bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ezekiel 16
Ezekiel 16
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 15
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 17 →
1
Aƒetɔ ƒe nya gava nam ake be:
2
“Amegbetɔ vi, na Yerusalem nadze si eƒe ŋunyɔnuwo.
3
Gblɔ na Yerusalem be, Aƒetɔ Mawu be: Wò dzɔƒe kple afi si wodzi wò le lae nye Kanaantɔwo ƒe anyigba. Tɔ́wò nye Amoritɔ, eye nɔwò nye Xititɔ.
4
Gbe si gbe wodzi wò la, wometso ƒoƒolika na wò hafi ava yi tsi le ge na wò, ne ŋuwò naɖi o. Womesi dze na wò loo, alo xatsa avɔ ɖe ŋuwò o.
5
Ŋku aɖeke mekpɔ nublanui na wò, ne wòayi nu siawo dometɔ aɖeke wɔ ge na wò, le esi eƒe dɔme trɔ ɖe ŋuwò ta o. Ke boŋ gbe mee wotsɔ wò ƒu gbe ɖo, elabe ènyɔ ŋu na amewo, gbe si gbe wodzi wò la.”
6
“Esi meva to ŋuwò yina kpɔ wò nènɔ mimlim le wò ʋu me la, megblɔ na wò le wò ʋua me be: ‘Nɔ agbe,
7
nàtsi abe gbemeti ene.’ Ètsi, kɔ hezu ɖetugbi. Nète no, eye wò ɖa to. Gake nènɔ amama keŋkeŋ.”
8
“Esi megava to ŋuwò yi helé ŋku ɖe ŋuwò la, kpɔ ɖa, wò srɔ̃ɖeɣi ɖo. Metsɔ nye awu tsyɔ na wò, eye metsyɔ nu wò ama. Ẽ, medo ŋugbe na wò, mebla nu kpli wò, eye nèzu tɔnye. Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.
9
Tete mele tsi na wò, klɔ ʋu le ŋuwò, eye mesi ami na wò.
10
Meta avɔ siwo wotsɔ ka ŋɔŋɔewo lɔ̃e la na wò; lãgbalẽfɔkpa nyuitɔe medo na wò. Meta aklala na wò hetsɔ sedavɔ wɔ taɖedzi na wò.
11
Meɖo atsyɔ̃ na wò kple abɔgɛwo kple kɔwla.
12
Medo ŋɔtigɛ kple togɛ na wò heɖɔ atsyɔ̃fiakuku na wò.
13
Ale wodo sika kple klosalo na wò. Wò nutata nye aklala kple sedavɔ kple avɔ si wotsɔ ka ŋɔŋɔe lɔ̃e la. Wɔ memee, anyitsi kple amie nèɖuna. Ètsi va dze tugbe ale gbegbe heɖu fia.
14
Wò ŋkɔ ɖi hoo le dukɔwo dome le wò tugbedzedze ta, elabe meɖo atsyɔ̃ na wò ale gbegbe.” Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.
15
“Ke wò tugbedzedze si ŋu nègo ɖo la na nèzu gbolo, esi wò ŋkɔ ɖi hoo la ta. Èɖe asi le ɖokuiwò ŋu na ame sia ame si tso eme va yina la le gbolowɔwɔ me.
16
Numadzɔkpɔwoe nèwɔ. Ètsɔ wò avɔ aɖewo ɖo ɖe nuxeƒewo hewɔ gbolo le wo dzi. Nu sia ƒomevi magadzɔ akpɔ o.
17
Sika kple klosalo siwo metsɔ ɖo atsyɔ̃ na wò la ƒe ɖewo hãe nètsɔ wɔ ŋutsu ƒe nɔnɔmewoe, eye nèwɔ gbolo kpli wo.
18
Wò avɔ siwo wotsɔ ka ŋɔŋɔewo lɔ̃e la woe nègba na wo, eye nètsɔ nye ami kple lifi da ɖe woƒe akɔ me.
19
Hekpe ɖe esiawo ŋu la, wɔ memee, ami kple anyitsi siwo metsɔ na wò be nàɖu la woe nètsɔ ɖa nu, wòle ʋeʋẽm lílilĩ, nèda ɖe wo kɔme. Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.
20
Èlé vi siwo nèdzi nam la, ŋutsuviawo kple nyɔnuviawo siaa, sa vɔe na wo be woavuvu wo. Ɖe wò gbolowɔwɔ nye nya vi tso
21
hafi nègamè vinyewo le dzo me abe vɔsalã ene na woa?
22
Le wò ŋunyɔnuwo kple gbolowɔwɔ me la, mèɖo ŋku wò ɖevime, ɣeyiɣi si me nènɔ amama keŋkeŋ, nɔ mimlim le wò ʋu me la dzi o.”
23
Aƒetɔ Mawu be: “Baba na wò, baba na wò. Le wò vɔɖivɔ̃ɖinyenye megbe la,
24
ètu trɔ̃xɔ na ɖokuiwò, eye nèwɔ nuxeƒewo ɖe afi sia afi le kpɔdomeewo.
