bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Isaiah 59
Isaiah 59
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 58
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 60 →
1
Kpɔ ɖa, Aƒetɔ ƒe abɔ mele kpuie akpa be mate ŋu axɔ na ame o, eƒe to meku be mate ŋu ase nu o.
2
Ke boŋ miaƒe vodadawoe klã mia kple mia Mawu dome, eye miaƒe nuvɔ̃woe ɣla eŋkume ɖe mi ale be megasea miaƒe nya o.
3
Elabe miaƒe asi ƒo ʋu, eye vodada le miaƒe asibidɛwo ŋu. Miaƒe nu kaa aʋatso, eye miaƒe aɖe gblɔa nya vɔ̃ɖi.
4
Ame aɖeke mesamaa ehavi ɖe eƒe nya dzɔdzɔe ta o, alo yia se gbɔ kple nyateƒe o. Nyateƒe aɖeke menɔa woƒe nyatotowo me o, aʋatso ko wokana. Woɖoa nugbe ɖe ame ŋu, eye wowɔa nu vevii.
5
Woƒoa dakpui ƒe azi, eye wolɔ̃a yiyiɖɔ. Ame si ɖua woƒe azi la kuna, eye ne wogbã azia la ƒli dona tso eme.
6
Womatsɔ woƒe ka alɔ̃ avɔ akpɔ o, amewo mate ŋu atsyɔ avɔ si wolɔ̃ o. Woƒe dɔwɔwɔwo vɔ̃ɖi, eye wole ŋutasesẽ dzi ɣe sia ɣi.
7
Woƒe afɔwo le du dzi ɖe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu, eye wole abla ɖem be yewoakɔ ʋu maɖifɔ ɖi. Woƒe susuwo vɔ̃ɖi. Wogblẽa nu, tsrɔ̃a nu le mɔ gã siwo dzi wotona la.
8
Womenyaa ŋutifafamɔ la o, eye womewɔa nu dzɔdzɔe aɖeke le mɔ siwo dzi wotona la o. Woɖe mɔ gɔglɔ̃wo, eye ame sia ame si toa wo dzi la mekpɔa ŋutifafa o.
9
Eya ta ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe didi tso mía gbɔ, eye nu dzɔdzɔe wɔwɔ megogo mí o. Míele mɔ kpɔm na kekeli, kpɔ ɖa, vivitie. Míele mɔ kpɔm na xexeme ƒe kɔkɔ; ke míele zɔzɔm le blukɔ me.
10
Míele asi tsam gli ŋu abe ŋkuagbãtɔwo ene, eye míele asi nyem ya me abe ŋkunɔwo ene. Míekli nu le ŋdɔkutsu dzatsɛ abe le zã me ene, eye míele ame gbagbewo dome abe ame kukuwo ene!
11
Mí katã míele gbe tem abe sisiblisiwo ene, eye míele xɔxlɔ̃m abe ahɔnɛwo ene. Míekpɔ mɔ na ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe; ke ɖeke meli o. Míekpɔ mɔ na xɔname, ke ele adzɔge ʋĩi tso mía gbɔ.
12
Elabe míaƒe dzidadawo dzi ɖe edzi le ŋkuwò me, eye míaƒe nuvɔ̃wo le ɖase ɖim tso mía ŋu. Elabe míaƒe dzidadawo le mía ŋu, eye míenya míaƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔwo.
13
Míeda vo, eye míegbe Aƒetɔ. Míede megbe tso mía Mawu la gbɔ. Míete ame ɖe anyi, eye míedze aglã. Míeɖonɛ be míaka aʋatso, eye míeɖenɛ gblɔna tso dzime.
14
Afiatsotso ɖe eteƒe gbugbɔ ɖe megbe, eye nu dzɔdzɔe wɔwɔ le tsitre ɖe adzɔge ke. Elabe nyateƒe le nu klim le dutakpeƒe, eye nuteƒewɔwɔ mate ŋu age ɖe eme o.
15
Nyateƒe bu keŋkeŋ, eye ame si megadina be yeawɔ nuvɔ̃ɖi o la va zua nuléle. Aƒetɔ kpɔe be nu dzɔdzɔe wɔwɔ aɖeke megali o, eye medze eŋu o.
16
Ekpɔ be ame aɖeke meli o, eye wòwɔ nuku nɛ be avuléla aɖeke gɔ̃ hã meli o. Tete eya ŋutɔ ƒe abɔ he dziɖuɖu vɛ nɛ, eye eƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ lée ɖe te.
17
Edo nu dzɔdzɔe wɔwɔ abe akɔtakpoxɔnu ene, eye wòɖɔ xɔname ƒe gakuku ɖe ta. Edo hlɔ̃biawu, eye wòtsyɔ ŋuʋaʋã abe taɖedzi ene.
18
Aɖo eteƒe na wo ɖe woƒe nuwɔnawo nu: eƒe ketɔwo tɔe nye dɔmedzoe, teƒeɖoɖo nye eƒe futɔwo tɔ, eye wòaɖo ƒukpowo ƒe nuwɔwɔ teƒe na wo.
19
Ɣetoɖoƒetɔwo avɔ̃ Aƒetɔ ŋkɔ, eye ɣedzeƒetɔwo avɔ̃ eƒe ŋutikɔkɔe; elabe ele vava ge abe tɔsisi si le du dzi sesĩe, esi Aƒetɔ ƒe ahom lɔ ɖe nu la ene.
20
Ava Zion abe Ɖela ene, eye wòaɖe ame siwo trɔ tso woƒe dzidadawo me la hã le Yakob. Aƒetɔ lae gblɔe.
21
Aƒetɔ be: “Nye la, nu si mebla kpli wo lae nye esi: Nye gbɔgbɔ si le dziwò kple nye nya si metsɔ de nuwò la mate ɖa le wò nu me loo, alo le viwòwo ƒe nu me loo, alo le viwòwo ƒe viwo ƒe nu me o, tso fifia ɖase ɖe mavɔ me. Aƒetɔ lae gblɔe.”
← Chapter 58
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 60 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52
53
54
55
56
57
58
59
60
61
62
63
64
65
66