bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Isaiah 58
Isaiah 58
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 57
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 59 →
1
“Do ɣli sesĩe, mègadzudzɔ o! Wò gbe nede dzi bobobo abe kpẽ ene ne nàgblɔ nye dukɔ ƒe dzidada nɛ, nàgblɔ Yakob ƒe ƒome ƒe nuvɔ̃wo nɛ!
2
Evɔ la, wole diyem gbe sia gbe, eye woƒe didie nye be yewoanya nye mɔwo, abe dukɔ si wɔa nu dzɔdzɔe, eye megblẽa eƒe Mawu ƒe sewo ɖi o la wònye ene. Wole ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe dim tso gbɔnye. Wokpɔa dzidzɔ be yewoate ɖe Mawu ŋu.
3
‘Nu ka ta míetsi nu dɔ, eye mèlé ŋku ɖe eŋu o? Nu ka ta míebɔbɔ mía ɖokui, eye mèdze sii o?’ Kpɔ ɖa, miewɔa dɔ gbe si gbe mietsi nu dɔ, eye miete miaƒe dɔwɔlawo katã ɖe anyi.
4
Kpɔ ɖa, mietsia nu dɔna vɔ ko va wɔa dzre, wɔa avu, daa kɔ, hewɔa nu vevi ame. Ale si miele nu tsim dɔ egbe siawo la, mana woase miaƒe gbe le dzi o.
5
Ɖe nutsitsidɔ si medina kple ŋkeke si dzi amegbetɔ nabɔbɔ eɖokui le lae nye esia? Ne ebi ta ɖe anyi abe keti ene, eye wòmlɔ akpanya kple dzowɔ dzi la, eya yɔm nèle be nutsitsidɔ kple ŋkeke si adze Aƒetɔ ŋua?”
6
“Ɖe menye nutsitsidɔ si medina lae nye esi: be woaɖe ga ame siwo ŋu wosẽ ŋuta le, de ga wo, woatu kɔkuti ƒe kawo, woana ablɔɖe ame siwo wote ɖe anyi, eye woaŋe kɔkuti ɖe sia ɖe oa?
7
Ɖe menye eyae nye be: nàna nuɖuɖu dɔwuitɔ, eye nàkplɔ ame dahe siwo tsi ablɔ dzi la ayi aƒewò mee, ne èkpɔ ame aɖe wòle amama la, nàta avɔ nɛ, eye mègawɔ ŋlɔmee le wò ŋutɔ wò ƒometɔwo ŋu oa?
8
Ekema wò kekeli ado abe agudzedze ene, eye ahaya kaba. Wò nu dzɔdzɔe wɔwɔ adze ŋgɔwò, eye Aƒetɔ ƒe ŋutikɔkɔe axe megbe na wò.
9
Ekema àyɔ Aƒetɔ, eye wòatɔ na wò. Àdo ɣli, eye wòagblɔ be: Nyee nye esi!” “Ne èɖe kɔkuti, asifiafia ame kple nuvɔ̃ɖi ƒoƒo ɖa le dowòme,
10
ne ètsɔ wò nuɖuɖu na dɔwuitɔ, eye nèna nu si hiãm fukpela le la su esi la, ekema wò kekeli aklẽ le viviti me, eye wò blukɔ anɔ abe ŋdɔkutsu dzatsɛ ene.
11
Ale Aƒetɔ akplɔ wò ɖaa, eye wòana wò dzi nadze eme le kuɖiɖinyigba dzi. Ana wò ƒuwo nakpɔ ŋusẽ, eye ànɔ abe abɔ si wode tsii kple tsidzɔƒe si tsi memiena le gbeɖe o la ene.
12
Woagbugbɔ wò blemaƒedowo atso, àtu xɔ ɖe dzidzime geɖewo ƒe gɔmeɖoɖowo dzi, eye woayɔ wò be: Gli gbagbãwo ɖɔɖola, mɔwo dzraɖola ablɔwo dzraɖola, afi si woatso aƒe ɖo.”
13
“Ne èhe ɖokuiwò ɖe megbe le dzudzɔgbe la ŋu, be mèwɔ wò dɔwo le nye ŋkeke kɔkɔe la dzi o, ne èyɔ dzudzɔgbe la be Dzidzɔ kple Aƒetɔ ƒe ŋkeke kɔkɔe la be Bubu, eye nède bubu eyama ŋu ale be mèléa wò ŋutɔ wò mɔ tsɔ o, alo dia wò ŋutɔ wò vivisese o, alo ƒoa nu kpoloe o la,
14
ekema àkpɔ dzidzɔ le Aƒetɔ ŋu, eye mana nàde anyigba ƒe kɔkɔƒewo. Mana nàɖu tɔgbuiwò Yakob ƒe domenyinu, elabe Aƒetɔ ƒe nue gblɔe.”
← Chapter 57
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 59 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52
53
54
55
56
57
58
59
60
61
62
63
64
65
66