bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Isaiah 3
Isaiah 3
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 4 →
1
Kpɔ ɖa, Aƒetɔ Mawu, Aʋakɔwokplɔla la aɖe nunɔamesiwo katã kple nu siwo katã wode mee la ɖa le Yerusalem kple Yuda. Tsi kple nuɖuɖu hã avɔ keŋkeŋ.
2
Kalẽtɔ kple aʋawɔla, ʋɔnudrɔ̃la kple Mawu ƒe gbeƒãɖela, afakala kple ame tsitsi,
3
ame bla atɔ̃ aʋakplɔla kple asrafomegã, adaŋudela, gbesala bíbi kple dzotɔ gã hã avɔ keŋkeŋ.
4
Aƒetɔ be yeana ŋutsuviwo naɖu fia ɖe wo dzi, eye ɖevi suewo nakpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi.
5
Ale amewo ate wo nɔewo ɖe to; ame sia ame atso ɖe nɔvia ŋu, ame sia ame ɖe ehavi ŋu. Sɔhɛwo mabu ame tsitsiwo o, eye yakamewo atsi tre ɖe bubumewo ŋu.
6
Ava eme be ame alé nɔvia le wo tɔ́ ƒeme agblɔ be: “Wò ya awu ʋlaya le asiwò eya ta nye míaƒe tatɔ, nànɔ aƒedo sia nu.”
7
Gbe ma gbe la, nɔvia ado ɣli be: “Nyemanye dɔyɔla o. Nuɖuɖu alo awu ʋlaya mele aƒenye me o. Migatsɔm ɖo dukɔa ƒe tatɔe o.”
8
Elabe Yerusalem kli nu! Yuda dze anyi! Elabe woƒe nuƒo kple nuwɔnawo tsi tre ɖe Aƒetɔ ŋu. Wodze aglã le eƒe ŋutikɔkɔe la ŋkume.
9
Woƒe mo le ɖase ɖim le wo ŋu. Woɖea woƒe nuvɔ̃ fiana abe Sodomtɔwo ene; womeɣlanɛ o. Baba na wo, elabe woawo ŋutɔ ɖokui ŋu wole vɔ̃ wɔm ɖo.
10
Migblɔ na nu dzɔdzɔe wɔla be ele mɔ nyuitɔ dzi elabe aɖu nu si wòwɔ la ƒe kutsetse.
11
Ke baba na nuvɔ̃ɖi wɔla! Vɔ̃ atui elabe nu si eƒe asi wɔ da ɖi la, eya teƒe woaɖo nɛ.
12
Ɖevi le ŋuta sẽm le nye dukɔ ŋuti, eye nyɔnuwo le edzi ɖum. O nye dukɔ, kplɔwòlawo kplɔ wò trae, eye wobaɖa afɔ na wò.
13
Aƒetɔ xɔ enɔƒe azɔ be yeahe nya. Ele tsitre be yeadrɔ̃ ʋɔnu eƒe dukɔ.
14
Aƒetɔ kplɔ dukɔa ƒe ame tsitsiwo kple ekplɔlawo yi ʋɔnui be: “Miawoe fanya waingblewo. Ame dahe ƒe nu siwo mieha la woe yɔ xɔ na mi taŋ.
15
Nu ka ta miele nye dukɔ la gbãm, eye miele hiãtɔwo tugum ale?” Aƒetɔ Mawu, Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe.
16
Aƒetɔ be: “Esi Zion vinyɔnuviwo dàna, liaa kɔ ganɛ, wua mo dzi nɔa zɔzɔm, eye ne wole zɔzɔm la, wonɔa kpe ʋuʋum, eye woƒe afɔgawo nɔa ɖiɖim gleŋgleŋgleŋ ta la,
17
“Aƒetɔ la alũ ta na Zion vinyɔnuviwo kolikolikoli, eye Aƒetɔ aɖe ama wo.”
18
Gbe ma gbe Aƒetɔ la aɖe afɔgɛ siwo ɖo atsyɔ̃, ŋgoblanuwo, kɔgɛwo,
19
kɔwlawo kple alɔnugawo, takuwo,
20
atsyɔ̃ɖonuwo na ta, abɔgɛwo, atsyɔ̃lidziblanuwo, ami ʋeʋẽe goewo kple sebɛwo,
21
ŋkɔɖosigɛwo kple ŋɔtigɛwo,
22
ŋkekenyui ɖuwuwo, awu ʋlayawo, taɖedziwo kple akplowo,
23
awuwo, aklalawuwo, tablanuwo kple motsyɔvɔwo.
24
Ʋeʋẽ kũ axɔ ɖe woƒe ʋeʋẽ lílilĩ teƒe. Ta kokoe aɖɔli ɖaƒoƒo. Akpanya axɔ ɖe awu ʋlaya xɔasi teƒe. Woƒe tugbedzedze atrɔ zu ŋukpe.
25
Dua me ŋutsuwo atsi yi nu, woƒe kalẽtɔwo atsi aʋa.
26
Dua ƒe agbowo axa nu, afa konyi; woagbã dua, eye wòabɔbɔ nɔ anyigba.
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 4 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52
53
54
55
56
57
58
59
60
61
62
63
64
65
66