bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ezekiel 3
Ezekiel 3
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 4 →
1
Egblɔ nam be: “Amegbetɔ vi, ɖu nu si wotsɔ na wò la. Ɖu agbalẽ sia, eye yi nàɖaƒo nu na Israel-dukɔ la.”
2
Ale meke nu, eye wòtsɔ agbalẽa nam be maɖu.
3
Egblɔ nam be: “Amegbetɔ vi, ɖu agbalẽ si metsɔ na wò la. Ðui wòayɔ wò ƒodo.” Tete meɖui. Evivi le nye nu me abe anyitsi ene.
4
Egblɔ nam be: “Amegbetɔ vi, yi Israel-dukɔ la gbɔ ne nàgblɔ nye nyawo na wo.
5
Elabe menye dukɔ si fiana alo kɔkɔna la gbɔe wole dɔwòm ɖo o. Ke Israel-dukɔ la gbɔe.
6
Menye dukɔ geɖe siwo fiana, eye woƒe gbe sesẽ siwo ƒe nyawo gɔme manyase na wò la woe o. Le nyateƒe me nenye woawo gbɔe medɔ wò ɖo ɖa hã, woaɖo to wò.
7
Gake Israel-dukɔ la maɖo to wò o; elabe womelɔ̃na be yewoaɖo tom o. Elabe ŋgonu kplala li na Israel-dukɔ blibo la, eye woƒe dzi ku atri.
8
Kpɔ ɖa, mena wò ŋkume sẽ ɖe woƒe ŋkume ŋu, eye wò ŋgonu le kplala ɖe woƒe ŋgonu ŋu.
9
Mewɔ wò ŋgonu wòsẽ abe ale si lotamekpe sẽ wu kpe sesẽe ene. Mègavɔ̃ wo o, eye woƒe dzedzeme megatso dzika ƒo na wò o. Elabe ƒome dzeaglã wonye.”
10
Gawu la, egblɔ be: “Amegbetɔ vi, lé nya siwo katã gblɔ ge mala na wò la ɖe wò dzime, eye nàsee kple wò towo.
11
Yi aboyome siwo nye mia deviwo la gbɔ nàgblɔ na wo be: ‘Aƒetɔ Mawu be’ woɖasee o, woɖagbe esese o.”
12
Tete Gbɔgbɔ la kɔm ɖe dzi, eye esi Aƒetɔ ƒe ŋutikɔkɔe ho le enɔƒe la, mese anyigbaʋuʋu ƒe hoowɔwɔ gã aɖe le megbenye.
13
Nu gbagbeawo ƒe aʋala siwo nɔ wo nɔewo ŋu kam, tasiaɖamfɔ siwo nɔ wo xa ƒe ɖiɖi woe nɔ hoo wɔm abe anyigbaʋuʋu gã aɖe ene.
14
Gbɔgbɔ la kɔm ɖe dzi, eye wòkplɔm dzoe. Medzo kple dziku helihelĩ le nye gbɔgbɔ xɔdzo me. Aƒetɔ ƒe asi sẽ ɖe dzinye.
15
Meva aboyome siwo nɔ Kebar-tɔsisi la nu le Tel-Abib la gbɔ. Menɔ wo dome le afi ma ŋkeke adrẽ, eye nye nu ku.
16
Le ŋkeke adrẽ megbe la, Aƒetɔ ƒe nya va nam be:
17
“Amegbetɔ vi, meɖo wò dzɔlae na Israel-dukɔ la. Nenye be èse nya tso nunye me la, nàgbe nya na wo nam.
18
Ne mègblɔ na ame vɔ̃ɖi la be: ‘Àku godoo,’ eye mègbe nya nɛ loo, alo xlɔ̃ nui be wòakpɔ eɖokui dzi le eƒe mɔ vɔ̃ dzi, ne wòatsi agbe o la, ame vɔ̃ɖi ma aku ɖe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ me. Ke mabia eƒe ʋu tso asiwò me.
19
Ke ne ègbe nya na ame vɔ̃ɖi la, eye metrɔ tso eƒe vɔɖivɔ̃ɖinyenye me, alo tso eƒe mɔ vlo dzi o la, aku ɖe eƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ me. Ke wò la, èɖe wò agbe.
20
Nenema ke ne nu dzɔdzɔe wɔla dzudzɔ nu dzɔdzɔe wɔwɔ, eye wòwɔ nuvɔ̃ɖi, eye meɖo nu nɛ wòkli la, aku. Elabe mègbe nya nɛ o. Aku le eƒe nuvɔ̃ ta, eye womaɖo ŋku eƒe nu dzɔdzɔe siwo wòwɔ va yi la dzi o. Ke mabia eƒe ʋu tso asiwò me.
21
Evɔ ne ègbe nya na nu dzɔdzɔe wɔla be megawɔ nuvɔ̃ o, eye mewɔ nuvɔ̃ o la, anɔ agbe godoo. Elabe ese nyagbename la, eye wò la, èɖe wò agbe.
22
Aƒetɔ ƒe asi nɔ dzinye le afi ma, eye wògblɔ nam be: “Tso, yi bali la me, eye maƒo nu kpli wò le afi ma.”
23
Ale metsi tsitre heyi bali la me, eye kpɔ ɖa, Aƒetɔ ƒe ŋutikɔkɔe nɔ afi ma abe ŋutikɔkɔe si mekpɔ le Kebar-tɔsisi to ene. Tete metsyɔ mo anyi.
24
Ke Gbɔgbɔ la ge ɖe menye hefɔm ɖe tsitre. Eƒo nu kplim gblɔ be: Yi, tu ɖokuiwò ɖe xɔ me le aƒewò me.
25
Kpɔ ɖa, wò amegbetɔ vi, wole ka tsɔ ge ɖe ŋuwò abla wò ale be màgate ŋu ado ayi ameawo dome o.
26
Mana wò aɖe nalé ɖe wò aŋɔ ŋu, ale be àzu mumu, eye màte ŋu aka mo na wo o. Elabe dukɔ dzeaglã wonye.
27
Ke ne meƒo nu kpli wò la, maʋu nu na wò, eye nàgblɔ na wo be: ‘Aƒetɔ Mawu be’; ame si asee la, nesee; ame si agbe esese la, negbe. Elabe dukɔ dzeaglã wonye.
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 4 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48