bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ezekiel 14
Ezekiel 14
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 13
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 15 →
1
Tete Israel-metsitsi aɖewo va gbɔnye va nɔ ŋkunye me.
2
Aƒetɔ ƒe nya va nam be:
3
“Amegbetɔ vi, ŋutsu siawo va kple woƒe dzimelegbawo, eye woƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ siwo nye nukikli la le ŋkume na wo. Ɖe maɖe mɔ be woava bia gbema?
4
Eya ta ƒo nu kpli wo nàgblɔ na wo be, Aƒetɔ Mawu be: Ŋutsu sia ŋutsu si tso Israel-dukɔ la me, si lé eƒe legba ɖe dzime, eye eƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ nye nukikli le eŋkume, hafi va Mawu ƒe gbeƒãɖela gbɔ la, nye Aƒetɔ ŋutɔe aɖo nya ŋu nɛ; le eƒe legbawo ƒe agbɔsɔsɔ ta.
5
Ale be nye asi nasu Israel-dukɔ ƒe ame siwo katã ʋu le yonyeme le woƒe legbawo ta la ƒe dziwo dzi.”
6
Eya ta gblɔ na Israel-dukɔ la be, Aƒetɔ Mawu be: “Mitrɔ dzime, mitrɔ le miaƒe legbawo yome, eye miɖe kɔ ɖa le miaƒe ŋunyɔnuwo katã ŋu.
7
Elabe Israel vi, alo amedzro si le Israel-nyigba dzi, si te ɖa le ŋunye helé eƒe legbawo ɖe dzime, eye wòtsɔ eƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ wɔ nuklinu ɖe mo, gake wòto egbɔ va Mawu ƒe gbeƒãɖela gbɔ be yeabia nu tso gbɔnye la, nye Aƒetɔ ŋutɔe laɖo nya ŋu nɛ.
8
Makpe akɔ kplii, atsɔ ŋutsu ma awɔ dzesi ado hameloe. Matsrɔ̃e ɖa le nye dukɔ la dome, ne miadze sii be, nyee nye Aƒetɔ.
9
Ke ne gbeƒãɖela aɖe kpɔ kpɔfuflu, eye wògblɔ nya aɖe la, nye Aƒetɔ ye flu gbeƒãɖela ma. Mado nye asi ɖe egbɔ, eye matsrɔ̃e ɖa le nye dukɔ Israel dome.
10
Woatsɔ woƒe tohehe, ale si gbeƒãɖela la ƒe tohehe le la, nenemae ame si va gbe bia ge hã tɔ anɔ.
11
Ale be Israel-dukɔ magatra mɔ tso gbɔnye loo, alo agblẽ kɔ ɖo na wo ɖokui kple woƒe dzidadawo azɔ o; bene woanye nye dukɔ, eye manye woƒe Mawu.” Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.
12
Aƒetɔ ƒe nya va nam be:
13
“Amegbetɔ vi, ne anyigba aɖe wɔ nuvɔ̃ ɖe ŋunye, megaxɔ dzinye se o, eye mekɔ nye alɔ dzi ɖe eŋu hegblẽ mɔ si dzi wòtona kpɔa abolo, hena dɔ to le afi ma, eye metsrɔ̃ amewo kple lãwo le edzi,
14
nenye be ŋutsu etɔ̃ siawo: Noa, Daniɛl kple Hiob gɔ̃ hã nɔ eme la, woaɖe woawo ŋutɔ ƒe agbe le woƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ ta. Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.
15
Ne medɔ lã wɔadãwo ɖe anyigba la dzi, be woagblẽ nu, ne wòazu gbegbe, be lãwo nawɔe be ame aɖeke mate ŋu ado mo ɖe afi ma o,
16
nenye be ŋutsu etɔ̃ siawo kura gɔ̃ hã nɔ eme la, zi ale si mele agbe la, nye Aƒetɔ Mawu mebe: Womaɖe viŋutsu alo vinyɔnu o, negbe woawo ɖeɖe ko woaɖe; ke anyigba la azu gbegbe.
17
Alo ne mehe yi ɖe asi yi anyigba ma dzi, hegblɔ be yi netsrɔ̃ amewo kple lãwo siaa le edzi,
18
togbɔ be ŋutsu etɔ̃ siawo nɔ eme hã la, nye Aƒetɔ Mawu mebe, zi ale si mele agbe la, womaɖe viŋutsu alo vinyɔnu o, negbe woawo ɖeɖe ko.
19
Alo ne meɖo dɔ vɔ̃ ɖe anyigba ma dzi hetrɔ nye dɔmedzoe kple ʋu kɔ ɖe edzi, ne woatsrɔ̃ amewo kple lãwo,
20
ne Noa, Daniɛl kple Hiob gɔ̃ hã nɔ eme la, nye Aƒetɔ Mawu mebe, zi ale si mele agbe la, womaɖe viŋutsu alo vinyɔnu o. Woawo ŋutɔ ƒe agbe ko woaɖe to woƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ me.”
21
Elabe Aƒetɔ Mawu be: “Ale ke wòanɔ ne meɖo tohehe sesẽ ene ɖe Yerusalem: yi, dɔwuame, lã wɔadãwo kple dɔ vɔ̃, be matsrɔ̃ amewo kple lãwo?
22
Ke ne ame aɖewo tsi agbe le edzi be woakplɔ viŋutsuwo kple vinyɔnuwo do goe, ne wova do ɖe mia gbɔ, eye miekpɔ woƒe zɔzɔme kple nuwɔnawo la, miafa akɔ na mia ɖokui le dzɔgbevɔ̃e si mehe va Yerusalem dzi kple nu siwo katã mehe va edzii la ta.
23
Woafa akɔ na mi, ne miekpɔ woƒe zɔzɔme kple nuwɔnawo, eye miadze sii be nyemewɔ nu siwo katã mewɔ ɖe eŋu la dzodzro o.” Nye Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.
← Chapter 13
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 15 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48