bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ezekiel 28
Ezekiel 28
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 27
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 29 →
1
Aƒetɔ ƒe nya va nam be:
2
“Amegbetɔ vi, gblɔ na Tiro-megã be, Aƒetɔ Mawu be: Elabe wò dzi yɔ kple dàda, eye nègblɔ be: ‘Mawu menye, mawuwo ƒe zikpui dzie menɔna le atsiaƒu titina’; ke amegbetɔ ko nènye, mènye mawu o, togbɔ be èbua ɖokuiwò nunyala abe mawu ene hã.
3
Le nyateƒe me la, ènya nu wu Daniɛl; naneke mele ɣaɣla ɖe wò o.
4
Etsɔ wò nunya kple gɔmesese kpɔ kesinɔnu na ɖokuiwò, eye nèƒo ƒu sika kple klosalo ɖe wò nudzraɖoƒewo.
5
Etsɔ wò aɖaŋu gã la tsa asii, wò kesinɔnuwo dzi ɖe edzi, eye wò dzi le dàdam le wò kesinɔnuwo ta.”
6
Eya ta Aƒetɔ Mawu be: “Esi nèle ɖokuiwò kpɔm be yenya nu abe Mawu ene ta la,
7
kpɔ ɖa, makplɔ amedzrowo woava dze dziwò, dukɔ siwo sẽa ŋuta ŋutɔŋutɔ; woaɖe woƒe yiwo ɖe wò nunya ƒe nyonyo ŋu eye woagblẽ kɔ ɖo na wò atsyɔ̃.
8
Woatu asi wò aƒu yɔme, eye àku abe ame tsiaʋa ene le atsiaƒu titina.
9
Ɖe àgagblɔ le ame siwo le wuwòm la ŋkume be: ‘Mawue menye’; togbɔ be amegbetɔ ko nènye, eye mènye mawu o, le ame siwo le abi dem ŋuwò la si mea?
10
Àku bolobolotɔwo ƒe ku le amedzrowo ƒe asi me. Elabe Aƒetɔ Mawu be: Nyee gblɔe.”
11
Aƒetɔ ƒe nya gava nam be:
12
“Amegbetɔ vi, kpa aviha de Tiro-fia nàgblɔ nɛ be, Aƒetɔ Mawu be: Ŋkɔsigɛ si de blibo heyɔ fũu kple nunya lae nènye, eye nèdze ɖeka wu gbɔgblɔ.
13
Ènɔ Eden, Mawu ƒe abɔ la me; kpe xɔasi ɖe sia ɖe nye wò atsyɔ̃ɖonu, karneol, topas kple yaspis, krisolit, soham kple oniks, safir, ametist kple smaragd; wotsɔ sika ɖo wò togawo keŋ, eye wotsɔe do atsyiã vovovowo ɖe ŋuwò. Wowɔ nu siawo le gbe si gbe wowɔ wò.
14
Metsɔ wò ɖo Mawu ƒe to kɔkɔe la dzi le kerubi si wosi ami na wòle nuwo ŋu dzɔm la gbɔ, eye dzokpewo dome nèzɔna.
15
Fɔbubu aɖeke menɔ wò zɔzɔme ŋu tso gbe si gbe wowɔ wò la o, va se ɖe esime wokpɔ nuvɔ̃ɖi wɔwɔ le mewò.
16
Le wò asitsatsa geɖe la me la ŋutasesẽ yɔ mewò, eye nèwɔ nuvɔ̃; eya tae menyà wò ɖa le Mawu ƒe to kɔkɔe la dzi, abe ame si gblẽ kɔ ɖo la ene, eye kerubi si dzɔa nuwo ŋu la nyà wò do goe tso dzokpeawo dome.
17
Dàdagbɔgbɔ va yɔ mewò le wò ɖekadzedze ta; èƒo ɖi wò nunya le ale si nènyakpɔnae ta. Mexlã wò ɖe anyi; mewɔ wò nèzu nukpɔkpɔ na fiawo, ne woakpɔ wò ʋuu wòati ŋku na wò.
18
To wò nuvɔ̃ɖi wɔwɔ gbogbo siwo nèwɔ la me, le wò asi madzɔmadzɔ tsatsa me la, nègblẽ kɔ ɖo na wò kɔkɔeƒewo. Eya tae metɔ dzo aƒe ɖe dziwò wòfiã wò, eye metrɔ wò nèzu dzowɔ le anyigba dzi le ame siwo katã kpɔ wò la ŋkume.
19
Wò nu wɔ nublanui na ame siwo katã dze si wò le dukɔwo dome; wò nuwuwu la dziŋɔ ŋutɔŋutɔ, màganɔ anyi akpɔ o.”
20
Aƒetɔ ƒe nya va nam be:
21
“Amegbetɔ vi, trɔ nàdze ŋgɔ Sidon ne nàɖe gbeƒã ɖe eŋu.
22
Gblɔ be, Aƒetɔ Mawu be: O Sidon, kpɔ ɖa, metso ɖe ŋuwò, eye maɖe nye ŋutikɔkɔe afia le mewò. Woadze sii be, nyee nye Aƒetɔ, ne medrɔ̃ ʋɔnu le eme, eye meɖe nye ŋutikɔkɔe fia le eme.
23
Elabe maɖo dɔ vɔ̃ ɖe eme, eye ʋu anɔ eƒe ablɔwo dzi. Ame siwo wowu la anɔ dua me le yi si wotsɔ ɖe wo ŋu tso akpa sia akpa ta. Ekema woadze sii be, nyee nye Aƒetɔ.”
24
“Ke le Israel-dukɔ la gome la, ŋu si tɔa ame kple aŋɔka si wɔa nu vevi ame la maganɔ dukɔ siwo katã ƒo xlãe, eye womekpɔa wo ɖe naneke me o la dome o. Ekema woadze sii be, nyee nye Aƒetɔ Mawu.”
25
Aƒetɔ Mawu be: “Ne meƒo Israel-dukɔ la nu ƒu tso dukɔ siwo dome wokaka ɖo la dome, eye meɖe nye ŋutikɔkɔe fia le wo dome le dukɔwo ŋkume la, ekema woanɔ woawo ŋutɔ ƒe anyigba si metsɔ na nye dɔla Yakob la dzi.
26
Woanɔ dedie le edzi, eye woatu xɔwo ade waingblewo. Ne medrɔ̃ ʋɔnu ame siwo katã ƒo xlã wo, siwo womekpɔna ɖe naneke me o la, woawo woanɔ anyi bɔkɔɔ. Ekema woadze sii be, nye Aƒetɔ ye nye woƒe Mawu.”
← Chapter 27
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 29 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48