bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Isaiah 50
Isaiah 50
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 49
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 51 →
1
Aƒetɔ be: “Afi ka mia nɔ ƒe srɔ̃gbegbalẽ si metsɔ gbee la le? Alo nye fetɔwo dometɔ ka medzra mi na? Kpɔ ɖa, miaƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔwo tae wodzra mi ɖo. Miaƒe dzidadawo tae wogbe mia nɔ ɖo.
2
Nu ka ta ame aɖeke menɔ afi ma esi meva o? Nu ka ta meyɔ ame, ame aɖeke metɔ nam o? Ðe nye abɔ tò ɖe eme ale gbegbe be mate ŋu aɖe ame oa? Alo ɖe ŋusẽ mele asinye be nyemate ŋu aɖe ame oa? Kpɔ ɖa, ne medze agbo la, atsiaƒu miena. Menaa tɔsisiwo zua kegbegbe. Wo me lãawo ƒaƒãna, ʋẽna kũu elabe tsi miena le wo ŋu, eye tsikɔwuame nana be wokuna.
3
Metaa avɔ yibɔ na dziƒowo, eye metsyɔa akpanya na wo.”
4
Aƒetɔ Mawu tsɔ nusrɔ̃la ƒe aɖe nam ale be mate ŋu atsɔ nya ado ŋusẽ ame si ŋu ɖeɖi te la. Enyɔam ŋdi sia ŋdi, ʋua to nam be maɖo to abe nusrɔ̃la ene.
5
Aƒetɔ Mawu ʋu to nam, eye nyemedze aglã alo de megbe o.
6
Meɖo dzime ɖi na ameƒolawo. Metrɔ to me na gehelawo. Nyemeɣla nye ŋkume be woagado vlom, eye woatu ta ɖe mo nam o.
7
Elabe Aƒetɔ Mawu kpena ɖe ŋunye eya ta gbɔgblɔ mebu ɖem o. Ale mena nye mo sẽ abe kpe sesẽ ene, eye menya be ŋu makpem o,
8
elabe ame si tsoa afia nam la tsɔ ɖe gbɔnye kpuie. Ame kae ahe nya kplim? Mina mí katã míatsi tsitre. Ame kae nye nye futɔ? Mina wòate ɖe ŋunye!
9
Kpɔ ɖa, Aƒetɔ Mawu ye kpena ɖe ŋunye. Ame kae abu fɔm? Kpɔ ɖa, wo katã anyunyɔ abe avɔ ene; agbagblaʋui aɖu wo.
10
Mia dometɔ kae vɔ̃a Aƒetɔ, eye wòɖoa to eƒe dɔla ƒe gbe, ame kae le viviti me zɔm, eye kekeli aɖeke meklẽna nɛ o, evɔ wòɖoa dzi ɖe Aƒetɔ ŋkɔ ŋu, eye wòziɔna ɖe eƒe Mawu ŋu?
11
Kpɔ ɖa, mi ame siwo katã doa dzo, eye mieƒlɔa dzo ɖo, mizɔ le miaƒe dzo ƒe keklẽ nu kple dzo si mieƒlɔ ɖo la nu. Nu si miakpɔ tso asinye me lae nye esi: Miamlɔ anyi ɖe funyafunya me.
← Chapter 49
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 51 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52
53
54
55
56
57
58
59
60
61
62
63
64
65
66