bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ezekiel 21
Ezekiel 21
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 20
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 22 →
1
Aƒetɔ ƒe nya va nam be:
2
“Amegbetɔ vi, dze ŋgɔ Yerusalem, nàgblɔ ɖe kɔkɔeƒewo katã ŋu; ɖe gbeƒã ɖe Israel-nyigba la ŋu.
3
Gblɔ na Israel-nyigba la be, Aƒetɔ be: Kpɔ ɖa, metsi tre ɖe ŋuwò, eye maɖe nye yi le aku me. Matsrɔ̃ nu dzɔdzɔe wɔlawo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa ɖa.
4
Esi mele nu dzɔdzɔe wɔlawo kple ame vɔ̃ɖiwo lã ge ɖa tae nye yi le dodo ge le aku me ɖo, ɖe ŋutilãwo katã ŋuti tso anyigbeme yi dzigbeme.
5
Ŋutilãwo katã adze sii be nye Aƒetɔ ye he nye yi ɖe go tso aku me. Nyemegale etrɔ ge ade aku me o.
6
Eya ta, amegbetɔ vi, nɔ hũ ɖem abe ame si ƒe dzi gbã, eye wòle konyi fam la ene le wo ŋkume.
7
Ne wobia wò be: ‘Nu ka ƒe hũ ɖem nèle?’ la, gblɔ na wo be: ‘Gbedeasi la tae. Ne eɖo dzi la, ame sia ame ƒe dzi agbã, alɔwo agbɔdzɔ, ame sia ame ƒe gbɔgbɔ ayi to, eye klowo katã azu belii abe tsi ene. Kpɔ ɖa, egbɔna, eye ele eme va ge.’ ” Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.
8
Aƒetɔ ƒe nya va nam be:
9
“Amegbetɔ vi, ɖe gbeƒã nàgblɔ be, Aƒetɔ la be: Yi, wonyre yi aɖe, eye wosi ami hã nɛ.
10
Wonyree ɖe amewuwu ŋu, wosi ami nɛ wòle dzo dam abe dzikedzo ene. Alo ɖe mianɔ dzidzɔ kpɔma? Vinye, èdo vlo ameƒoti kple atinu ɖe sia ɖe.
11
Eya tae woɖe yi ɖe go be woasi ami nɛ, woalée ɖe asi. Wonyree hesi ami nɛ be woatsɔe de asi na amewula la.
12
Amegbetɔ vi, fa avi nàƒu asi nu. Elabe etsi tre ɖe nye dukɔ la ŋu, Israel ƒe amegãwo katã ŋue wòtsi tre ɖo. Wotsɔ nye dukɔ la de asi na yi. Eya ta ƒo aklito.
13
Elabe menye dodokpɔ wòanye o. Nu ka ameƒoti agate ŋu awɔ ne miedo vloe?” Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.
14
“Eya ta amegbetɔ vi, ɖe gbeƒã. Ƒo asikpoloe, eye nàna yi la nadza nu zi eve, ẽ zi etɔ̃ hã. Yi si awu ame siwo wòawu lae, yi si awu ame gbogbowo la, eyae ɖe to ɖe wo;
15
bene woƒe dzi nalólo, eye amewo adze anyi ɖe woƒe agbowo nu. Metsɔ yi si le dzo dam la na. O, wowɔe abe dzikedzo ene, wosi ami nɛ hena amewuwu.
16
Lã nu le ɖusime kple miame afi si wò nu trɔ ɖo ko.
17
Nye hã maƒo asikpoloe, eye nye dziku nu afa. Nye Aƒetɔ lae gblɔe.”
18
Aƒetɔ ƒe nya gava nam ake be:
19
“Amegbetɔ vi, ta mɔ eve na Babilon-fia ƒe yi ne wòato edzi ava. Wo kple eve la siaa natso anyigba ɖeka dzi ava. Wɔ dzesi si afia mɔ la ɖe wo dzi. Wɔe ɖe afi si mɔawo dze egɔme tsoe ɖo ta du sia me.
