bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Isaiah 61
Isaiah 61
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 60
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 62 →
1
Aƒetɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ le dzinye elabe Aƒetɔ si ami nam. Edɔm ɖa be matsɔ nya nyui la ayi na ame siwo wole funyafunya wɔmee, edɔm ɖa be mada gbe le ame siwo ƒe dzi gbã la ŋu; be maɖe gbeƒã na aboyomenɔlawo be wona ablɔɖe wo, eye magblɔ na gaxɔmenɔlawo be woɖe wo le ga me.
2
Ebe maɖe gbeƒã be Aƒetɔ ƒe amenuveƒe ɖo, eye mía Mawu le hlɔ̃ bia ge. Ebe mafa akɔ na konyifalawo katã.
3
Ebe madi nu na ame siwo le konyi fam le Zion: Matsɔ seƒoƒotsihe ɖo atsyɔ̃ na wo ɖe dzowɔ me nɔnɔ teƒe, masi ami si ana be woakpɔ dzidzɔ la na wo ɖe konyifafa teƒe, mana woata atsyɔ̃taɖedzi si anye kafukafu ɖe gbɔgbɔ si gbɔdzɔ la teƒe. Ale woayɔ wo be nu dzɔdzɔe wɔwɔ ƒe logotiwo, Aƒetɔ ƒe ati siwo wòdo be yeatsɔ de bubu ye ɖokui ŋu.
4
Woatso blemaƒedowo woaɖo gbe aɖe gbe glikpowo; woaɖɔ du gbagbãwo me ɖo, eye woaɖɔ dzidzime geɖewo ƒe nu gbegblẽwo ɖo.
5
Dukɔ bubu me tɔwo anyi miaƒe lãhawo na mi, amedzrowo ade agble na mi, eye woalé be na miaƒe waingblewo.
6
Ke miawo la, woayɔ mi be: Aƒetɔ ƒe nunɔlawo! eye woatsɔ ŋkɔ na mi be: Mía Mawu ƒe subɔlawo. Miaɖu dukɔwo ƒe kesinɔnuwo, eye miakpɔ bubu le woƒe kesinɔnuwo me.
7
Ɖe miaƒe ŋukpe teƒe la, miakpɔ gome zigbɔzi eve. Ɖe vlodoame teƒe la, dzidzɔkpɔkpɔ anye mia tɔ gome. Eya ta le miaƒe anyigba dzi la, miaxɔ teƒeɖoɖo eve. Dzidzɔkpɔkpɔ anye mia tɔ gome tegbee.
8
Elabe nye Aƒetɔ la, nya dzɔdzɔe medina. Melé fu adzodada kple nu baɖa wɔwɔ. Maxe woƒe nuwɔna ŋu fe na wo pɛpɛpɛ, eye mabla nu mavɔ kpli wo.
9
Woadze si woƒe dzidzimeviwo le dukɔwo dome kple wo viwo ƒe viwo le amewo dome le afi sia afi. Ame siwo katã kpɔ wo la, adze si wo be wonye dukɔ si Aƒetɔ yra.
10
Makpɔ dzidzɔ ɖe Aƒetɔ ŋu vevie; nye luʋɔ atso aseye ɖe nye Mawu ŋu, elabe etsyɔ xɔname ƒe avɔ, eye wòdo nu dzɔdzɔe wɔwɔ ƒe awu ʋlaya nam abe ale si ŋugbetɔsrɔ̃ blaa atsyɔ̃tae alo ale si ŋugbetɔ doa atsyɔ̃ɖonuwoe ene.
11
Elabe abe ale si anyigba nana be nuwo miena, eye abɔ nana be nuku siwo woƒã ɖe eme miena ene la, nenemae Aƒetɔ Mawu ana nu dzɔdzɔe wɔwɔ kple kafukafu ado ɖe dukɔwo katã ŋkume.
← Chapter 60
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 62 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52
53
54
55
56
57
58
59
60
61
62
63
64
65
66