bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Isaiah 10
Isaiah 10
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 11 →
1
Baba na ame siwo wɔ se madzɔmadzɔwo kple ame siwo ŋlɔ ɖoɖo siwo te amewo ɖe anyi ɖi la.
2
Wowɔa alea be woate wɔnamanɔŋutɔwo ƒe nya dzɔdzɔe ɖe to, woada dzo nye dukɔ la ƒe ame dahewo ƒe nu le wo si, ne ahosiwo nazu woƒe aboyonu, eye woawɔ tsyɔ̃eviwo woƒe nulélewoe.
3
Nu ka miawɔ gbe si gbe wole to hem na mi? Ne dzɔgbevɔ̃e tso adzɔge va do ɖe, nu ka miawɔ? Ame ka miasí atso? Afi ka miagblẽ miaƒe kesinɔnuwo ɖo?
4
Nu si ko miawɔ lae nye be miabɔbɔ ɖe gamenɔlawo dome, eye miadze anyi ɖe ame tsiaʋawo dome. Togbɔ be nu siawo katã dzɔ hã la, Aƒetɔ ƒe dzi mefa o; eƒe abɔ gale dzi kokoko.
5
Baba na Asiria Dziɖula, nye dɔmedzoe ƒe ameƒoti la; nye dziku ƒe ati le esi me.
6
Medɔe ɖe dukɔ mavɔ̃mawu la ŋu. Meɖe gbe nɛ ɖe dukɔ si ŋu medo dɔmedzoe ɖo la ŋu, be wòasii, ahae, eye wòafanyae abe ba le kpɔdomee ene.
7
Ke eya mesusui nenema o, eye mebui le dzime alea o, ke eɖoe ɖe tame be yeagblẽ nu ahatsrɔ̃ dukɔ geɖewo.
8
Elabe egblɔ be: “Ɖe nye aʋakplɔlawo katã menye fiawo oa?
9
Ɖe nu si dzɔ ɖe Kalno dzi la, mele abe esi dzɔ ɖe Karkemis dzi la ene oa? Ɖe nu si va eme na Xamat la, mele abe Arpad tɔ ene oa? Alo ɖe Samaria tɔ mesɔ kple Damasko tɔ oa?
10
Ale si nye asi su fiaɖuƒe siwo subɔa legbawo dzii, legba siwo ƒe xexlẽme sɔ gbɔ wu Yerusalem kple Samaria tɔwo la,
11
ɖe nyemawɔ nenema na Yerusalem kple eƒe legbawo, abe ale si mewɔ na Samaria kple eƒe legbawo ene oa?”
12
Ne Aƒetɔ la wu eƒe dɔwo katã nu ɖe Zion-to la kple Yerusalem ŋu vɔ la, agblɔ be: Mahe to na Asiria Dziɖula ɖe eƒe dàda kple adegbe si ƒom wòle la ta.
13
Elabe egblɔ be: “Nye ŋutɔe tsɔ nye asi kple nunya wɔe, elabe mese nu gɔme. Meɖe dukɔwo ƒe liƒowo ɖa heha woƒe kesinɔnuwo, eye metutu fiazikpui dzi nɔlawo ƒu anyi abe ŋusẽtɔ ene.
14
Nye asi su dukɔwo ƒe kesinɔnuwo dzi abe xevitɔ ene. Abe ale si wolɔa azi siwo xeviwo gblẽ ɖi ene la, nenemae melɔ anyigba blibo lae; ame aɖeke meƒo aʋala alo kè dɔ hexlɔ̃ fĩ o.”
15
Ɖe fía ado eɖokui ɖe dzi le ame si le eŋudɔ wɔm la ŋkumea? Alo laxalaxa atɔ asi akɔ ɖe ame si le ehem la ŋua? Ɖe ameƒoti awɔ ame si kɔe dzi la ŋu dɔa? Alo ɖe atizɔti atɔ̀ amea?
