bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Isaiah 14
Isaiah 14
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 13
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 15 →
1
Ke Aƒetɔ akpɔ nublanui na Yakob, eye wòagatia Israel. Agaɖo wo gɔme anyi ɖe woƒe anyigba dzi ekema amedzrowo akpe ɖe wo ŋu, eye woatsɔ wo ɖokui alé ɖe Yakob ƒe ƒome la ŋu.
2
Dukɔwo akplɔ wo agbɔ va aƒee. Tete Israel-dukɔ la axɔ wo, woazu eƒe domenyinu abe kluviwo kple kosiwo ene le Aƒetɔ ƒe anyigba la dzi. Ale woalé ame siwo ɖe aboyo wo la, eye woaɖu amegã ɖe ame siwo te wo ɖe to la dzi.
3
Ava eme be ne Aƒetɔ na vovo wò tso fukpekpe kple fuɖeɖe kpakple dɔ sesẽ siwo wotsɔ do kluvi wòe me la,
4
ekema adzi fewuɖuha sia ɖe Babilonia-fia ŋu be: “Ameteɖeanyila megali o! Ŋutasesẽ nu tso!”
5
Aƒetɔ ŋe ame vɔ̃ɖiwo ƒe ŋusẽti, dziɖulawo ƒe atikplɔ,
6
siwo wotsɔ ƒo dukɔwo le dziku me atraɖii, te dukɔwo ɖe anyi le dɔmedzoe me heti wo yome madzudzɔmadzudzɔe.
7
Anyigba blibo la gbɔ ɖe eme, ɖe dzi ɖi bɔkɔɔ, eye wode asi aseyetsohawo dzidzi me.
8
Sesewuwo le dzidzɔ kpɔm ɖe ŋuwò. Lebanon-sedertiwo le gbɔgblɔm be: ‘Esime womu wò ƒu anyi kpaa, ame aɖeke megava lã mí kpɔ o.’
9
Tsiẽƒe le to me ʋĩi, tso hiã be ne èva ɖo la, yeakpe wò. Enyɔ ame kukuwo kple kplɔlawo katã le anyigba dzi be woado dzaa na wò. Ena dukɔwo ƒe fiawo katã tsi tsitre le woƒe fiazikpuiwo dzi.
10
Wo katã woaɖo eŋu agblɔ na wò be: ‘Wò hã èva gbɔdzɔ abe míawo ke ene! Èzu abe míawo ke ene!’
11
Woɖiɖi wò atsyɔ̃ yi tsiẽƒe; wò kasaŋkuwo ƒe ɖiɖi hã yi. Nyéwo nye aba le tewò, eye ŋɔwo nye avɔ nètsyɔ.
12
“O Babilon-fia! Wò Ŋukeɣletivi! Wò Agudzeviŋutsu! Kpɔ ale si nège tso dziƒo va dze anyii la ɖa! Woƒo wò ƒu anyi, wò ame si te dukɔwo ɖe anyi la!
13
Ke ègblɔ le wò dzime be: ‘Malia ayi dziƒo; mali nye fiazikpui ɖe Mawu ƒe ɣletiviwo tame, eye mabɔbɔ nɔ anyi ɖe Takpeƒeto la dzi le dzigbeme ke ɖa.
14
Malia ayi alilikpowo tame, eye mawɔ ɖokuinye abe Dziƒoʋĩtɔ la ene.’
15
Ke wotutu wò yi tsiẽƒe, yi keke aʋlime ke.
16
Ame siwo kpɔ wò la, woaɖe ŋku ɖe wò, abu ŋuwò ʋuu agblɔ be: ‘Ŋutsu si na anyigba dzo nyànyanya, eye wòʋuʋu fiaɖuƒewo lae nye esia ɖe!
17
Ame si wɔ xexea me wòzu kegbegbe, gbã eƒe duwo, eye wògbe asiɖeɖe le gamenɔlawo ŋu ɖo ɖe wo de lae nye esia ɖe!’
18
Anyigbadzifiawo katã mlɔ anyi ɖe woƒe ɖiƒewo le bubu me; ɖe sia ɖe le eƒe yɔdo me.
19
Ke wò ya, wotsɔ wò ƒu gbe abe atilɔ si wotsɔ ƒu gbe alo lã kuku si wofanya kple afɔ la ene. Ame tsiaʋa siwo tsi yi nu, eye woyi agumekpewo gbɔ lae tsyɔ dziwò.
20
Màsɔ kple woamawo le yɔ me o, elabe ègblẽ wò anyigba, eye nèwu wò dukɔmetɔwo. “Womagayɔ nuvɔ̃ɖi wɔlawo ƒe dzidzimeviwo ŋkɔ gbeɖegbeɖe o.
21
Midzra amewuƒe ɖo na via ŋutsuwo wuwu le wo tɔ́wo ƒe vodada ta bene womagatso axɔ anyigba la, eye woatso duwo ɖe edzi o.”
22
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be: “Matso ɖe wo ŋu, eye maɖe Babilon ŋkɔ ɖa. Matsrɔ̃ eƒe ame susɔeawo kple dzidzimeviwo ɖa,” Aƒetɔ lae gblɔe.
23
Ke Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be: “Matsɔe awɔ hlɔ̃madewo nɔƒe kple tsinɔƒee. Matsrɔ̃ teƒea keŋkeŋ abe xae wotsɔ kplɔe ene.”
24
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la ka atam be: “Nu si meɖo la, eya koe adzɔ! Nu si meɖo kplikpaa la, eyae mawɔ!
25
Matsrɔ̃ Asiriatɔ le nye anyigba dzi eye mafanyae kple afɔ le nye towo dzi. Eƒe kɔkuti aɖe ɖa le wo ŋu, eye eƒe agba aɖe ɖa le woƒe abɔta.
26
Nugbe si meɖo ɖe anyigba blibo la ŋu lae nye esi: Abɔ si mekɔ dzi ɖe dukɔwo katã ŋu lae nye esi.”
27
Elabe ne Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la ɖo nu ɖe tame la, ame kae agblẽ eme? Ne edo eƒe alɔ ɖe dzi la, ame kae agbugbɔe?
28
Ƒè si me fia Axaz ku lae woɖe gbeƒã gbedeasi sia:
29
O Filisti-nyigba blibo la, mèganɔ dzidzɔ kpɔm be ati si ƒo wò la ŋe o, elabe dakpui ado tso da ƒe kè me, eye eƒe kutsetse anye da vɔ̃ɖi si to aʋala.
30
Manyi ame dahewo ƒe ŋgɔgbeviwo, eye hiãtɔwo amlɔ anyi bɔkɔɔ le dziɖeɖi me. Ke matsɔ dɔwuame awu wò kè, eye woatsrɔ̃ wò ame susɔeawo.
31
O agbo, fa avi sesĩe! O du, fa avi! Miawoe, Filistitɔwo, mi katã, vɔvɔ̃ neɖo mi. Elabe dzudzɔ le tutum tso dzigbeme gbɔna; ame ɖeka pɛ hã metsi megbe le wo ŋu o.
32
Ke ale ke ame aɖo eŋu na dukɔ la ƒe amedɔdɔwoe? Aɖo eŋu be: “Aƒetɔ ye tsò Zion, eye wòanye sitsoƒe na eƒe dukɔ la ƒe hiãtɔwo.”
← Chapter 13
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 15 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52
53
54
55
56
57
58
59
60
61
62
63
64
65
66