bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Isaiah 60
Isaiah 60
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 59
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 61 →
1
Tso, nàklẽ! Elabe wò kekeli do! Aƒetɔ ƒe ŋutikɔkɔe klẽ ɖe dziwò.
2
Kpɔ ɖa, viviti ado ɖe anyigba dzi, eye blukɔ atsyɔ dukɔwo. Ke wò la, Aƒetɔ klẽ ɖe dziwò, eye woakpɔ eƒe ŋutikɔkɔe le ŋuwò.
3
Dukɔwo ava wò kekeli gbɔ, eye fiawo azɔ wò keklẽ si de dzi la me ava.
4
Fɔ mo dzi! Tsa ŋku godoo nàkpɔ ɖa! Wo katã woƒo ƒu gbɔna ɖe gbɔwò. Viwò ŋutsuwo atso didiƒe ava eye woalé viwò nyɔnuwo ɖe abɔ dome vɛ.
5
Ekema àkpɔ esia dzi adzɔ wò. Wò dzi ati kpo, avu gblotoo elabe woatsɔ atsiaƒu me nu gbogbowo na wò dukɔwo ƒe kesinɔnuwo ava gbɔwò.
6
Kposɔwo ƒe hatsotso gãwo ado ɖe dziwò bibibi. Kposɔviwo ƒe hawo atso Midian kple Efa. Esiwo katã atso Seba hã ava. Woatsɔ sika kple kotoklobo avɛ na wò, eye woaɖe gbeƒã akafu Aƒetɔ.
7
Woakplɔ lãha siwo katã le Kedar la vɛ na wò, agbowo tso Nebayot asubɔ wò. Woatsɔ wo asa vɔe le nye vɔsamlekpui dzi, wòadze ŋunye, eye made bubu nye ŋutikɔkɔeƒe la ŋu.
8
Ame kawo nye esiawo le dzodzom abe alilikpo ene? Wole abe ahɔnɛ siwo ɖo ta wo nɔƒewo la ene.
9
Elabe ƒukpowo akpɔ mɔ nam. Tɔdziʋu siwo tso Tarsis ado ŋgɔ, be woakplɔ viwò ŋutsuwo tso didiƒe vɛ. Woatsɔ woƒe klosalo kple sika akpe ɖe wo ŋu be woatsɔ de bubu Aƒetɔ, wò Mawu, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la, ame si de bubu ŋuwò la, ƒe ŋkɔ ŋu.
10
Amedzroviwo aɖo wò gliwo, eye woƒe fiawo asubɔ wò. Elabe esi medo dɔmedzoe la, meƒo wò. Ke le nye amenuveve me la, mekpɔ nublanui na wò.
11
Wò agbowo anɔ ʋuʋu ɖi ɖaa; womado wo zã alo keli o, ale be amewo atsɔ dukɔwo ƒe kesinɔnuwo vɛ na wò, eye woƒe fiawo akplɔ wo.
12
Elabe dukɔ kple fiaɖuƒe siwo masubɔ wò o la atsrɔ̃, eye wo nu ayi keŋkeŋ.
13
Sesewu, fɔfɔlĩ kple kpomi siwo nye Lebanon ƒe atsyɔ̃ la ava gbɔwò, be nàtsɔ ɖo atsyɔ̃ na nye kɔkɔeƒe la ale be made bubu teƒe si menɔna la ŋu.
14
Ame siwo te wò ɖe anyi la ƒe viwo ava bɔbɔ asubɔ wò, eye ame siwo katã ɖe alɔ me le ŋuwò la ava de ta agu ɖe wò afɔnu ahayɔ wò be: Aƒetɔ ƒe du, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ƒe Zion!
15
Togbɔ be wogblẽ wò ɖi, gbe wò nya, eye womegatoa mewò yina o hã la, mana bubu nanɔ ŋuwò tegbee. Ànye dzidzɔ tso dzidzime yi dzidzime.
16
Àno dukɔwo ƒe notsi àno fiawo ƒe no, eye nàdze sii be nyee nye Aƒetɔ, wò Xɔnametɔ, wò Ɖela, Yakob ƒe Ŋusẽtɔ la.
17
Mahe nuwo vɛ na wò: ɖe akɔbli teƒe, matsɔ sika vɛ; ɖe ga yibɔ teƒe, matsɔ klosalo vɛ; ɖe ati teƒe, akɔbli; ɖe kpewo teƒe, ga yibɔ. Matsɔ Ŋutifafa aɖo dzikpɔlawo na wò, eye wò dɔnunɔlawo anye nu dzɔdzɔe wɔwɔ.
18
Womagase ŋutasesẽ ŋkɔ le wò anyigba dzi azɔ o, eye womagagblẽ alo atsrɔ̃ naneke le dukɔa ƒe liƒowo dzi o. Àyɔ wò gliwo be: Xɔname, eye àyɔ wò agbowo be: Kafukafu.
19
Ɣe maganye kekeli na wò azɔ le ŋkeke me o, ɣleti magaɖi be xexeme nakɔ na wò le zã me o. Ke boŋ Aƒetɔ anye wò kekeli tegbee, eye wò Mawu anye wò ŋutikɔkɔe.
20
Wò ɣe magaɖo to azɔ o, eye wò ɣleti magaɖo xɔ o; elabe Aƒetɔ anye wò kekeli tegbee, eye wò nuxaɣi nu va yi.
21
Wò dukɔmetɔwo katã anye nu dzɔdzɔe wɔlawo sɔŋ; anyigba la anye wo tɔ tegbee. Ɖe medo wo, wɔ wo be woade bubu ŋunye.
22
Ameha sue azu ƒome gã, eye ame ʋɛwo azu dukɔ sesẽ. Nyee nye Aƒetɔ. Mana wòava eme kaba, ne ɣeyiɣia de.
← Chapter 59
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 61 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52
53
54
55
56
57
58
59
60
61
62
63
64
65
66