bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ezekiel 17
Ezekiel 17
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 16
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 18 →
1
Aƒetɔ ƒe nya va nam be:
2
“Amegbetɔ vi, to adzo, eye nàbu abe na Israel-dukɔ la.
3
Gblɔ be, Aƒetɔ Mawu be: Hɔ̃ gã aɖe si ƒe aʋalawo keke, eye eƒe fuwo didi, fu nyui siwo le amadede vovovo me la, le eŋu. Edzo va Lebanon, eye wòŋe sederti aɖe ta.
4
Eŋe eƒe ɖɔmea kekeake kple alɔ fɛ̃awo, eye wòtsɔe yi asitsanyigba aɖe dzi ɖada ɖe asitsalawo ƒe du aɖe me.
5
Eyome etsɔ anyigba la ƒe nuku la va do ɖe anyigba wɔnu aɖe dzi. Edoe ɖe teƒe si tsi le fũu la. Edoe abe amuti ene,
6
eye wòdzè hezu wainka si vu ɖe anyi me. Eƒe alɔwo trɔ ɖe eyama gbɔ lɔƒo, eye eƒe kewo tsi ete. Ale wòzu wainka si to alɔwo kple aŋgbawo.
7
Ke hɔ̃ gã bubu si ƒe aʋalawo keke, eye fu geɖe le eŋu la hã li. Kpɔ ɖa, wainka sia ƒe kewo bi ɖo ɖe egbɔ, eye alɔwo to ɖo ɖe egbɔ be wòade tsii. Tso kpo si dzi wodoe ɖo la,
8
ehoe va do ɖe anyigba si awɔ nuku la dzi, afi si tsi ɖo anyigba le nyuie, be wòaɖe alɔ, eye wòatse ku abe wainti vavã aɖe ene.
9
Gblɔ be, Aƒetɔ Mawu be: Atsi agbea? Ɖe maho eƒe kewo, alã alɔawo ɖa, eye aŋgba yeye siwo wòto la nayrɔ oa? Menye alɔka sesẽ alo dukɔ geɖe tsɔ ge woala ahoe kple ke o.
10
Kpɔ ɖa, ne wohoe do la, ɖe wòatsi agbea? Ɖe mayrɔ keŋkeŋ ne ɣedzeƒeya ƒo ɖee oa? Ɖe maku ɖe kpo si dzi wodoe ɖo la oa?”
11
Tete Aƒetɔ ƒe nya va nam be:
12
Azɔ bia aƒe si dze aglã la be: Ɖe miese nu siawo gɔmea? Gblɔ na wo be: Kpɔ ɖa, Babilon-fia va Yerusalem va kplɔ eƒe fia kple eƒe dumegãwo, eye wòkplɔ wo va eɖokui gbɔ le Babilon.
13
Etia ame ɖeka le fiaƒome la me, bla nu kplii, eye wòna wòka atam nɛ. Ekplɔ ame ŋkutawo dzoe,
14
ale be fiaɖuƒe la nabɔbɔ eɖokui, eye magado eɖokui ɖe dzi o, eye nenye be wolé nubabla la me ɖe asi la, wòali ke.
15
Ke edze aglã ɖe eŋu, dɔ amewo ɖe Egipte be woaɖo sɔwo kple asrafo gbogbo aɖewo ɖe ye. Ɖe wòadze edzi nɛa? Ɖe ame si wɔ nu sia ƒomevi ate ŋu asía? Ɖe wòate ŋu atu nubabla la ahasía?
16
Aƒetɔ Mawu be: Zi ale si mele agbe la, aku ɖe teƒe si fia si ɖoe zi dzi le, le Babilon la, godoo; ame si ƒe atam wòdo vloe, eye wòtu eƒe nubabla la.
17
Nenye be woho aʋa ɖe eŋu, ƒu kpo ɖe eŋu be woatsrɔ̃ ame geɖewo la, Egipte Fiagã kple eƒe asrafo gbogboawo kple ameha gãwo mate ŋu axɔ nɛ o.
18
Elabe edo vlo atam la, eye wòtu nubabla la. Esi wòna asi ame ɖe nya sia dzi vɔ hafi va wɔ nu siawo katã ta la, mate ŋu así o.
19
Eya ta Aƒetɔ Mawu be: Zi ale si mele agbe la, nye atam si wòdo vloe kple nye nubabla si wòtu ta la, maɖo eteƒe nɛ.
20
Maɖo ɖɔ nɛ, aɖee le mɔ̀ me. Makplɔe va Babilon afi si madrɔ̃ ʋɔnui le, le ale si meto nyateƒe nam o la ta.
21
Kalẽtɔ akuakua siwo le esi la atsi yi nu, eye ame siwo tsi agbe la, akaka ɖe ya nu le afi sia afi, ne miadze sii be, nye Aƒetɔ lae gblɔe.”
22
Aƒetɔ Mawu be: “Nye ŋutɔ maŋe sederti kɔkɔtɔ ƒe ɖɔme aɖado. Eƒe ɖɔmeɖɔme fɛ̃ kekeake ƒe alɔ maŋe, eye nye ŋutɔ matsɔe aɖado ɖe to kɔkɔ aɖe dzi.
23
Israel ƒe to kɔkɔtɔ dzie madoe ɖo, ne wòaɖe alɔ, eye wòatse ku, azu sederti vavã. Gbemelã vovovowo anɔ ete, eye xevi vovovowo awɔ atɔ ɖe eƒe alɔwo ƒe vɔvɔli me.
24
Ati siwo katã le gbe me la adze sii be nye Aƒetɔ ye bɔbɔa ati kɔkɔwo ɖe anyi, eye menana be ati siwo le kpuie la kɔna. Menana be ati mumu kuna, eye ati kuku dzena. Nye Aƒetɔ ye ƒo nu, eye mawɔe.”
← Chapter 16
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 18 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48