bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Isaiah 46
Isaiah 46
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 45
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 47 →
1
Bel de ta to, Nebo bɔbɔ ta. Woƒe legba siwo woléna ɖe ta la, zu agba lãwo kple nyihawo tsɔ ɖeɖi te wo ŋu.
2
Wobɔbɔ ta, wo katã wode ta to. Womate ŋu axɔ agba la o, ke woawo ŋutɔ yi aboyo me.
3
Yakob ƒe ƒome, mi ame siwo katã susɔ ɖe Israel-dukɔ me, miɖo tom. Nyee tsɔ miaƒe fu tso dɔme, kpa mi tso vidzĩme;
4
ne mietsi hã la, nye koe; nyee atsɔ mi kakaka miaƒo wɔ. Nyee wɔ mi, eye malé be na mi. Makɔ mi, axɔ na mi.
5
Ame ka ŋu miedi be yewoatsɔm aɖoe, akpɔ ɖa be míesɔ hã? Ame kae miedi be yewoatsɔm asɔe, akpɔ ɖa be míeɖi mía nɔewo?
6
Amewo ɖea sika fũu tso kotoku me kɔna ɖi. Wodaa klosalo le nudanu me. Wotsɔa sikaɖaŋudɔwɔla, ame si mèa mawu na wo. Tete wodzea klo nɛ, eye wosubɔnɛ!
7
Wokɔnɛ ɖe abɔta ɖadana ɖe enɔƒe enɔa tsitre ɖe afi ma, eye metea ŋu ʋãna le enɔƒe o. Ne wodo ɣli nɛ hã la, meɖoa eŋu loo, alo xɔna na ame le xaxa me o.
8
“Mi nuvɔ̃wɔlawo, miɖo ŋku esia dzi; mibu eŋu, migbugbɔ ɖo ŋku edzi.
9
Miɖo ŋku nu siwo dzɔ va yi le blema la dzi, ne miadze sii be nyee nye Mawu; ɖeke meli kpe ɖe ŋunye o. Nyee nye Mawu, ɖeke mesɔ kplim o.
10
Meɖe gbeƒã nu si ava dzɔ la ɖi le gɔmedzedzea me ke. Megblɔ nu siwo nyemekpɔ wɔ haɖe o la ɖi le blema ke. Megblɔ be: ‘Mawɔ nye ɖoɖowo dzi, eye mawɔ nu siwo katã medi be mawɔ la awu nu.’
11
Meyɔ xe ƒonu aɖe tso ɣedzeƒe; ŋutsu si awɔ nye ɖoɖowo dzi tso anyigba didi aɖe dzi. Nyee ke nu gblɔe; mana wòava eme godoo. Nyee ɖoe; mele ewɔ ge.
12
Miɖo tom, mi ame siwo ƒe dzime sẽ; mi ame siwo le adzɔge tso nu dzɔdzɔe wɔwɔ gbɔ.
13
Maɖe mi kpuie; egbɔ megadidi kura o. Nye xɔname mahe ɖe megbe o. Maxɔ Zion ɖe agbe, eye mana woagade bubu Israel ŋu.”
← Chapter 45
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 47 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52
53
54
55
56
57
58
59
60
61
62
63
64
65
66