bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Isaiah 47
Isaiah 47
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 46
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 48 →
1
Wò ɖetugbi leaƒe, Babilon vinyɔnu, ɖi ɖe anyi nabɔbɔ nɔ ʋuʋudedi me. Wò Kaldea vinyɔnu, bɔbɔ nɔ anyigba menye fiazikpui dzi o. Elabe azɔ la, womagayɔ wò be vi vevi malɔ̃nugbɔe o.
2
Yi ɖe teƒo nàtu wɔ! Ɖe wò moxevɔ ɖa! Ɖe wò taɖedzi ɖi! Klo avɔ le ata ŋu, ne nàtso tɔ!
3
Wò ama me adze, eye woakpɔ wò ŋukpeƒe. Mabia hlɔ̃; nyemagblẽ ame aɖeke ɖi o.
4
Mía Ðelae nye Israel ƒe Kɔkɔetɔ la. Eŋkɔe nye Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la.
5
Kaldea vinyɔnu, bɔbɔ nɔ anyi nazi ɖoɖoe kpoo, eye nàyi ɖe blukɔ me. Elabe womagayɔ wò be aƒenɔ fiaɖuƒewo dziɖula azɔ o.
6
Medo dɔmedzoe ɖe nye dukɔ ŋu; medo gu nye domenyinu, eye metsɔ wo de asi na wò. Ke mèkpɔ nublanui na wo o, eye nèna amegãɖeɖiwo tsɔ kɔkuti si kpe wo ŋutɔŋutɔ la.
7
Ègblɔ be: “Manye aƒenɔ dziɖula tegbee!” ale be nu siawo mewɔ dɔ ɖe dziwò loo, alo nàɖo ŋu woƒe nuwuwu dzi o.
8
Eya ta, azɔ see, wò agbe vivi ɖula, wò ame si ɖe dzi ɖi le bubum be yele dedie. Èle gbɔgblɔm le ɖokuiwò me be: “Nyee, ame aɖeke meli kpe ɖe ŋunye o. Nyemanɔ anyi abe ahosi ene alo anya ale si vi kuna na amee o.”
9
Ke nu eve siawo adzɔ ɖe dziwò kpata le aɖabaƒoƒo ɖeka me le ŋkeke ɖeka dzi: Viwo aku na wò, àzu ahosi hã. Nu siawo adzɔ ɖe dziwò nàkpɔ wo teƒe wòasu wò. Togbɔ be èsa dzo fũu, eye gbesa sesẽ geɖe le asiwò hã la, woava eme.
10
Èɖe dzi ɖi le nuvɔ̃ɖi wɔm le gbɔgblɔm be: “Ame aɖeke mele kpɔyem o.” Wò nunya kple sidzedze kplɔ wò trae, eye nègblɔ le dzime be: “Nyee, ame aɖeke meli kpe ɖe ŋunye o.”
11
Gake nya vɔ̃ aɖe ava dziwò, eye màte ŋu asa vɔ ɖe eta o. Dzɔgbevɔ̃e adzɔ ɖe dziwò màte ŋu aɖee ɖa o. Nu gbegblẽ aɖe atu wò kpata si ŋu mànya naneke le o.
12
Lé wò gbesawo kple wò dzo gbogbo siwo ŋu nèku kutri le tso wò ɖetugbime ke la me ɖe asi sesĩe. Ɖewohĩ àte ŋu akpɔ dzidzedze. Ɖewohĩ àte ŋu ado ŋɔdzi na ame aɖe kpli wo.
13
Ɖeɖi te ŋuwò le aɖaŋuɖoɖo geɖe si nèxɔ la ta. Na dziŋgɔli me nunyalawo natso axɔ na wò. Woawoe kpɔa ɣletiviwo, eye ne dzinu dze dzi la, wogblɔa nu si ava dzɔ ɖe dziwò la na wò.
14
Kpɔ ɖa, wole abe gbe ƒuƒu ene; dzo fiãa wo. Womate ŋu aɖe wo ɖokui tso dzo bibi ƒe ŋusẽ nu o. Menye dzoka xɔxɔ wònye ne woaƒu o; menye dzo wònye woabɔbɔ nɔ egbɔ o.
15
Alea ame siwo ŋu nèku kutri ɖo, eye mia kpli wo mietsa asi tso ɖetugbime ke la woazu na wò. Ame sia ame lé eya ŋutɔ ƒe mɔ tsɔ, ame aɖeke meli axɔ na wò o.
← Chapter 46
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 48 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52
53
54
55
56
57
58
59
60
61
62
63
64
65
66