bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ezekiel 29
Ezekiel 29
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 28
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 30 →
1
Le ƒè ewolia ƒe ɣleti ewolia ƒe ŋkeke wui evelia dzi la, Aƒetɔ ƒe nya va nam be:
2
“Amegbetɔ vi, trɔ nàdze ŋgɔ Egipte Fiagã, eye nàɖe gbeƒã ɖe eya kple Egipte blibo la ŋu.
3
Ƒo nu nàgblɔ be, Aƒetɔ Mawu be: Kpɔ ɖa, metso ɖe ŋuwò, Egipte Fiagã, ƒumeʋɔdriba gã si mlɔ anyi ɖe eƒe tɔwo me, si gblɔna be: ‘Nye Nil-tɔsisi la, nye ŋutɔ tɔnyee; Nyee wɔe.’
4
Matsɔ ƒè aku alɔxatsa me na wò, eye mana tɔmelã siwo le wò tɔwo me la nalé ɖe wò tsrowo ŋu. Mahe wò ado goe tso wò tɔ la me kple wò tɔwo me lã siwo katã lé ɖe wò tsrowo ŋu la.
5
Matsɔ wò aƒu gbe ɖe gbedadaƒo, wò kple wò tɔmelãwo katã. Miage adze gbadzaƒe le gbedzi, eye womafɔ mi aƒo ƒu ɖi o. Metsɔ wò na gbemelãwo kple dziƒoxewo be woaɖu.”
6
“Ekema Egiptenɔlawo katã adze sii be, nyee nye Aƒetɔ. Elabe miele abe aƒlati ene na Israel-dukɔ la.
7
Esi wolé wò kple asi la, èŋe hevuvu woƒe abɔtawo, eye esi woziɔ ɖe ŋuwò la, èŋe eye èna woƒe ali ʋuʋu.
8
Eya ta Aƒetɔ Mawu be: Kpɔ ɖa, maɖe yi ɖe dziwò, atsrɔ̃ amegbetɔ kple lã le dziwò.
9
Egipte-nyigba la azu aƒedo kple gbegbe. Ekema woanyae be, nyee nye Aƒetɔ.” “Elabe ègblɔ be: ‘Nil-tɔsisi la tɔnyee, eye nyee wɔe’.
10
Eya ta kpɔ ɖa, metso ɖe wò kple wò tɔsisiwo ŋu, eye mawɔ Egipte-nyigba la wòazu gbegbe kple aƒedo keŋkeŋ, tso Migdol va se ɖe Siene ava ke ɖe keke Etiopia ƒe liƒo dzi ke.
11
Amegbetɔ ƒe afɔ loo, alo lã ƒe afɔ mato edzi o; naneke manɔ edzi o, ƒe bla ene.
12
Mawɔ Egipte-nyigba wòazu aƒedo le anyigba siwo zu aƒedo la dome, eye eƒe duwo azu aƒedo ƒe bla ene le du siwo gbã zu aƒedo la dome. Makaka Egiptetɔwo ɖe dukɔwo dome, eye makaka wo ahlẽ ɖe anyigbawo dzi.”
13
Elabe Aƒetɔ Mawu be: “Le ƒe bla ene megbe la, maƒo Egiptetɔwo nu ƒu tso dukɔ siwo dome mekaka wo ɖo la.
14
Magbugbɔ Egiptetɔwo ƒe nunyonamewo aɖo te, eye makplɔ wo va Patros si nye wo denyigba la dzi. Woanye fiaɖuƒe gblɔe aɖe le afi ma.
15
Anye fiaɖuƒe gblɔe kekeake, eye magakɔ eɖokui dzi wu fiaɖuƒewo azɔ o. Mana woanɔ sue ale gbegbe be womagakpɔ ŋusẽ aɖu dukɔwo dzi azɔ o.
16
Womaganye ame siwo ŋu Israel-dukɔ la agaɖo ŋu ɖo azɔ o. Woaɖo ŋku edzi be nuvɔ̃ɖi wònye yewowɔ be yewodi kpekpeɖeŋu tso wo gbɔ. Ekema woadze sii be, nyee nye Aƒetɔ Mawu.”
17
Le ƒè bla eve vɔ adrẽlia ƒe ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, Aƒetɔ ƒe nya va nam be:
18
“Amegbetɔ vi, Babilon-fia Nebukadnezar na eƒe aʋakɔ tso hloloe ɖe Tiro ŋu. Wowɔe ʋuu woƒe tawo katã bebe, eye woxɔ abi ɖe abɔta keŋkeŋ. Ke eya ŋutɔ loo, alo eƒe aʋakɔ la mekpɔ fetu aɖeke tso woƒe fukpekpe la me tso Tiro o.
19
Eya ta Aƒetɔ Mawu be: Kpɔ ɖa, matsɔ Egipte ana Babilon-fia Nebukadnezar, eye wòalɔ eƒe kesinɔnuwo adzoe. Aɖe aboyoe, aha eƒe nuwo, eye eyae anye eƒe aʋakɔ la ƒe fetu.
20
Metsɔ Egipte-nyigba la nɛ abe eƒe fetu si ta wòwɔ dɔ ɖo la ene. Elabe wowɔ dɔ nam.” Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.
21
“Gbe ma gbe la, mana Israel ƒe aƒe la nato dzo, eye maʋu nu na wò le wo dome. Ekema woanyae be, nyee nye Aƒetɔ.”
← Chapter 28
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 30 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48