25
Le ablɔ sia ablɔ ƒe dzogoe dzi la, èɖo nuxeƒe anyi tsɔ wò tugbedzedze wɔ gboloe. Èɖe asi le ɖokuiwò ŋu na ame sia ame si tso eme va yina la, eye nèdzi wò gbolowɔwɔ ɖe edzi.
26
Ègawɔ gbolo kple wò aƒelika Egiptetɔ siwo nyɔnunya vivina na la. Èna wò gbolowɔwɔ do gã ɖe edzi be nàtsɔ do dziku nam.
27
Eya ta kpɔ ɖa, maɖe alɔka me ɖe ŋuwò. Maɖiɖi wò gomekpɔkpɔ ɖe anyi, eye matsɔ wò ade asi na wò futɔ siwo meɖia ƒo o la, Filisti-nyɔnuwo ƒe viwo, esiwo wò ŋukpenanu siwo wɔm nèle le ŋu kpem na la.
28
Èwɔ gbolo kple Asiriatɔwo hã, elabe mèɖi ƒo o. Nyateƒee, nèwɔ gbolo kpli wo, gake mede na wò o.
29
Wò gbolowɔwɔ dzi ɖe edzi de Kaldea-nyigba, si nye asitsanyigba la dzi. Esia hã meɖi ƒo na wò o.”
30
Aƒetɔ Mawu be: “Ale ke gbegbe wò dzi di lɔlɔ̃ yomee! Mekpɔ wò nèwɔ nu siawo katã abe gbolo ŋumakpetɔ ene;
31
ètu trɔ̃xɔwo ɖe ablɔ ɖe sia ɖe ƒe dzogoe dzi, eye nèwɔ nuxeƒe ɖe kpɔdomeewo katã. Ke wò gbolowɔwɔ to vovo elabe mèxɔa ga o.
32
Srɔ̃nyɔnu wɔahasi, si dɔna kple amedzrowo ɖe srɔ̃a teƒe!
33
Ŋutsuwo naa nu gbolowo katã, ke wò boŋ ye tsɔa wò nu naa wò lɔlɔ̃tɔwo katã. Esiae nèwɔna hetsɔna hea wo be woanyè zi ɖe dziwò tso afi sia afi awɔ gbolo kpli wò.
34
Eya ta wò gbolowɔwɔ to vovo tso nyɔnu bubuwo tɔ gbɔ: Womedia ahiã wò, naa ga wò be nàwɔ gbolo o. Wò la, ɖeko nèɖea asi le ɖokuiwò ŋu na wo faa. Eya tae nèto vovo ɖo.”
35
“Eya ta wò gbolo, se Aƒetɔ ƒe nya:
36
Aƒetɔ Mawu be: Esi wò ŋukpegoe gbã, eye nèɖe ama ɖokuiwò le wò gbolowɔwɔ me le wò ahiãviwo gbɔ, eye le wò legbawo kple viwòwo ƒe ʋu si nètsɔ sa vɔe na wo ta la,
37
eya ta, kpɔ ɖa, maƒo wò ahiãviwo katã nu ƒu, ame siwo se vivi kpli wò, esiwo katã nèlɔ̃ kple esiwo nèlé fui. Maƒo ƒu wo ɖe ŋuwò tso afi sia afi. Maklo avɔ le ŋuwò le wo ŋkume, eye woakpɔ wò ama me.
38
Madrɔ̃ ʋɔnu wò abe ale si wodrɔ̃a ʋɔnu nyɔnu siwo gblẽa srɔ̃ɖeɖe me, eye wokɔa ʋu ɖi la ene, eye mana dɔmedzoe kple ŋuʋaʋã ƒe ʋu nanɔ wò ta dzi.
39
Matsɔ wò ade asi na wò ahiãviwo. Woagbã wò trɔ̃xɔwo, eye woamu wò nuxeƒewo aƒu anyi. Woaɖe avɔ kple atsyɔ̃ɖonuwo le ŋuwò, agblẽ wò ɖi nàtsi amama keŋkeŋ.
40
Woayɔ amehawo ɖe ŋuwò, woaƒu kpe wò, eye woafli wò kakɛkakɛe kple yi.
41
Woatɔ dzo wò xɔwo, eye woada tohehe ɖe dziwò le nyɔnu geɖewo ŋkume. Mana nàdzudzɔ gbolowɔwɔ, eye màgana naneke wò ahiãviwo azɔ o.
42
Ale mawɔe be nyemagabi dzi ɖe ŋuwò o. Nyemagaʋã ŋu ɖe tawò o. Nye dzi adze eme, nyemagado dziku azɔ o.
43
Elabe mèɖo ŋku wò ɖevime dzi o; ke boŋ nètsɔ nu siawo katã do dziku nam. Eya ta kpɔ ɖa, maɖo wò nuwɔnawo teƒe na wò.” Aƒetɔ Mawu ye gblɔe. “Ɖe mèwɔ ŋukpenanu kpe ɖe wò ŋunyɔnuawo ŋu oa?
