bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ezekiel 44
Ezekiel 44
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 43
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 45 →
1
Tete wòkplɔm, trɔ va kɔkɔeƒe ƒe agbo si le kɔto, eye wòdze ŋgɔ ɣedzeƒe la nu; ke wotu agbo la.
2
Egblɔ nam be: “Ele be agbo sia nanɔ tutu. Mele be woaʋui o, eye ame aɖeke mato eme age ɖe eme o. Elabe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu to enu ge ɖe eme, eya ta ele be wòanɔ tutu.
3
Amegã la koe ate ŋu anɔ eme aɖu abolo le Aƒetɔ ŋkume. Ele be wòato agbo la ƒe akpata la xa age ɖe eme, eye wòagado to afi ma ke.”
4
Ekplɔm emegbe to agbo si le dzigbeme me heva gbedoxɔ la nu, eye kpɔ ɖa, esi melé ŋku ɖe eŋu la, mekpɔ Aƒetɔ ƒe ŋutikɔkɔe wòyɔ Aƒetɔ ƒe gbedoxɔ la taŋ. Tete metsyɔ mo anyi.
5
Aƒetɔ gblɔ nam be: “Amegbetɔ vi, lé ŋku ɖe nu siawo ŋu, nàkpɔ wo nyuie kple wò ŋku, eye nàlé to ɖe nu siwo katã gblɔ ge mala na wò tso Aƒetɔ ƒe gbedoxɔ la ƒe ɖoɖowo kple eƒe sewo ŋu la nyuie. Nàde dzesi ame siwo ƒomevi wòle be woaɖe mɔ na woage ɖe gbedoxɔ la me kple esiwo wòle be woaxe mɔ na tso kɔkɔeƒe la gbɔ.
6
Gblɔ na Israel-dukɔ dzeaglã la be, Aƒetɔ Mawu be: O, Israel-dukɔ, mitsɔ miaƒe ŋunyɔnuawo katã se afi aɖe dzro,
7
elabe miekplɔa amedzrowo, bolobolotɔwo kple ame siwo gbe dzimetɔtrɔ la, vaa nye kɔkɔeƒe la hegblẽa kɔ ɖo nɛ; ne mietsɔ ami kple ʋu sa vɔe hetsɔ nye nuɖuɖu nam la. Mietu nye nubabla la hekpe ɖe miaƒe ŋunyɔnuawo katã ŋu.
8
Miegbe nye nu kɔkɔeawo dzi kpɔkpɔ. Ke mietsɔ amedzrowo ɖo nye nuwo nu le nye kɔkɔeƒe la.”
9
Aƒetɔ Mawu be: “Eya ta amedzrovi bolobolotɔ, esi metso aʋa le ŋutilã kple dzime o, le amedzro siwo katã le Israel-dukɔ la me la, mage ɖe nye kɔkɔeƒe la o.
10
Ke Levitɔ siwo tra yi adzɔge le gbɔnye, eye wobu mɔ dze legbawo yome esime Israel tra mɔ la, woawoe axɔ woƒe tohehe.
11
Woawoe asubɔ le nye kɔkɔeƒe la, adzɔ gbedoxɔ la ƒe agbowo nu, eye woasubɔ le gbedoxɔ la me. Woawoe awu numemevɔsalã, asa vɔ ɖe dukɔ la nu, eye woanɔ dukɔ la ŋu asubɔ wo.
12
Aƒetɔ Mawu be esi wosubɔ wo le woƒe legbawo gbɔ, eye wotrɔ zu nukikli na Israel-dukɔ la wòwɔ nuvɔ̃ ta la, meka atam ɖe wo ŋu be woahe to na wo.
13
Mele be woate ɖe ŋunye, asubɔm abe nunɔlawo ene loo, ate ɖe nye nu kɔkɔe aɖeke ŋu loo, alo nu kɔkɔewo ƒe kɔkɔetɔwo ƒe ɖeke ŋu o. Ke boŋ le ŋunyɔnu siwo wowɔ ta la, ele be ŋu nakpe wo.
14
Togbɔ be ele alea hã la, maɖo wo dɔ nu le gbedoxɔ la me, be woanɔ subɔsubɔdɔ siwo katã hiã be woawɔ la wɔm le eme.”
