bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Isaiah 52
Isaiah 52
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 51
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 53 →
1
Nyɔ, Zion! Nyɔ kple wò ŋusẽ! Yerusalem, du kɔkɔe, tsɔ wò awu nyuiwo nàdo, elabe bolobolotɔwo kple ame makɔmakɔwo magage ɖe mewò azɔ o.
2
Wò Yerusalem, si woɖe aboyoe, ʋuʋu ke le ɖokuiwò ŋu! Tso nàbɔbɔ nɔ anyi, wò Zion vinyɔnu, si woɖe aboyoe, ɖe ga si le kɔ na wò la ɖi.
3
Elabe Aƒetɔ gblɔ be: “Womexe fe ɖe mia ta tsɔ ƒle mii o, eya ta woaɖe mi femaxee.
4
Elabe Aƒetɔ Mawu be: Gbã la, nye dukɔ la yi Egipte ɖanɔ afi ma abe amedzrowo ene, eye Asiriatɔ la te wo ɖe anyi dzodzro.
5
Aƒetɔ be: Eya ta azɔ nu ka wɔm mele le afii, esi mekpɔ be wokplɔ nye dukɔ dzoe dzodzro. Aƒetɔ be wo dziɖulawo le avi fam, eye edziedzi, ŋkeke bliboa la, wole alɔ me ɖem le nye ŋkɔ ŋu.
6
Eya ta nye dukɔ adze si nye ŋkɔ ale be ɣe ma ɣi la woadze sii be nyee ƒo nu be: Nyee nye esi!”
7
Du nyui xɔvɛla si le toawo tame gbɔna ƒe afɔɖeɖe nya le kpɔkpɔm loo! Eɖea gbeƒã ŋutifafa, eye wòhea nya nyui vɛ. Eɖea gbeƒã agbexɔxɔ, eye wògblɔna na Zion be: “Wò Mawue le fia ɖum!”
8
Ðo to nàse ɖa! Wò dzɔlawo ƒe gbe le dzi dem. Wo katã wole ha dzim kple dzidzɔ. Woawo ŋutɔ wokpɔ Aƒetɔ kple ŋku wòtrɔ gbɔna Zion.
9
Mi Yerusalem ƒe glikpowo, mi katã mido dzidzɔha ɖa bobobo elabe Aƒetɔ fa akɔ na eƒe dukɔ; eɖe Yerusalem.
10
Aƒetɔ klo nu le eƒe alɔ kɔkɔe la ŋu le dukɔwo katã ŋkume. Anyigba ƒe mlɔenuwo katã akpɔ mía Mawu ƒe xɔname.
11
Midzo, midzo! Miʋu tso afi ma! Migaka asi nu makɔmakɔ aɖeke ŋu o. Miʋu tso eme. Mi ame siwo tsɔa Aƒetɔ ƒe aƒemegbawo, mikɔ̀ mia ɖokui ŋu.
12
Elabe ne miele ʋuʋum la, miatsi dzi o. Miele sisí ge adzo o, elabe Aƒetɔ adze mia ŋgɔ, eye Israel ƒe Mawu la axe megbe na mi.
13
Kpɔ ɖa, nye dɔla akpɔ dzidzedze. Woadoe ɖe dzi boo; axɔ ŋkɔ, eye wòanye gã.
14
Ame geɖe kpɔe wòwɔ nuku na wo, eƒe dzedzeme gblẽ wu ame tɔ gɔ̃ hã, eƒe nɔnɔme vlo wu amegbetɔviwo tɔ.
15
Alea pɛ dukɔ geɖewo le ekpɔ ge, wòawɔ nuku na woe. Fiawo aɖo asi nu le eta, elabe nu si womegblɔ na wo kpɔ o lae kpɔ ge woala, eye nu si womese kpɔ o la gɔmee woase.
← Chapter 51
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 53 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52
53
54
55
56
57
58
59
60
61
62
63
64
65
66