bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Isaiah 66
Isaiah 66
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 65
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
1
Aƒetɔ be: “Dziƒo nye nye fiazikpui, eye anyigba nye nye afɔɖodzinu. Xɔ ka ƒomevie miate ŋu atu nam, eye teƒe kae magbɔ ɖe eme le?
2
Nye asie metsɔ wɔ nu siawo katã, eya ta tɔnyee nye wo katã. Aƒetɔ lae gblɔe. Ke ame si ŋu malé ŋku ɖo lae nye esi: ame si bɔbɔa eɖokui le gbɔgbɔ me, eye wòvɔ̃a nye nyawo la.”
3
“Ame si wu nyitsu la sɔ kple ame si wu ame. Ame si tsɔ alẽvi sa vɔe la sɔ kple ame si tro kɔ le avu nu. Ame si sa nuɖuɖuvɔ la sɔ kple ame si tsɔ haʋu sa vɔe. Ame si tɔa dzo lifi la sɔ kple ame si kafua trɔ̃. Ale ame siawo wɔa nu si woawo ŋutɔ dina la, eye woƒe luʋɔ kpɔa dzidzɔ le ŋunyɔnu siwo wowɔna la ŋu.
4
Nye hã matia fukpekpe na wo, eye mana nu si wovɔ̃na la nadzɔ ɖe wo dzi. Elabe meyɔ ame; ke ame aɖeke meɖo tom o. Ke boŋ wowɔ nuvɔ̃ɖi le ŋkunye me, eye wowɔ nu si ŋu nyemekpɔ dzidzɔ le o.”
5
Mi ame siwo vɔ̃a Aƒetɔ ƒe nya, miɖo to miasee. Aƒetɔ be: “Miawo ŋutɔ mia nɔvi siwo lé fu mi, eye wogbe mi le tanye la be: ‘Mina woade bubu Aƒetɔ ŋu ale be míakpɔ dzidzɔ si miekpɔ.’ Evɔ la, woawo boŋ wole ŋukpe do gee.”
6
“Miɖo to! Hoowɔwɔ aɖe le dua me. Gbe aɖe ɖi tso gbedoxɔ me. Aƒetɔ ƒe gbee! Ele to hem na eƒe futɔwo!”
7
“Edzi vi hafi va lé ku; edzi viŋutsuvi hafi fu va ɖui.
8
Ame kae se nya sia tɔgbe kpɔ? Ame kae kpɔ nu siawo tɔgbe kpɔ? Ɖe anyigba aɖe ate ŋu adzɔ gbe ɖekaa? Ɖe dukɔ aɖe hã ate ŋu adzɔ le aɖabaƒoƒo ɖeka mea? Gake Zion ya lé ku, eye wòdzi viawo enumake.
9
Aƒetɔ le biabiam be: Ɖe maʋu vidzidɔ nu, eye womadzi vi oa? Ɖe nye, ame si nana be wodzia vi la, ɖe maxe vidzidɔ nua?” Mia Mawu lae gblɔe.
10
“Mi ame siwo katã lɔ̃ Yerusalem ƒe nya! Mikpɔ dzidzɔ kplii! Mitso aseye ɖe eŋu! Mi ame siwo katã fa konyi kplii. Midzɔ dzi kplii kple aseyetsotso.
11
Miwɔ esia ne miano eƒe no, ne wòafa akɔ na mi; ale be mianoe kple dzidzɔ wòade na mi tso eƒe ŋutikɔkɔe ƒe agbɔsɔsɔ la me.”
12
Aƒetɔ be: “Kpɔ ɖa, mana nu nadze dzi nɛ abe tɔsisi ene, eye dukɔwo ƒe kesinɔnuwo ava nɛ abe tɔʋu si gba go ene, eye miano no, woalé mi ɖe axada me, eye mianɔ eƒe ata ta.
13
Ale si vi nɔ faa akɔ na viae la, nenema mafa akɔ na mii. Woana miaƒe dzi nadze eme le Yerusalem.
14
Miakpɔe, eye dzi adzɔ mi. Miaƒe ƒuwo amlo abe gbe dama ene. Ekema woadze sii be Aƒetɔ léa be na ame siwo subɔnɛ, eye wòdoa dziku ɖe eƒe futɔwo ŋu.”
15
“Elabe Aƒetɔ ava le dzo me, eye eƒe tasiaɖamwo le abe ahomya ene. Aɖe eƒe dziku afia kple adã, eye wòanyra le dzo ƒe aɖe me.
16
Aƒetɔ atsɔ dzo adrɔ̃ ʋɔnu eye wòaɖe eƒe yi ɖe ŋutilãwo katã dzi. Ame siwo Aƒetɔ awu la asɔ gbɔ ŋutɔ.”
17
“Ame siwo kɔa wo ɖokui ŋu, eye wowɔa wo ɖokui dzadzɛ, be yewoage ɖe abɔwo me, hekplɔ nu si le abɔa titina la ɖo, be yewoaɖu halã kple ŋunyɔnu la kpakple afiwo la, wo katã woatsrɔ̃.” Aƒetɔ lae gblɔe.
18
“Elabe menya woƒe dɔwɔnawo kple woƒe susuwo. Megbɔna mava ƒo dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo katã nu ƒu, eye woava kpɔ nye ŋutikɔkɔe la.
19
Mawɔ dzesi ɖe wo dome. Maɖo agbetsilawo tso wo dome ɖe dukɔwo, ɖe Tarsis, Put kple Lud, siwo daa aŋutrɔ; ɖe Tubal, Yavan kple ƒukpo siwo le keke didiƒe ʋĩi ke hã dzi. Ame siwo mese ŋkɔnye kpɔ, eye womekpɔ nye ŋutikɔkɔe hã kpɔ o. Woaɖe gbeƒã nye gãnyenye le dukɔwo dome.
20
Woakplɔ mia nɔviwo katã tso dukɔwo katã dome vɛ abe nunana ene na Aƒetɔ. Woanɔ sɔwo dzi, tasiaɖamwo kple apakawo me, eye bubuwo anɔ tedzisɔwo kple kposɔwo dzi ava Yerusalem, nye to kɔkɔe la dzi. Anɔ abe ale si Israelviwo dea nuɖuɖuvɔsa nu dzadzɛwo me tsɔna vaa Aƒetɔ ƒeme ene. Aƒetɔ lae gblɔe.
21
Mawɔ wo dometɔ aɖewo nunɔlawoe, eye ɖewo anye Levi viwo.” Aƒetɔ lae gblɔe.
22
Aƒetɔ be: “Ale si dziƒo yeyeawo kple anyigba yeye si wɔ ge mala la anɔ ŋkunye mee la, nenemae miaƒe dzidzimeviwo kple miaƒe ŋkɔ anɔ anyii.
23
Ava eme be tso dzinu yeye yi dzinu yeye, eye tso dzudzɔgbe yi dzudzɔgbe la, amegbetɔwo katã ava ŋkunye me, asubɔm.” Aƒetɔ lae gblɔe!
24
“Ne wodzo yina la, woakpɔ ame siwo dze aglã ɖe ŋunye la ƒe kukuawo, elabe woƒe nyéwo maku o, eye dzo si le womem la hã matsi gbeɖe o. Wo kpɔkpɔ anye ŋunyɔ na amegbetɔƒomea katã.”
← Chapter 65
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52
53
54
55
56
57
58
59
60
61
62
63
64
65
66