bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Isaiah 26
Isaiah 26
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 25
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 27 →
1
Ɣe ma ɣi la, woadzi ha sia le Yuda-nyigba dzi be: “Du sesẽ aɖe le mía si! Exɔna na ame abe gli kple kpɔ sesẽ ene.
2
Miʋu agboawo be dukɔ dzɔdzɔe, nuteƒewɔla la nage ɖe eme.
3
Ame si ɖoa ŋu ɖe ŋuwò la, ènana be wòkpɔa ŋutifafa blibo elabe eɖoa dzi ɖe ŋuwò.
4
Ka ɖe Aƒetɔ dzi tegbee elabe Aƒetɔ, ẽ, Aƒetɔ nye agakpe si li tegbee.
5
Elabe ebɔbɔ kɔkɔƒenɔlawo ɖe anyi; eɖiɖi du kɔkɔ la ɖe anyi; emui ƒu anyi, eye wòtsɔe ƒu ʋuʋudedi me.
6
Ezu afɔɖodzinu na ame dahewo kple hiãtɔwo be woafanyae.”
7
Ame dzɔdzɔe ƒe toƒe le tẽe. Wò Dzɔdzɔetɔ lae wɔe be ame dzɔdzɔe ƒe mɔ dzi sɔ.
8
Aƒetɔ, míekpɔ mɔ na wò le wò ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe mɔ dzi. Wò ŋkɔ mavɔ kple bubudede wò ŋkɔ ŋu dim míaƒe luʋɔwo le.
9
Nye luʋɔ dia wò le zã me, eye nye gbɔgbɔ dia wò vevie tso ememe ke. Ne wò nyametsotso va anyigba dzi la, xexea me tɔwo srɔ̃a nu dzɔdzɔe wɔwɔ.
10
Ne wove ame vɔ̃ɖi nu la, mesrɔ̃a nu dzɔdzɔe wɔwɔ o; ke ewɔa nuvɔ̃ɖi le ame dzɔdzɔewo dome le anyigba dzi. Medzea si Aƒetɔ ƒe gãnyenye o.
11
Aƒetɔ, wò alɔ le dzi, ke womele ekpɔm o. Na woakpɔ ale si nètsɔa dzo ɖe wò dukɔ ŋui la ɖa, ne ŋu nakpe wo vevie. Na dzo nafiã wò ketɔwo.
12
Aƒetɔ, àna ŋutifafa mí elabe èxɔ míaƒe dɔwo katã ƒu akɔ hewu wo nu na mí.
13
Aƒetɔ, mía Mawu, aƒetɔ bubuwo ɖu mía dzi kpɔ kpe ɖe ŋuwò. Ke wò ɖeɖe kple wò ŋkɔ ko míakafu.
14
Ne ame ku la, megagbɔa agbe o, eye ame kuku mefɔna o, elabe èhe to na wo hetsrɔ̃ wo, eye nètutu woƒe ŋkɔ ɖa.
15
Gake Aƒetɔ, èna wò dukɔ la dzi ɖe edzi. Èna dukɔ la keke ta. Ède bubu ɖokuiwò ŋu, eye èkeke anyigba la ƒe liƒowo ɖe enu.
16
Aƒetɔ, le xaxa me la, wodi wò kpekpeɖeŋu. Ne èhe to na wo la, wodoa gbe ɖa na wò.
17
Ale si funɔ léa ku, doa ɣli ne eƒe vidziɣi ɖo la, Aƒetɔ, nenemae míenɔ le ŋkuwò me.
18
Míefɔ fu, fu ɖu mí, eye míedzi vi baa; ke ya ko wònye míedzi. Míeɖe vi na anyigba la o, elabe ame medzɔ ɖe xexea me o.
19
Wò ame kukuwo agbɔ agbe! Woƒe ŋutilãwo afɔ. Mi ame siwo le ʋuʋudedi me, minyɔ ne miadzi dzidzɔha. Elabe wò zãmu nye kekeli ƒe ahũ. Àna wòadza ɖe anyigba si dzi vɔvɔli do ɖo la dzi.
20
Nye dukɔ, miva, mige ɖe miaƒe xɔgãwo me ne miado ʋɔ ɖe mia ɖokui nu. Mibè vie, se ɖe esime dziku la nu nayi.
21
Kpɔ ɖa, Aƒetɔ do tso enɔƒe gbɔna be wòahe to na anyigbadzitɔwo ɖe woƒe nuvɔ̃wo ta. Anyigba aklo nu ɖa le ʋu si wokɔ ɖe edzi la dzi, eye magate ŋu aɣla ame siwo wowu ɖe edzi la o.
← Chapter 25
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 27 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52
53
54
55
56
57
58
59
60
61
62
63
64
65
66