44
Kpɔ ɖa, ame sia ame si doa lo la, ado lo sia na wò be: ‘Ale si vi nɔ le la, nenemae via nyɔnuvi nɔna.’
45
Nɔwò ƒe vie nènye vavã, eya ame si gbe srɔ̃a kple viawo. Nèle pɛpɛpɛ abe nɔviwò nyɔnu bubuawo ene. Woawo hã atsugbelawo kple vigbelawo wonye. Xititɔe nye mia nɔ, eye mia tɔ́ nye Amoritɔ.
46
Nɔviwò nyɔnu tsitsiae nye Samaria. Eya kple via nyɔnuwoe nɔ wò dzigbeme. Ke ƒoewò si nɔ wò anyigbeme kple via nyɔnuviwo lae nye Sodom.
47
Ke nu si nèkpɔ le wo gbɔ la meɖi ƒo na wò loo, alo be nàwɔ woƒe ŋunyɔnuawo ɖeɖe ko o. Eteƒe medidi o, èva gblẽ wu wo le wò nuwɔnawo katã me.
48
Aƒetɔ Mawu be: Zi ale si mele agbe la, nɔviwò nyɔnua Sodom kple via nyɔnuwo mewɔ esia gbegbe abe esi wò kple viwò nyɔnuwo miewɔ la ene o.
49
Kpɔ ɖa, nɔviwò nyɔnu Sodom ƒe fɔɖiɖie nye be: Eya kple via nyɔnuwo dàna, ɖua nu tsu, ɖua agbe vivivo. Ke womekpena ɖe ame dahewo kple hiãtɔwo ŋu o.
50
Wokpɔa wo ɖokui, eye wowɔa ŋunyɔnuwo le ŋkunye me. Eya ta meɖe wo ɖa esi mekpɔe.
51
Samaria mewɔ wò nuvɔ̃wo ƒe afã gɔ̃ hã o. Èwɔ ŋunyɔnuwo wu wo, eye nèwɔe woɖi nu dzɔdzɔe wɔlawo to wò ŋunyɔnu gbogbo siwo nèwɔ la me.
52
Wò hã ŋukpe nenɔ dziwò. Elabe wò wɔnawo na wotsò na nɔviwò nyɔnuawo be wo tɔ dzɔ. Elabe le wò nuvɔ̃ siwo me nèwɔ nu ŋunyɔtɔe wu wo le, me la, wo tɔ dzɔ wu tɔwò. Eya ta wò hã ŋu nekpe wò, eye ŋukpe nenɔ dziwò; elabe nèna nɔviwò nyɔnuawo dzé nu dzɔdzɔe wɔlawoe.”
53
“Magaɖo wo te: Sodom kple via nyɔnuwo ƒe nunyonamewo, Samaria kple via nyɔnuwo ƒe nunyonamewo siaa te. Magaɖo wò ŋutɔ wò nunyonamewo te le wo dome,
54
be wò ŋukpe nanɔ dziwò, eye ŋu nakpe wò le nu siwo katã nèwɔ wotrɔ zu woƒe akɔfafa la ta.
55
Le nɔviwò nyɔnuwo Sodom kple via nyɔnuwo gome la, woagaɖo woƒe nɔnɔme tsãtɔ me, eye Samaria kple via nyɔnuwo hã woagaɖo woƒe nɔnɔme tsãtɔ me. Nenema ke wò kple viwò nyɔnuviwo hã miagaɖo miaƒe nɔnɔme tsãtɔ me.
56
Ɖe mèɖe alɔ me le nɔviwò nyɔnu Sodom ŋu le ɣeyiɣi si me nènɔ dàdam,
57
hafi woklo nu le wò vɔɖivɔ̃ɖinyenye dzi oa? Fifia wò kplii miesɔ. Miezu kokoe na Edom-nyɔnuviwo kple eƒe aƒelikawo katã, eye miegaɖi naneke le Filisti-nyɔnuvi siwo ƒo xlã mi, doa vlo mi la gbɔ o.
58
Àkpɔ tohehe le wò ŋukpenanuwo kple ŋunyɔnu siwo nèwɔ la ta.” Aƒetɔ lae gblɔe.
59
Ẽ, Aƒetɔ Mawu be: “Matu nu kpli wò abe ale si èwɔ la ene; wò si do vlo atam la to nubabla la tutu me.
60
Ke maɖo ŋku nu si mebla kpli wò le wò ɖevime la dzi, eye mabla nu mavɔ kpli wò.
61
Ekema àva ɖo ŋku wò nuwɔnawo dzi, eye ŋu akpe wò, nenye be metsɔ nɔviwò nyɔnu tsitsia kple esi dzɔ ɖe yowòme na wò, abe viwò nyɔnuawo ene. Ke menye le nu si mebla kpli wò la ta o.
62
Mabla nu kpli wò, eye ànya be nyee nye Aƒetɔ,
63
be nàte ŋu aɖo ŋku edzi, eye wò nu naku. Màte ŋu agake nu o, le wò ŋukpe ta, nenye be metsɔ nu siwo katã nèwɔ la ke wò.” Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.
← Chapter 15
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 17 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48