bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Isaiah 54
Isaiah 54
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 53
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 55 →
1
Aƒetɔ be: “Wò konɔ, si medzi vi kpɔ o, dzi ha! Wò, ame si melé ku kpɔ o, dzi ha sesĩe! Elabe nyɔnu tre ƒe viwo asɔ gbɔ wu nyɔnu srɔ̃tɔ tɔwo.
2
Keke wò agbadɔ ƒe nɔƒe ɖe nu, eye nàhe wò agbadɔvɔwo me yi megbe; mègahe wo va akɔ me o. He kaawo me, eye nàƒo tsyotiawo ɖe to sesĩe.
3
Elabe àkeke ta ayi ɖusime kple miame. Wò dzidzimeviwo axɔ dukɔwo ƒe anyigba, eye woanɔ du siwo zu aƒedo la me.
4
Mègavɔ̃ o, elabe ŋu makpe wò o. Wò mo megatsi dãa o, elabe ŋukpe malé wò o. Elabe àŋlɔ wò ɖetugbime ŋukpe be, eye màgaɖo ŋku vlo si wodo wò esime nènye ahosi la dzi o.
5
Elabe Wɔwòlae nye srɔ̃wò. Eŋkɔe nye Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla. Israel ƒe Kɔkɔetɔ lae nye wò Ɖela. Woyɔnɛ be anyigba blibo la ƒe Mawu.
6
Elabe Aƒetɔ yɔ wò abe srɔ̃nyɔnu si srɔ̃a gblẽ ɖi wòle nu xam alo ɖekakpuimesrɔ̃ si wogbe la ene. Wò Mawu lae gblɔe.
7
Megblẽ wò ɖi vie ko; ke matsɔ nublanuikpɔkpɔ gã akplɔ mi aƒo ƒui.
8
Medo dɔmedzoe, trɔ megbe de wò vie ya; ke matsɔ lɔlɔ̃ si nu metsina o la akpɔ nublanui na wò. Nye Aƒetɔ, wò Ɖelae gblɔe.
9
Elabe esia le nam abe Noa ƒe ŋkekewo ene. Ale si meka atam be nyemagana tsi naɖɔ aɖe anyigba azɔ o la, nenemae meka atam be nyemagado dziku ɖe ŋuwò agaka mo na wò azɔ o.
10
Elabe towo ate ŋu ate ɖa, eye woaɖe togbɛwo ɖa; ke nye amenuveve mate ɖa le ŋuwò o, eye nye ŋutifafa nubabla maɖe ɖa o. Aƒetɔ, ame si kpɔa nublanui na wò lae gblɔe.
11
“Wò fukpela, si nyamam ahom le, wò ame si womefa akɔ na o, kpɔ ɖa, mele kpe ŋɔŋɔewo tsɔ ge aɖo gɔwòme anyii, eye matsɔ safirkpe aɖo wò gɔmeɖokpewoe.
12
Mana wò xɔta ƒe tsutsyɔẽƒewo nanye gbloti, wò agbowo nanye soe, eye wò gliwo katã nanye kpe xɔasiwo.
13
Aƒetɔ afia nu viwòwo katã, eye agbenɔnɔ adze dzi na viwòwo nyuie.
14
Woatsɔ nu dzɔdzɔe wɔwɔ ali ke wò, eye ame aɖeke mate wò ɖe anyi akpɔ o, elabe màvɔ̃ o. Naneke mate ɖe ŋuwò ado ŋɔdzi na wò o.
15
Ne ame aɖe di dzre le ŋuwò la, menye nyee dɔe o. Ame sia ame si awɔ avu kpli wò la, atsi asiwò me.
16
Kpɔ ɖa, nyee wɔ gbede ame si ƒlɔa akadzo ɖo, eye wòtua lãnu ɖe nu si wòbe yeatsɔe awɔe nu. Nye kee wɔ nugblẽla hã be wòagblẽ nu.
17
Lãnu sia lãnu si woɖo tu ɖe ŋuwò la madze edzi o. Ame siwo katã tso ɖe ŋuwò hekplɔ wò yi ʋɔnui la, manɔ te ɖe nuwò o. Aƒetɔ ƒe dɔlawo ƒe domenyinu nye esia, eye matso afia na wo.” Aƒetɔ lae gblɔe.
← Chapter 53
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 55 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52
53
54
55
56
57
58
59
60
61
62
63
64
65
66