bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Isaiah 41
Isaiah 41
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 40
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 42 →
1
Mi ƒukpowo, minɔ anyi kpoo miaɖo tom. Mina dukɔwo nakpɔ ŋusẽ yeye. Mina woate va aƒo nu. Mina mí katã míate va ʋɔnu.
2
Ame kae fɔ dziɖula tso ɣedzeƒe? Ame kae tsɔ dukɔwo de asi le eŋkume? Ame kae na wòle dukɔwo dzi ɖum, eye wòle fiawo fanyam kple afɔ? Ewɔa wo abe ʋuʋudedi ene kple eƒe yi, eye wòwɔa wo abe gbe ƒuƒu le ya nu ene kple eƒe dati.
3
Etia wo yome; etoa mɔ la dedie, eƒe afɔ mekaa anyi o.
4
Ame kae wɔ esia, wu enu, eye wòyɔ dzidzimewo tso keke gɔmedzedzea me ke? Nye Aƒetɔ, nyee nye gbãtɔ, eye nye kee nye mlɔetɔ.
5
Ƒukpowo kpɔe; vɔvɔ̃ ɖo wo. Anyigba ƒe mlɔenuwo ʋuʋu, eye wote va.
6
Ame sia ame kpena ɖe ehavi ŋu, eye wògblɔna na nɔvia be: “Lé dzi ɖe ƒo!”
7
Aɖaŋudɔwɔla doa ŋusẽ sika ŋu nunyala, eye ame si téa nu kple zu la doa ŋusẽ ame si le nu dzi ƒom le zukpe dzi hegblɔna le nu si tsyiam wòle la ŋu be: “Enyo.” Woƒoa gatagbadzɛ ɖee sesĩe, ale be mate ŋu aʋã o.
8
Ke wò Israel, nye dɔla, Yakob, wò ame si metia, xɔ̃nye Abraham ƒe dzidzimevi.
9
Wò, si mekplɔ tso anyigba ƒe mlɔenuwo ke, eye meyɔ wò tso keke eƒe dzogoewo dzi ke hegblɔ na wò be: “Nye dɔla nènye; metia wò, eye nyemegbe wò o.”
10
Mègavɔ̃ o, elabe meli kpli wò! Ŋɔ megadzi wò o, elabe nyee nye wò Mawu! Mado ŋusẽ wò; makpe ɖe ŋuwò. Matsɔ nye dziɖuɖu ƒe nuɖusi alé wò ɖe te.
11
Kpɔ ɖa, ame siwo katã do dɔmedzoe ɖe ŋuwò la, ŋu akpe wo eye woƒe mo atsi dãa. Ame siwo ke ɖi kpli wò la aɖi gbɔ, eye woatsrɔ̃.
12
Àdi ame siwo wɔ avu kpli wò; ke màkpɔ wo o. Ame siwo wɔ aʋa kpli wò azu ame ɖigbɔwo.
13
Elabe nye Aƒetɔ, wò Mawu lae lé wò nuɖusi ɖe asi. Nyee gblɔ na wò be: “Mègavɔ̃ o; makpe ɖe ŋuwò.”
14
Aƒetɔ be: Wò ŋɔvi Yakob, mi Israel-ŋutsuwo, mègavɔ̃ o; makpe ɖe ŋuwò. Wò Ɖelae nye Israel ƒe Kɔkɔetɔ la.
15
Kpɔ ɖa, mawɔ wò nànye luƒotasiaɖam si le yeye, si le ɖaɖam, si si aɖuwo le. Àfanya towo, agbã wo gudugudu, eye àwɔ togbɛwo woanɔ abe nutsro ene.
16
Àgbɔ wo, ya alɔ wo ɖe nu, eye ahomya aka wo ahlẽ. Ekema wò ya àkpɔ dzidzɔ ɖe Aƒetɔ ŋu, eye àtsɔ Israel ƒe Kɔkɔetɔ la aƒo adegbee.
17
Ne ame dahewo kple hiãtɔwo le tsi dim, eye tsi aɖeke meli o; ne woƒe aɖe dzi ƒu le tsikɔwuame ta la, nye Aƒetɔ, matɔ na wo. Nye Israel ƒe Mawu la, nyemagblẽ wo ɖi o.
18
Mana tɔsisiwo naŋɔ le to ƒeƒlewo tame, eye tsidzɔƒewo anɔ baliwo me. Mana gbedadaƒo nazu tá, eye tsi ado bababa tso anyigba ƒuƒu me.
19
Mado sederti, xeti, gbemiti kple amiti ɖe gbedadaƒo, eye mado sesewu, fɔfɔlĩ kple kpomi siaa ɖe kegbegbe.
20
Esia ava eme bene amewo nakpɔe, anyàe, bene woabu eŋu, eye woase egɔme be Aƒetɔ ƒe asie wɔ esia; Israel ƒe Kɔkɔetɔ lae wɔe.
21
Aƒetɔ be, mihe miaƒe nya ɖe go. Yakob ƒe Fia la be, miʋli mia ɖokui ta míase.
22
Mikplɔ miaƒe mawuwo vɛ ne woagblɔ nu si gbɔna dzɔdzɔ ge la na mí. Migblɔ nu si dzɔ le blema la na mí bene míalé ŋku ɖe wo ŋu, anya ale si nyaawo wu nui. Alo migblɔ nu si gbɔna dzɔdzɔ ge la na mí.
23
Migblɔ nu si gbɔna dzɔdzɔ ge emegbe la na mí, ne míadze sii be mawuwoe mienye nyateƒe. Miwɔ nu nyui aɖe alo nu gbegblẽ aɖe bene ŋɔdzi nalé mí; vɔvɔ̃ naɖo mí.
24
Kpɔ ɖa, nu ɖigbɔwoe mienye, eye miaƒe dɔwɔwɔ nye nu dzodzro. Ame sia ame si tia mi la, ŋunyɔnu wònye.
25
Meyɔ ame aɖe le dzigbeme, eye wòtso ɣedzeƒe va ɖe gbeƒã nye ŋkɔ. Afanya dziɖulawo abe anyi ene; anyama wo abe ale si zemela nyaa tsui ene.
26
Ame kae gblɔe tso gɔmedzedzea ne míanya? Ame kae gblɔe ɖi xoxoxo, ne míagblɔ be: “Etɔ dzɔ”? Ame aɖeke megblɔe o; ame aɖeke meɖe gbeƒãe o, eye ame aɖeke hã mese miaƒe nyawo o.
27
Nyee ɖe gbeƒãe gbã na Zion, eye meɖo du nyui xɔvɛlawo ɖe Yerusalem.
28
Ke esi metsa ŋku la wo dometɔ aɖeke meli o. Aɖaŋuɖola aɖeke mele wo dome be, ne mebia nyae la, wòaɖo eŋu o.
29
Kpɔ ɖa, wo katã la, nu maɖinuwo wonye. Woƒe dɔwɔwɔwo nye nu dzodzro. Woƒe legbaawo nye yaƒoƒo ko.
← Chapter 40
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 42 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52
53
54
55
56
57
58
59
60
61
62
63
64
65
66