bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Isaiah 1
Isaiah 1
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 2 →
1
Yesaya, Amoz vi ƒe ŋutega si wòkpɔ. Eku ɖe Yuda kple Yerusalem ŋu, esime Uziya, Yotam, Axaz kple Xizkiya nye fiawo le Yuda-nyigba dzi.
2
Aƒetɔ be: “Dziƒowo, misee! Anyigba, ɖo to nàsee! Menyi viwo, wotsi vɔ, ke wodze aglã ɖe ŋunye.
3
Nyitsu nyaa ame si tɔ wònye, eye tedzi nyaa afi si eƒe aƒetɔ daa nuɖuɖu ɖo nɛ. Gake Israel menyam o; nye dukɔ mesea nu gɔme nam o.”
4
Baba na dukɔ wɔnuvɔ̃ si dzi fɔɖiɖi li kɔ ɖo la. Nu vɔ̃ɖi wɔlawo ƒe dzidzimeviwo, vi gbegblẽwo. Wogblẽ Aƒetɔ ɖi, wodo vlo Israel ƒe Kɔkɔetɔ la, wotrɔ megbe dee.
5
Nu ka ta miegale aglãdzedze dzi, be woanɔ mia ƒoƒo dzi? Ta blibo la dze dɔ. Nu te dzi blibo la ŋu keŋkeŋ.
6
Tso afɔƒome va se ɖe dzodome, ƒoƒe aɖeke megali o. Abi, dodro kple abi yeye siwo le ʋu ɖuɖum koe li. Womeyɔ tsi le abiawo me o, womebla wo o, eye womeɖe ami ɖe wo wobɔbɔ o.
7
Miaƒe anyigba zu gbegbe, eye dzo fiã miaƒe duwo. Miaƒe ŋkume ale ko, amedzrowo xɔ miaƒe anyigba le mia si, wòzu gbegbe, abe ale si amedzrowo gblẽa nui ene.
8
Zion vinyɔnu ɖeka tsi anyi abe agbadɔ le waingble me ene, abe mlɔƒe le dzamatregble me ene, abe du si woƒo xlãe la ene.
9
Ðe menye Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae susɔ ame ʋɛ aɖewo ɖi na mí o la, anye ne míanɔ abe Sodom ene, eye míaɖi Gomora.
10
Mi Sodom-dziɖulawo, mise Aƒetɔ ƒe nya! Mi Gomoratɔwo, miɖo to miase mía Mawu ƒe nufiafia.
11
Aƒetɔ be: “Nu kae mawɔ kple miaƒe vɔsasa gbogboawo? Agbo siwo miemèna saa vɔe nam kple nyivi damiwo ƒe ami ti kɔ nam. Nyiwo, alẽviwo kple gbɔ̃tsuwo ƒe ʋu va wu tsɔtsɔ nam.
12
Ne mieva be yewoado ɖe ŋkunye me la, ame kae bia tso mia si be miava nɔ afɔɖi ƒom nye xɔxɔnuwo?
13
Migatsɔ nu dzodzro va sa vɔe azɔ o; dzudzɔdodoa nye ŋunyɔ nam. Ke ku ɖe dzinu yeyewo, dzudzɔgbewo kple gbeƒãɖeɖe takpegbewo ƒe ŋkekenyuiwo ŋu la, nyemate ŋu atsɔ nuvɔ̃ɖi wɔwɔ kple subɔsubɔtakpekpewo o.
14
Nye luʋɔ lé fu miaƒe dzinu yeyewo kple ŋkekenyuiwo. Wozu agba nam, eye wowu tsɔtsɔ nam.
15
Ne mieke abɔwo me la, maɣla ŋkume ɖe mi. Ne miedo gbe ɖa kakaka hã la, magbe esese, elabe miaƒe asi ƒo ʋu blibaa.
16
Mile tsi, miwɔ mia ɖokui dzadzɛ. Miɖe miaƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiwo ɖa le ŋkunye me. Midzudzɔ nuvɔ̃ɖi wɔwɔ!
17
Misrɔ̃ nu nyui wɔwɔ, eye midi nu dzɔdzɔe wɔwɔ. Miɖe ameteɖeanyi ɖa; miʋli tsyɔ̃eviwo ta, eye miɖe kuku ɖe ahosiwo nu.”
18
Aƒetɔ be: “Miva ne míalé nya la kpɔ. Togbɔ be miaƒe nuvɔ̃wo le abe nyagãdzĩ ene hã la, woafu abe ɖetifu ene. Togbɔ be wobiã abe aɖabɛ ene la, woafu abe alẽfu ene.
19
Ne mielɔ̃ ɖo to la, miaɖu nu nyuitɔwo tso anyigba la me.
20
Evɔ ne miegbe, hedze aglã la, yi aɖu mi. Elabe Aƒetɔ ye ke nu gblɔe.”
21
Ao! Ale ke wɔ du si wɔa nuteƒe, eye nya dzɔdzɔe gbɔgblɔ nɔ eme la va zu gboloe! Nu dzɔdzɔe wɔwɔ nɔ eme tsã; ke azɔ la, hlɔ̃dolawo sɔŋ koe le eme.
22
Wò klosalo zu gamí, eye wotsɔ tsi dzro wò wain.
23
Wò amegãwo va zu aglãdzelawo kple fiafitɔwo xɔlɔ̃wo. Wo dometɔ ɖe sia ɖe lɔ̃a zãnu, eye wodia nunanaxɔxɔ vevie. Womeʋlia tsyɔ̃eviwo ta o, eye wometsɔa ɖeke le eme na ahosiwo o.
24
Eya ta azɔ la, nya si gblɔm Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, Israel ƒe Mawu Ŋusẽtɔ lae nye esi. Ebe: “Aléle! Mavo tso nye ketɔwo si me, eye mabia hlɔ̃ nye futɔwo.
25
Matrɔ nye asi ɖe ŋuwò, eye malólo wò gamí abe akaŋu wotsɔ wɔe ene, eye maɖe wò tsumíwo katã ɖa.
26
Magaɖo ʋɔnudrɔ̃lawo na mi abe tsã ene kple aɖaŋuɖolawo na mi abe le blema ene. Emegbe woagayɔ wò be nu dzɔdzɔe wɔwɔ ƒe du kple du wɔnuteƒe.”
27
Woaɖe Zion to ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ me, eye ame siwo trɔ dzime le eme la, woaɖe wo to nu dzɔdzɔe wɔwɔ me.
28
Ke woagbã aglãdzelawo kple nuvɔ̃wɔlawo siaa, eye ame siwo gblẽ Aƒetɔ ɖi la nu ayi.
29
Ŋu akpe mi le ati gã siwo ŋu miekpɔ dzidzɔ le la ŋu, eye miaƒe mo atsi dãa le trɔ̃bɔ siwo mietia la ŋu.
30
Elabe miawo ŋutɔ mianɔ abe ati gã si yrɔ kple abɔ si mekpɔ tsi o la ene.
31
Ame sesẽ la azu gbe ƒuƒu, eye eƒe dɔwɔwɔ anɔ abe dzoxi ene. Wo kple eve la siaa woalé dzo, eye ame aɖeke manɔ anyi atsii o.
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 2 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52
53
54
55
56
57
58
59
60
61
62
63
64
65
66