bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Isaiah 62
Isaiah 62
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 61
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 63 →
1
Le Zion ta, nyemazi ɖoɖoe o, eye le Yerusalem ta, nyemagbɔ ɖe eme o va se ɖe esime woatso afia nɛ wòadze abe kekeli ene, eye eƒe xɔname nabi abe akakati ene.
2
Dukɔwo akpɔ ale si wotso afia na wò, eye fiawo katã akpɔ wò ŋutikɔkɔe. Woayɔ ŋkɔ yeye si Aƒetɔ ŋutɔ ake nu ayɔ na wò la na wò.
3
Ànye fiakuku si nyakpɔ le Aƒetɔ ƒe asi me kple fia ƒe tablanu le wò Mawu ƒe asi me.
4
Womagayɔ wò azɔ be ame si wogbe o, alo woayɔ wò anyigba be nyɔnu si wogblẽ ɖi o. Ke boŋ woayɔ wò be, mekpɔ dzidzɔ le eŋu, eye woayɔ wò anyigba be, srɔ̃nyɔnu; elabe Aƒetɔ kpɔa dzidzɔ le ŋuwò, eye woaɖe wò anyigba abe srɔ̃ ene.
5
Elabe ale si ɖekakpui ɖea ɖetugbii la, nenema viwò ŋutsuwo aɖe wòe. Ale si ŋugbetɔsrɔ̃ kpɔa dzidzɔ le ŋugbetɔ ŋui ene la, nenema wò Mawu akpɔ dzidzɔ le ŋuwòe.
6
Yerusalem, meɖo dzɔlawo wò gliwo dzi. Womazi ɖoɖoe le ŋkeke me alo le zã me akpɔ o. Mi ame siwo ɖoa ŋku nu dzi na Aƒetɔ, migagbɔ ɖe eme o.
7
Migana eya hã nagbɔ ɖe eme o, va se ɖe esime wòɖo Yerusalem te, eye wòna wòxɔ ŋkɔ le anyigba blibo la dzi.
8
Aƒetɔ ta nu kple eƒe nuɖusi, kpakple eƒe abɔ sesẽ la be: “Nyemagatsɔ wò bli na wò futɔwo woaɖu azɔ o, eye amedzrowo magano wò wain si ŋu nèkpe fu ɖo la azɔ o.
9
Ke boŋ ame siwo xaa nukuawo la, woawoe aɖu wo, eye woakafu Aƒetɔ. Ame siwo ƒoa wain tsetseawo nu ƒu la, woawoe ano wain le nye kɔkɔeƒe ƒe xɔxɔnuwo.”
10
Mido yi! Mido to agboawo me yi! Midzra mɔ dzi ɖo na dukɔa. Mita mɔ; mido mɔ gã la! Miɖe kpewo ɖa le edzi! Mikɔ aflaga ɖe dzi na dukɔwo.
11
Kpɔ ɖa, Aƒetɔ ɖe gbeƒã wòde anyigba ƒe mlɔenu ke be: Migblɔ na Zion vinyɔnu be: “Kpɔ ɖa, wò xɔname gbɔna. Kpɔ ɖa, eƒe fetu kpe ɖe eŋu, eye eƒe teƒeɖoɖo dze eŋgɔ.”
12
Woayɔ wò be Dukɔ kɔkɔe, Aƒetɔ ƒe ame siwo woɖe, eye woayɔ wò ya be Du si ƒe nya wodina, du si womegblẽ ɖi o.
← Chapter 61
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 63 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52
53
54
55
56
57
58
59
60
61
62
63
64
65
66