Kpuiƒe kple didiƒe tɔwo katã aɖu fewu le ŋuwò. Wò ame si ƒe ŋkɔ gblẽ, eye nèyɔ fũu kple ʋunyaʋunya.”
6
“Kpɔ ɖa, Israel-megãwo le mewò, ɖe sia ɖe le eƒe ŋusẽ nu, di vevie be yewoakɔ ʋu ɖi.
7
Le mewò la, ame megabua tɔ́a kple nɔa ɖe naneke me o. Wobaa amedzro le mewò, eye wowɔa nu si medze o la ɖe tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ŋu faa le mewò.
8
Miedo vlo nye nu kɔkɔeawo, eye miegblẽ kɔ ɖo na nye dzudzɔgbewo.
9
Amewo le mewò le ame ŋu gblẽm ne woakɔ ʋu ɖi. Amewo le nu ɖum le towo dzi. Amewo dze ha kple fieŋufieŋu le mewò.
10
Amewo ɖe ama wo tɔ́wo le mewò; amewo zia nyɔnuwo dzi dɔna kpli wo le woƒe dzinukpɔɣiwo me.
11
Ame aɖewo wɔa ŋunyɔnu kple wo havi srɔ̃, ame bubu dea alɔkpli eya kple toyɔvia dome, eye ame bubu hã dea alɔkpli eya kple tɔ́via nyɔnu dome le mewò.
12
Le mewò amewo xɔa zãnu be yewoakɔ ʋu ɖi. Èbaa ame to deme gã xɔxɔ me be yeakpɔ viɖe geɖe, eye nèŋlɔm be. Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.
13
“Eya ta kpɔ ɖa, maƒo asikpoloe ɖe viɖe ƒoɖi si nèkpɔ kple ʋu si wokɔ ɖi le mewò la ta.
14
Ɖe àte ŋu ado dzi, eye wò asiwo anɔ te sesĩe, le ŋkeke siwo matu nu kpli wò la mea? Nye Aƒetɔ lae gblɔe, eye mawɔe hã.
15
Makaka wò ahlẽ ɖe dukɔwo dome. Mahlẽ wò ɖe anyigbawo dzi, eye mana wò ɖiƒoƒo nu natso.
16
Àwɔe be nàzu busu le dukɔwo ŋkume, eye nàdze sii be, nyee nye Aƒetɔ.”
17
Aƒetɔ ƒe nya va nam be:
18
“Amegbetɔ vi, Israel-dukɔ trɔ zu gamí nam. Wo katã trɔ akɔbli, ga ɣi, ga yibɔ, tsumi wozu abe ga si wolólo le kpo me, eye mí la tsi anyi la ene.
19
Eya ta Aƒetɔ Mawu be: Esi mi katã miezu gamí ta la, eya ta kpɔ ɖa, malɔ mi akɔ ɖe Yerusalem.
20
Ale si wolɔa klosalo, akɔbli, ga yibɔ kple tsumi kɔna ɖe kpo me, heƒlɔa dzo ɖo ɖe eŋu be woalólo woe la, nenemae matsɔ nye dziku kple dɔmedzoe alɔ mi akɔ ɖi, alólo mii.
21
Malɔ mi akɔ ɖi atsɔ nye dɔmedzoe aƒlɔ dzo ɖe mia ŋu, eye mialólo le eme.
22
Ale si wolóloa klosalo le kpo me la, nenemae malólo mi le eme, eye miadze sii be nye Aƒetɔ ye trɔ nye dɔmedzoe kɔ ɖe mia dzi.”
23
Aƒetɔ ƒe nya va nam be:
24
“Amegbetɔ vi, gblɔ nɛ be anyigba si ŋuti womekɔ o la nènye. Tsi madza ɖe dziwò le nye dɔmedzoedogbe o.
25
Eƒe amegãwo le dua me le ko abe dzata si le gbe tem, le nu si wòlé la vuvum ene. Wovuvu amegbetɔwo, wolɔ kesinɔnuwo kple nu xɔasiwo dzoe. Wona ahosiwo sɔ gbɔ le eme.
26
Eƒe nunɔlawo mewɔ nye seawo dzi o, eye wogblẽ kɔ ɖo na nye nu kɔkɔeawo. Womede vovototo nu makɔmakɔ kple nu kɔkɔe dome loo, alo fia vovototo le nu si le dzadzɛ kple esi medza o la dome o. Womedea bubu nye dzudzɔgbewo ŋu o, ale wogblẽ kɔ ɖo nam le wo dome.
27
Eƒe amegã siwo le wo dome la le abe amegãxi siwo lé nu le vuvum la ene. Wole ʋu kɔm ɖi, le ame wum, be yewoakpɔ viɖe to nu fitifiti wɔwɔ me.
28
Eƒe gbeƒãɖelawo si akalo ɖe nu ŋu na wo. Wokpɔa ŋutega siwo nye aʋatso, eye woƒe gbeƒãɖeɖewo nye alakpa. Wogblɔna be: ‘Aƒetɔ Mawu be’ esime Aƒetɔ meƒo nu o.
29
Dukɔ bliboa tafaa ame, eye wòdaa adzo. Etea hiãtɔwo kple ame dahewo ɖe to. Ebaa amedzro siwo mate ŋu aʋli wo ɖokui ta o la.
30
Medi ame ɖeka si aɖo gli la, alo axe gbagbãƒe nɛ le ŋkunye me le anyigba la dzi, ale be nyemagblẽe o; ke nyemekpɔ ɖeke o.
31
Eya ta metrɔ nye dziku kɔ ɖe wo dzi. Mena nye dɔmedzoe fiã wo. Woƒe mɔ si woto la ƒe agbae medro ɖe ta na wo.” Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.
← Chapter 21
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 23 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48