bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Isaiah 42
Isaiah 42
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 41
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 43 →
1
Kpɔ ɖa, nye dɔla si melé ɖe te lae nye esi. Nye ame tiatiae, nye luʋɔ kpɔa dzidzɔ le eŋu. Meda nye gbɔgbɔ ɖe edzi. Eyae ahe ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ɖe go na dukɔwo.
2
Mado ɣli alo akɔ gbe dzi o. Mana woase eƒe gbe le ablɔwo dzi o.
3
Maɖe aƒla si ŋe la ɖa le enu o, eye matsi akaɖi me ɖovu si le tsitsim la o. Ahe ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ɖe go le nyateƒe me.
4
Magbɔdzɔ o, dzi hã maɖe le eƒo o, va se ɖe esime wòaɖo ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe gɔme anyi ɖe anyigba dzi. Ƒukpowo le mɔ kpɔm na eƒe se la.
5
Mawu Aƒetɔ, ame si wɔ dziƒowo, eye wòhe wo me, ame si keke anyigba kple edzi nu miemiewo ɖe nu, ame si na agbegbɔgbɔ anyigbadzinɔlawo kple gbɔgbɔ ame siwo zɔa edzi la be:
6
“Nyee nye Aƒetɔ, meyɔ wò hena nu dzɔdzɔe wɔwɔ. Melé wò alɔnu hekpɔ tawò. Metsɔ wò na ameha la abe nubabla ene abe kekeli ene na dukɔwo;
7
ne nàʋu ŋku na ŋkuagbãtɔwo, nàɖe ga ame siwo wode gaxɔ me kple ame siwo le viviti me la tso gaxɔ me.
8
Nyee nye Aƒetɔ, ŋkɔnyee. Nyematsɔ nye bubu ana ame tutɔ kple nye kafukafu ana legbawo o.
9
Kpɔ ɖa, blemanyawo va eme. Azɔ mele gbeƒã ɖem nu yeyewo. Mele wo gblɔm na mi hafi woava dzɔ.”
10
Midzi ha yeye na Aƒetɔ! Midzi ha kafui tso anyigba ƒe mlɔenu ke! Mina atsiaƒu kple nu siwo katã le eme, ƒukpowo kple wo dzi nɔlawo siaa naɖe gbe.
11
Mina kegbegbe kple edzi du gãwo, du sue siwo me Kedar le la, nakɔ gbe dzi! Mina Selanɔlawo, nadzi dzidzɔha. Mina woado ɣli tso towo tame ke!
12
Mina woade bubu Aƒetɔ ŋu, eye mina woaɖe gbeƒã akafui le ƒukpowo dzi!
13
Aƒetɔ do abe ŋusẽtɔ ene eƒe lã me le fiefiem abe aʋawɔla ene. Ekɔa gbe dzi, doa ɣli bobobo! Eɖea eƒe ŋusẽ fiaa eƒe futɔwo.
14
Mezi ɖoɖoe eteƒe didi; memia nu kpoo, eye mezi ɖokuinye dzi. Azɔ mado ɣli abe nyɔnu si fu le ɖuɖum la ene. Malɔ gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo anɔ gbɔgbɔm fuxefuxe.
15
Magblẽ nu le towo kple togbɛwo dzi. Mana gbewo katã naƒu le wo dzi. Mana tɔsisiwo natso kpò, tɔdomekpowo nadze eye táwo namie.
16
Makplɔ ŋkuagbãtɔwo ato mɔ si womenya o la dzi. Toƒe si womenya o, manɔ ŋgɔ akplɔ wo atoe. Mana viviti nazu kekeli le wo ŋgɔ, eye toƒe tsakliwo azrɔ̃. Nu siawo mawɔ, eye nyemagblẽ wo ɖi o.
17
Woagbugbɔ ame siwo ɖoa dzi ɖe aklama kpakpɛwo ŋu, eye wogblɔna na legbawo be: “Miawoe nye míaƒe mawuwo” la, ayi megbe, eye woado ŋukpe wo vevie.
18
Mi tokunɔwo, mise nu! Mi ŋkuagbãtɔwo, mifɔ kɔ dzi ne miakpɔ nu!
19
Ame kae nye ŋkunɔ? Ɖe menye nye dɔlae oa? Ame kae nye tokunɔ abe nye ame si medɔ la ene? Ame kae nye ŋkuagbãtɔ abe nye ame si ŋu wokɔ la ene? Alo ame ka ƒe ŋkue gbã abe Aƒetɔ ƒe dɔla tɔ ene?
20
Èkpɔa nu geɖe; ke mèléa ŋku ɖe wo ŋu o. Èkea to ɖi; ke mèsea nu o.
21
Edze Aƒetɔ ŋu, le eƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ ta, be wòade kɔkɔ eƒe se la ŋu, ne bubu nanɔ eŋu.
22
Ke dukɔ si woda adzoe, eye woha la wònye. Do zu mɔ̀ ɖe emenɔlawo katã, eye woɣla wo ɖe gaxɔwo me. Wozu nulélewo; ke ame aɖeke meli axɔ na wo o. Woha wo; ke ame aɖeke meli agblɔ be: “Migbugbɔ wo vɛ” o.
23
Mia dometɔ kae alé to ɖe nu sia ŋu? Ame kae aɖo to asee na ɣeyiɣi si gbɔna la?
24
Ame kae de Yakob asi be woaha, eye wòde Israel asi be woada adzoe? Ɖe menye Aƒetɔ ame si ŋu miewɔ nuvɔ̃ ɖo ame si ƒe mɔwo dzi wometo o kple ame si ƒe se womeɖo toe o la ŋue oa?
25
Ale wòtrɔ eƒe dziku helihelĩ la kple eƒe aʋa ƒe ŋusẽ kɔ ɖe edzi. Etɔ dzoe ƒo xlã va kpe ɖo; ke mese eme o. Dzo la fiãe; ke mede dzi gbɔ nɛ o.
← Chapter 41
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 43 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52
53
54
55
56
57
58
59
60
61
62
63
64
65
66