20
Ɖe mɔ ɖeka va Amontɔwo de le Raba, ɖeka nava Yuda, eye ɖeka nava Yerusalem, du si ŋu wotɔ glikpɔ sesẽ ɖo la.
21
Elabe Babilon-fia le tsitre ɖe mɔ dzeve la nu le dzesi siwo le mɔawo fiam la gbɔ. Etɔ ɖe mɔ dzeveawo ƒe gɔmedzeƒe be yeaka afa. Eʋuʋu aŋutrɔawo, bia gbe aklama kpakpɛwo, eye wòlé ŋku ɖe lã ƒe aklã ŋu.
22
Nu si wodzidze ɖe Yerusalem ŋu la va dze eƒe ɖusime, be woatu nu siwo woatsɔ agbã gli, woaƒu asi nu ado ɣli sesĩe hoo. Woatu nu si woatsɔ gbã gli la ɖe eƒe agbowo ŋu. Woaƒu kpo ɖe dua ŋu, atu dzɔlawo ƒe xɔ kɔkɔwo.
23
Woawo woabui be afa la meɖi o; woka atam na wo nɔewo. Ke eya le ŋku ɖo ge woƒe fɔɖiɖiwo dzi ale be wòana woalé wo asiasii.”
24
“Eya ta Aƒetɔ Mawu be: Elabe miena woɖo ŋku miaƒe fɔɖiɖi dzi, esime woklo nu le miaƒe dzidadawo dzi, ale be miaƒe nuvɔ̃wo le dzedzem le miaƒe wɔnawo keŋ me. Elabe esi miena woɖo ŋku edzi la, woalé mi le wo me.
25
Ke wò Israel-megã, ame vɔ̃ɖi makɔmakɔ, wo ame si ƒe ŋkeke ɖo edzi la, wò tohehe mamlɛa nye esi.
26
Aƒetɔ Mawu be: Ɖe wò tablanu, ɖe wò fiakuku. Nuwo maganɔ alea o. Mido ame gblɔe ɖe dzi, eye miaɖiɖi amegã la ɖe anyi.
27
Aƒedo, aƒedo, aƒedoe mawɔe. Womagakpɔ enɔƒe adze sii o, va se ɖe esime ame si tɔ wònye ava, eye matsɔe nɛ.”
28
Azɔ wò amegbetɔ vi, ɖe gbeƒã nàgblɔ be: “Aƒetɔ Mawu gblɔ nya ɖe Amontɔwo ŋu le woƒe alɔmeɖeɖe ŋuti be: Yi, wohe yi ɖe go na amewuwu. Wosi ami nɛ be wòaklẽ, eye wòada dzo abe dzikedzo ene.
29
Wole alakpaŋutega kpɔm na mi, wole aʋatsofa kam na mi be woatsɔ mi aɖo kɔ dzi na ame vɔ̃ɖi makɔmakɔ siwo ƒe ŋkeke de, siwo ƒe toheɣi mamlɛa ɖo.
30
Trɔ wò yi la de aku me. Mele ʋɔnu drɔ̃ ge wò le teƒe si wowɔ wò le, le anyigba si dzi nèdzɔ tso la.
31
Maɖe ale si wò nu gblẽ ŋunye la afia wò. Matrɔ nye dziku akɔ ɖe dziwò, eye maƒlɔ nye dɔmedzoe ƒe dzo ɖe ŋuwò. Matsɔ wò ade asi na ŋutasẽlawo, ame siwo gblẽa ame kple aɖaŋu.
32
Àtrɔ zu nake le dzo me. Wò ʋu anɔ sisím le anyigba dzi. Womagaɖo ŋku dziwò akpɔ o.” Elabe nye Aƒetɔ lae gblɔe.
← Chapter 20
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 22 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48