16
Eya ta Aƒetɔ Mawu, Aʋakɔwokplɔla la aɖo dɔ vɔ̃ ɖe eƒe ame damiawo dome, woaɖi ku, eye eƒe ŋutikɔkɔe abi nu abe ale si dzo fiãa nui ene.
17
Israel ƒe kekeli azu dzo, eye eƒe Kɔkɔetɔ azu dzo ƒe aɖe ahabi eƒe aŋɔka kple ŋuwo woafiã le ŋkeke ɖeka dzi.
18
Atsrɔ̃ eƒe ave dodowo kple agble wɔnuku dzeaniwo keŋkeŋ, eye woanɔ abe ale si dɔléle kpea dɔnɔ dzii ene.
19
Woate ŋu axlẽ eƒe avemeti siwo susɔ la, eye ɖevi ɖeka aŋlɔ wo ɖe agbalẽ me.
20
Ava eme gbe ma gbe be Israel ƒe ame susɔeawo, Yakob ƒe ƒome la, ƒe ame siwo tsi agbe la magaɖo dzi ɖe ame si ƒo wo la ŋu azɔ o, ke boŋ woaɖo dzi ɖe Aƒetɔ, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋu le nyateƒe me.
21
Ame siwo susɔ la atrɔ agbɔ; Yakob ƒe ame susɔeawo atrɔ va Mawu Ŋusẽtɔ la gbɔ.
22
Togbɔ be wò dukɔ Israel sɔ gbɔ abe ƒutake ene hã la, ame ʋɛ aɖewo koe asusɔ agbɔ. Woatsrɔ̃ godoo le sedede dzɔdzɔe si gbã go la nu.
23
Elabe Aƒetɔ Mawu, Aʋakɔwokplɔla la ɖoe kplikpaa be yeatsrɔ̃ wo le anyigba blibo la dzi.
24
Eya ta Aƒetɔ Mawu, Aʋakɔwokplɔla la le gbɔgblɔm be: “Nye dukɔ si le Zion, mègavɔ̃ Asiriatɔwo ne wotsɔ ati ƒo wò, eye wòkɔ kpo dzi ɖe ŋuwò abe Egiptetɔwo ene o.
25
Elabe le gowòme la, esusɔ vie ko nye dziku la nu nayi eye matrɔ aɖe dɔmedzoe ɖe wo ŋu, atsrɔ̃ wo.
26
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la aɖe ameƒoka ɖe wo dzi abe ale si wòƒo Midian le Oreb-kpe la gbɔe ene, eye eƒe atikplɔ anɔ atsiaƒu dzi abe ale si wòdoe ɖe dzi le Egipte ene.
27
Ɣe ma ɣi la, aɖe eƒe agba le wò abɔta kple kɔkuti le wò kɔ.” Etso Rimon yi.
28
Eva dze Ayat-du dzi. Eto Migron, eye wògblẽ eƒe agba ɖe Mixmas.
29
Woto todomemɔ, eye wotsi Geba dɔ. Rama dzo nyànyanya; Saul ƒe Gibea de afɔ du me.
30
Galim-nyɔnuvi, ƒu asi nu! Laisa, ƒu to anyi. Anatot, ɖo eŋu nɛ!
31
Madmena de afɔ du me. Gebitɔwo sí ɖabè.
32
Egbea ke, atɔ ɖe Nob, eye wòaŋlɔ kɔ ɖe Zion vinyɔnu ƒe to la ŋu, ɖe Yerusalem-togbɛ la ŋu.
33
Kpɔ ɖa, Aƒetɔ Mawu, Aʋakɔwokplɔla la alã atilɔwo kple ŋɔdzi, atso esiwo de dzi bobobo la, eye wòamu kɔkɔtɔwo aƒu anyi.
34
Atsɔ fía amu atiwo le ave dodowo me. Lebanon kple eƒe ati gã nyakpɔwo ava anyi.
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 11 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52
53
54
55
56
57
58
59
60
61
62
63
64
65
66