15
“Ke nunɔla siwo nye Levi viwo tso Zadok ƒe ƒome la me, ame siwo subɔ le nye kɔkɔeƒe la esime Israelviwo tra le yonyeme la, woate ɖe ŋunye asubɔm. Woatsi tsitre ɖe ŋkunye me atsɔ ami kple ʋu asa vɔe nam. Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.
16
Woawoe age ɖe nye kɔkɔeƒe la, ate ɖe nye kplɔ̃ ŋu, asubɔm, eye woakpɔ nye dɔwo dzi.
17
Ne woge ɖe xɔxɔnu emetɔ ƒe agbowo me la, ele na wo be woado aklalawuwo; lãfuvɔwu aɖeke meganɔ wo ŋu esime wole subɔsubɔdɔ wɔm le xɔxɔnu emetɔ ƒe agbowo kple xɔ la me o.
18
Ele be aklalatablanu nanɔ wo ta, eye woado aklalagbotɛ. Womegatsɔ naneke si nana be fifia tea ame la bla ali dzi o.
19
Nenye be wodo go yi ɖe dukɔ la gbɔ le xɔxɔnu si le kɔto la, ele be woaɖe awu siwo me wonɔ subɔ la da ɖe xɔvi kɔkɔeawo me, eye woado awu bubuwo; ne womagatsɔ woƒe awu awɔe be dukɔ la ŋuti nakɔ o.
20
Mele be woalũ ta kolikoli alo ana woƒe ɖa nato ʋluyaa o. Ke boŋ woafiã ta woasɔ dzaa ko.
21
Mele be nunɔla aɖeke nano wain ne wòle gegem ɖe xɔxɔnu si le eme la me o.
22
Mele be woaɖe ahosi alo nyɔnu si wogbe la o. Ke boŋ woaɖe ɖetugbi leaƒe tso ƒome si tso Israel-dukɔ la me loo, alo ahosi si nye nunɔla aɖe srɔ̃ kpɔ.
23
Ele na wo be woafia vovototo si le nu kɔkɔe kple nu makɔmakɔ dome, eye woafia nye dukɔ la be woade vovototo nu si medza o kple esi dza la dome.
24
Woawoe adrɔ̃ nya ne dzre dzɔ, eye woadrɔ̃e ɖe nye ɖoɖowo nu. Woakpɔ nye sewo kple ɖoɖowo dzi le ŋkekenyui siwo katã meɖo la dzi, eye ele be woawɔ nye dzudzɔgbe la wòanɔ kɔkɔe.
25
Mele be woate ɖe ame kuku ŋuti agblẽ kɔ ɖo na wo ɖokui o. Ke woate ŋu awɔe nenye be wo tɔ́ alo wo nɔ, wo viŋutsu alo wo vinyɔnu, wo nɔviŋutsu alo wo nɔvinyɔnu si meɖe srɔ̃ o la ku.
26
Nenye be egblẽ kɔ ɖo alea la, ele nɛ be wòaxlẽ ŋkeke adrẽ na eɖokui, ekema eŋuti kɔ.
27
Gbe si gbe wòge ɖe kɔkɔeƒe la, heyi ɖe xɔxɔnu si le eme be yeasubɔ la, nesa nuvɔ̃vɔ ɖe eɖokui ta.” Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.
28
“Domenyinu aɖeke manɔ wo si o. Nyee nye woƒe domenyinu, eye migana gomekpɔkpɔ aɖeke wo le Israel o. Nyee nye woƒe gome.
29
Woawoe aɖu nuɖuɖuvɔsa, nuvɔ̃vɔsa kple fɔɖiɖivɔsa, eye nu sia nu si wotsɔ na Mawu le Israel, esi amewo mekpɔ mɔ aɖu o la, anye wo tɔ.
30
Nuku gbãtɔwo katã taɖeɖe ɖe sia ɖe kple adzɔ siwo katã miana la, nanye nunɔlawo tɔ. Mitsɔ miaƒe amɔwɔ gbãtɔwo na nunɔlawo, ne yayra nanɔ mia ƒeme.
31
Nunɔlawo mekpɔ mɔ aɖu lã alo xe kuku aɖeke o, eɖanye ɖe woku le wo ɖokui si loo, alo nue lé wo o.”
← Chapter 43
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 45 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48