bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ezekiel 31
Ezekiel 31
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 30
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 32 →
1
Le ƒe wui ɖekɛlia me, le ɣleti etɔ̃lia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, Aƒetɔ ƒe nya va nam be:
2
“Amegbetɔ vi, gblɔ na Egipte Fiagã kple etevi gbogboawo be: Wò kple ame kae sɔ le wò gãnyenye me?
3
Kpɔ ɖa, matsɔ wò asɔ ɖe sederti ŋu le Lebanon. Wò alɔwo nyo, èkɔ de dzi hewɔ ave, do vɔvɔli. Wò ɖɔme de alilikpowo me ke.
4
Tsiwo na wòtsi, kpɔ ŋusẽ, eƒe kewo ƒe toyiyi na wòkɔ. Ena eƒe tsiwo tsa ƒo xlã afi si wodoe ɖo. Ena tɔʋuwo sí de avemetiwo katã gbɔ.
5
Ale wòkɔ de dzi wu avemetiwo katã. Eƒe alɔwo tri, eye wòɖe alɔ de didiƒe, esi tsi te eƒe ke me nyuie ta.
6
Dziƒoxeviwo katã wɔ atɔ ɖe eƒe alɔwo me. Gbemelãwo katã dzi vi ɖe eƒe alɔwo te, eye dukɔ gãwo katã nɔ eƒe vɔvɔli te.
7
Eƒe lolome nyakpɔ; eɖe alɔwo yi didiƒe. Elabe eƒe kewo de to kpɔ tsi fũu ŋutɔ.
8
Sederti siwo le Mawu ƒe abɔ me mate ŋu ake ɖi kplii loo, alo sesewu ƒe alɔwo nate ɖe eŋu o. Xetiwo meɖe alɔ abe eya ene o; ati aɖeke medze ani le Mawu ƒe abɔ me de enu o.
9
Nyee wɔe wònyakpɔ le alɔ geɖe si wòɖe la ta, ale ati gbogbo siwo katã le Mawu ƒe abɔ me le Eden la ʋã ŋui.”
10
Eya ta Aƒetɔ Mawu be: “Esi wòkɔ hede dzi, eye eƒe ɖɔme ɖatɔ alilikpowo, wòzu dàda nɛ le dzime ta la,
11
matsɔe ade asi na ŋusẽtɔ aɖe le dukɔwo dome. Eya atu nu kplii kokoko wòade ale si wò vɔ̃ɖii la nu. Metsɔe ƒu gbe.
12
Amedzro siwo dzi ŋɔ wu le dukɔwo dome lae atsoe ƒu anyi, adzo le egbɔ. Eƒe alɔwo adze towo dzi kple baliwo katã me. Eƒe alɔ gãtɔwo afli atsi tɔʋuwo katã me le anyigba la dzi, eye anyigba dzi dukɔwo katã adzo le eƒe vɔvɔli te, agblẽe ɖi.
13
Dziƒoxeviwo katã ava dze ɖe atitakpo la nu, eye gbemelãwo katã ava mlɔ alɔawo dzi.
14
Nu siawo katã awɔe be ati siwo le tɔ to la ƒe ɖeke magakɔ ade dzi bobobo ne eƒe ɖɔme naɖatɔ alilikpowo o, eye ati siwo kpɔ tsi nyuie la ƒe ɖeke magakɔ ade enu o. Elabe wo katã wodzɔ na ku, dzɔ na agbe. Wole yɔme yi ge kple amegbetɔ siwo yi aʋlime la.”
15
Aƒetɔ Mawu be: “Ne eyi tsiẽƒe la, mana agume nafà nɛ. Eƒe tɔsisiwo masí o, eye tsi geɖewo nu atso. Mata avɔ yibɔ na Lebanon le eta, eye gbemetiwo katã ayrɔ le eta.
16
Mana dukɔwo nadzo nyànyanya le eƒe anyidzedze si ɖi la ta. Ne meɖoe ɖe tsiẽƒe kpe ɖe ame siwo yi aʋlime la ŋu, eye ati siwo le Eden kple ati tiatia nyuitɔwo kekeake le Lebanon, esiwo katã noa tsi la, woakpɔ akɔfafa le yɔme.
17
Woawo hã woayi tsiẽƒe kplii. Woayi ame siwo tsi yi nu le aʋa me la gbɔ. Ẽ, ame siwo nɔ eƒe vɔvɔli te le dukɔwo dome la atsrɔ̃.
18
Ame kae sɔ kplii le lolome kple atsyɔ̃ me le ati siwo le Eden la dome? Woatutu wò akpe ɖe ati siwo le Eden la ŋu aɖo ɖe yɔme. Mia kple bolobolotɔwoe amlɔ teƒe ɖeka kpe ɖe ame siwo tsi yi nu le aʋa me la ŋu.” “Egipte Fiagã sia kple etevi gbogboawo ƒe nyae nye esia.” Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.
← Chapter 30
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 32 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48