bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Isaiah 19
Isaiah 19
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 18
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 20 →
1
Gbedeasi ɖe Egipte ŋu. Kpɔ ɖa, Aƒetɔ do alilikpo si le du dzi sesĩe la gbɔna ɖe Egipte. Egipte-legbawo adzo nyànyanya le eŋkume, eye dzi aɖe le Egiptetɔwo ƒo.
2
Mana avu nadzɔ ɖe Egiptetɔ kple Egiptetɔ dome. Nɔvi kple nɔvi, havi kple havi, du kple du, fiaɖuƒe kple fiaɖuƒe awɔ aʋa.
3
Dzi aɖe le Egiptetɔwo ƒo keŋkeŋ, eye matɔtɔ woƒe ɖoɖowo. Woabia nu legbawo, dzotɔwo, ŋɔliyɔlawo kple afakalawo.
4
Matsɔ Egipte ade asi na aƒetɔ sesẽ aɖe, eye fia ŋutasẽla aɖe aɖu wo dzi. Aƒetɔ Mawu, Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe.
5
Tsi amie le Nil-tɔsisi me, eye tɔsisi la amie, aƒu kplakplakpla.
6
Eƒe tsimɔɖeɖewo aʋẽ kũu; Nil-tɔsisi le Egipte ƒe alɔdzewo nu atso, amie, eye ava kple keti ayrɔ.
7
Gbe avɔ le Nil to, gbe avɔ le eƒe azizãnu. Nuku siwo katã wodo ɖe Nil to la afiã; ya alɔ wo ɖe nu, eye woavɔ ɖa.
8
Tɔƒodelawo axa nu, ame siwo doa ƒè le Nil me la afa konyi, eye ame siwo kplɔa ɖɔ le tɔwo me la, nu ate wo ŋu.
9
Ŋukpe alé ame siwo trea anazi kple ame siwo lɔ̃a aklala la, eye woabu mɔkpɔkpɔ.
10
Woagbã ame siwo nye dukɔa ƒe sɔtiwo la, eye apaɖilawo katã axa nu.
11
Zoan-megãwo nye bometsilawo sɔŋ; Egipte Fiagã ƒe adaŋudela nyanuawo gblɔa tagbɔkukunya. Ale ke miate ŋu agblɔ na Egipte Fiagã be: “Nunyalawo ƒe vie menye, blemafiawo ƒe dzidzimevie menye” mahã?
12
Ke egbe ɖe, afi ka wò nunyalawo le? Na ne woagblɔ nu si Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la ɖo ɖe Egipte ŋu la na wò.
13
Zoan-megãwo zu bometsilawo, Memfis-megãwo flu wo ɖokui. Wo, ame siwo nye woƒe towo ƒe dzogoedzikpe la kplɔ Egipte trae.
14
Aƒetɔ na gbɔgbɔ aɖe tɔtɔ wo, eye wòna Egipte le ya mum le eƒe nuwɔwɔwo katã me, abe ahamulae tru kɔ ɖi le eme zɔm ene.
15
Ale nuwɔwɔ aɖeke mele Egipte si ta kple asikɛ, deʋaya kple keti, nayi wɔwɔ ge o.
16
Ɣe ma ɣi la, Egiptetɔwo anɔ abe nyɔnuwo ene. Ne wokpɔ Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la, wòkɔ asi dzi ɖe wo ŋu la, vɔvɔ̃ aɖo wo, woadzo nyànyanya.
17
Yuda-nyigba la azu ŋɔdzi na Egiptetɔwo. Ne woyɔ Yuda ŋkɔ le Egiptetɔ aɖe gbɔ la, vɔvɔ̃ aɖoe, wòadzo nyànyanya le nugbe si Aƒetɔ ɖo ɖe eŋu la ta.
18
Ɣe ma ɣi la, du atɔ̃ agblɔ Kanaan-gbe le Egipte-nyigba dzi. Du siawo aka atam na Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la. Woayɔ du siawo dometɔ ɖeka be Ɣedu.
19
Ɣe ma ɣi la, vɔsamlekpui anɔ Egipte-nyigba titina na Aƒetɔ, eye sɔti anɔ eƒe liƒo dzi na Aƒetɔ.
20
Nu sia anye dzesi kple ɖaseɖiɖi na Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la le Egipte-nyigba dzi. Ne ameteɖeanyilawo te wo ɖi, eye wodo ɣli yɔ Aƒetɔ la, aɖo xɔnametɔ ɖe wo be wòaʋli wo ta ahaɖe wo.
21
Aƒetɔ aɖe eɖokui afia Egiptetɔwo, eye Egiptetɔwo adze si Aƒetɔ ɣe ma ɣi. Woatsɔ akpedadavɔsa kple numemevɔsa asubɔe. Woaɖe adzɔgbe na Aƒetɔ, eye woawɔ edzi.
22
Aƒetɔ ahe to na Egiptetɔwo, ke ana woagahaya. Woatrɔ ɖe eŋu, eye wòaɖo to woƒe gbedodoɖa ayɔ dɔ wo.
23
Ɣe ma ɣi la, mɔ tata anɔ Egipte kple Asiria dome. Dukɔ eve siawo me tɔwo ayi wo nɔewo gbɔ, eye woawɔ ɖeka asubɔ Aƒetɔ ɖekae.
24
Ɣe ma ɣi la, Israel anye dukɔ etɔ̃lia akpe ɖe Egipte kple Asiria ŋu, eye woanye yayra anɔ anyigba blibo la titina.
25
Wonye dukɔ siwo Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la yra gblɔ be: “Meyra wò, nye dukɔ Egipte kple wò Asiria si mewɔ kpakple wò Israel, si nye nye domenyinu.”
← Chapter 18
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 20 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52
53
54
55
56
57
58
59
60
61
62
63
64
65
66