bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Isaiah 40
Isaiah 40
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 39
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 41 →
1
“Mifa akɔ! Mifa akɔ na nye dukɔ!” Mia Mawue gblɔe.
2
Miƒo nu na Yerusalem kple lɔlɔ̃. Mido ɣli ɖo ɖee be eƒe aʋawɔwɔ wu enu. Wotsɔ eƒe vodada kee. Exɔ eƒe nuvɔ̃wo katã ŋu fetu zigbɔzi eve tso Aƒetɔ ƒe asi me.
3
Gbe aɖe le ɖiɖim be: “Miɖe mɔ le gbedadaƒo na Aƒetɔ! Miwɔ mía Mawu ƒe mɔ gã la le kegbegbe la wòadzɔ.
4
Bali ɖe sia ɖe me akɔ dzi. To sia to kple togbɛ sia togbɛ anyè ɖe eme. Anyigba masɔmasɔwo asɔ, eye teƒe tsakliwo azu zɔzrɔ̃e.
5
Ekem woaɖe Aƒetɔ ƒe ŋutikɔkɔe afia, eye amegbetɔƒomea katã aƒo ƒu akpɔe, elabe Aƒetɔ ƒe nue gblɔe.”
6
Gbe aɖe ɖi be: “Ðe gbeƒã!” Mebia be: “Nya ka maɖe gbeƒãe?” Amegbetɔƒomea katã le abe gbe ene, eye eƒe agbenɔɣi katã le abe seƒoƒo le abɔ me tɔ ene.
7
Gbe ƒuna, eye seƒoƒo yrɔna ne Aƒetɔ ƒe gbɔgbɔ gbɔ ɖe wo. Nyateƒee, amegbetɔ la, gbee wònye.
8
Gbe ƒuna, eye seƒoƒo yrɔna, ke mía Mawu ƒe nya la ya anɔ anyi tegbee.
9
Wò Zion, du nyui xɔvɛla, lia to kɔkɔ la! Wò Yerusalem, du nyui xɔvɛla, kɔ wò gbe dzi kple ŋusẽ! Kɔe dzi, mègavɔ̃ o. Gblɔ na Yuda-duwo be: “Mia Mawu lae nye esi!”
10
Kpɔ ɖa, Aƒetɔ Mawu gbɔna kple ŋusẽ, eye eƒe alɔ aɖu fia ɖe enu. Kpɔ ɖa, fetu le esi, eye teƒeɖoɖo le eŋgɔ.
11
Anyi eƒe alẽha abe alẽkplɔla ene. Aƒo ƒu alẽviawo ɖe eƒe abɔwo dome, eye wòakɔ wo ɖe akɔ nu. Akplɔ alẽnɔ nonalawo ɖɔɖɔɖɔ.
12
Ame kae tsɔ asiʋlo dzidze tsi kpɔ, alo tsɔ asi dzidze dziƒowo kpɔ? Ame kae tsɔ nudonui do ʋuʋudedi kpɔ alo da towo kple togbɛwo le nudanu me kpɔ?
13
Ame kae fia nu si Aƒetɔ ƒe gbɔgbɔ awɔ lae kpɔ? Ame kae azu eƒe aɖaŋuɖola afia nui?
14
Ame kae wòde adaŋu kplii kpɔ bene wòafia sidzedze ye, eye wòafia nui ku ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ŋu kpɔ? Ame kae wòde adaŋu kplii kpɔ bene wòafia nunya kple nugɔmesese ye?
15
Kpɔ ɖa, dukɔwo le abe tsi si gena toŋtoŋ le ze ŋu la ene. Wobua wo abe ʋuʋudedi le nudanu me ene. Kpɔ ɖa, ƒukpowo le eŋkume abe ʋuʋudedi biɖibiɖi si ya ƒo la ene.
16
Lebanon-tiwo gɔ̃ hã mesu dzododo o, eye eƒe avemelãwo hã mede numemevɔsa o.
17
Dukɔwo katã meɖi naneke le eŋkume o. Ebu wo nu maɖinu kple nu dzodzrowoe.
18
Ekema ame ka koŋ ŋue miatsɔ Mawu asɔ ɖo? Alo nu ka ƒe dzedzeme ŋue miatsɔe asɔ ɖo?
19
Legbae loo? Aɖaŋudɔwɔlae kɔ̀nɛ, sika ŋu nunyala faa sika ɖe eŋu, eye klosalo ŋu nunyala dea kɔsɔkɔsɔ eŋu.
20
Ame ɖoko si mate ŋu ana nu sia o la, tiaa ati manyunyɔ na eɖokui. Edia aɖaŋudɔwɔla nyanu aɖe bene wòali legba aɖe si mamu o la na ye.
21
Mienya oa? Miesee oa? Ðe womegblɔe na mi tso gɔmedzedzea me ke oa? Ɖe miekpɔ anyigbagɔmeɖoanyila la dze sii oa?
22
Eya ame si bɔbɔ nɔ anyigba nogo la tame, eye edzinɔlawo le dzedzem abe ʋetsuviwo ene; eya ame si he dziƒowo me abe avɔ falɛfalɛ ene, eye wòkeke wo me abe avɔgbadɔ ene be yeanɔ wo me.
23
Eya ame si na amegãwo zu nu maɖinuwo, eye wòɖi gbɔ anyigba dzi ʋɔnudrɔ̃lawo.
24
Womekpɔdo wo gɔ̃ hã o, womekpɔƒã wo hã o, eye woƒe ati meƒo ke ɖe to me gɔ̃ hafi wògbɔ ɖe wo dzi, eye woƒu o. Tete ahomya lɔ wo dzoe abe gbe ƒuƒu ene.
25
Tete Kɔkɔetɔ la be: Ekema ame ka koŋ ŋue miatsɔm asɔ ɖo be masɔ kplii?
26
Mifɔ mo dzi ne miakpɔ ɖa! Ame kae wɔ nu siawo? Ame si kplɔa woƒe aʋakɔ doa goe, eye wònya woƒe xexlẽme heyɔa wo dometɔ ɖe sia ɖe ŋkɔ. Le eƒe ŋusẽ triakɔ kple ŋutete ta la, wo dometɔ aɖeke mebu o.
27
Yakob, nu ka ta nèle nu ƒom? Israel, ɖe nèle gbɔgblɔm be: “Nye mɔ le ɣaɣla ɖe Aƒetɔ, eye nye Mawu meléa ŋku ɖe nye nya dzɔdzɔe ŋu o” mahã?
28
Mienya oa? Miesee oa? Aƒetɔ la, Mawu mavɔ wònye; Xexeme blibo la Wɔlae. Nu metia kɔ nɛ o, ɖeɖi hã metea eŋu o. Eƒe nunya me dzodzro tsitotsito meli o.
29
Edoa ŋusẽ ame siwo nu ti kɔ na, eye wòdzia ame beliwo ƒe ŋusẽ ɖe edzi.
30
Nu ati kɔ na sɔhɛwo gɔ̃ hã, eye ɖeɖi ate wo ŋu. Ɖekakpui kekeake hã agbɔdzɔ, adze anyi.
31
Ke ame siwo kpɔa mɔ na Aƒetɔ ya la, akpɔ ŋusẽ yeye. Woasa agba ayi dzi ʋĩi abe hɔ̃ ene. Woaƒu du, ɖeɖi mate wo ŋu o; woazɔ azɔli, womagbɔdzɔ o.
← Chapter 39
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 41 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52
53
54
55
56
57
58
59
60
61
62
63
64
65
66