bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Isaiah 43
Isaiah 43
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 42
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 44 →
1
Ke azɔ Aƒetɔ, ame si wɔ wò Yakob, eye wòmè wò Israel la be: “Mègavɔ̃ o, elabe meɖe wò. Metsɔ wò ŋkɔ yɔ wò. Tɔnyee nènye.
2
Ne èto tɔ tɔwo me la, meli kpli wò; ne èto tɔsisiwo me la, tsi malé wò o. Ne èto dzo me la, mamè wò o, eye dzo ƒe aɖewo mafiã wò o.
3
Elabe nyee nye Aƒetɔ, wò Mawu, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la, wò Xɔla. Metsɔ Egipte ƒle tawò. Nubia kple Seba axɔ ɖe tewòƒe.
4
Elabe èxɔ asi le ŋkunye me, bubu le ŋuwò, eye melɔ̃ wò. Metsɔ amegbetɔwo na ɖe tewòƒe; metsɔ dukɔwo na ɖe wò agbe ta.
5
Mègavɔ̃ o, elabe meli kpli wò! Makplɔ wò dzidzimeviwo tso ɣedzeƒe gbɔe, eye maƒo mia nu ƒu tso ɣetoɖoƒe vɛ.
6
Magblɔ na dzigbeme be: Ɖe asi le wo ŋu, eye na anyigbeme be: Mègasika wo ɖi o! Kplɔ vinye ŋutsuwo tso didiƒe vɛ kple vinye nyɔnuwo tso anyigba ƒe mlɔenu vɛ.
7
Kplɔ ame sia ame si ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo, ame sia ame si mewɔ, ame sia ame si memè, trɔ asi le eŋu hena nye bubu la, vɛ.”
8
Kplɔ dukɔ siwo nye ŋkunɔwo evɔ ŋku le wo si, esiwo nye tokunɔwo evɔ to le wo si la do goe!
9
Na dukɔwo katã naƒo ƒu, dukɔwo nakpe ta. Wo dometɔ kae agblɔ nya sia, eye wòagblɔ nya siwo dzɔ va yi la afia mí? Wonekplɔ woƒe ɖasefowo vɛ, ne woaɖi ɖase na wo, eye woaɖo to wo ne woagblɔ be nyateƒee.
10
Aƒetɔ be: “Miawoe nye nye ɖaseɖilawo kple nye dɔla si metia la bene mianyae, axɔ dzinye ase, eye miase egɔme be nyee. Womewɔ mawu aɖeke do ŋgɔ nam o, eye ɖeke hã mava ɖe yonyeme o.
11
Nye, nyee nye Aƒetɔ; Xɔnametɔ aɖeke meli kpe ɖe ŋunye o.
12
Aƒetɔ be meɖe gbeƒã, mexɔ na ame, eye megblɔe ɖi esi mawu bubu aɖeke menɔ mia dome o. Miawoe nye nye ɖaseɖilawo,” Aƒetɔ lae gblɔe.
13
“Nyee nye Mawu, eye tso fifia dzi yina la, nyee. Ame aɖeke mate ŋu axɔ nu le asinye o. Mewɔa nu, ame kae ate ŋu axe mɔ nɛ?”
14
Aƒetɔ, mia Ɖela, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la be: “Mia tae madɔ ame ɖo ɖe Babilon; Manyrɔ Kaldeatɔ, sisíla mawo katã kple woƒe ʋu siwo me wokpɔa dzidzɔ le la.
15
Nyee nye Aƒetɔ, miaƒe Kɔkɔetɔ la, Israel Wɔla, miaƒe Fia.”
16
Aƒetɔ, ame si ta mɔ ɖe atsiaƒu me, eye wòɖe toƒe ɖe tɔ wɔadãwo me;
17
eya, ame si nana be tasiaɖamwo, sɔwo, aʋakɔwo kple kalẽtɔwo siaa hona, wotsia anyigba, womegate ŋu fɔna o, eye wònana be wo nu tsi abe ale si akaɖimeɖovu tsina ene lae gblɔ be:
18
Migaɖo ŋku blemanuwo dzi o, eye migatsɔ nu siwo dzɔ va yi la de susu me o.
19
Kpɔ ɖa, mele nu yeye wɔm. Ele mo dom ɖa xoxo; ɖe miele dzesi demee oa? Mana mɔ tata naɖo gbedadaƒo, eye tɔwo naŋɔ ɖe kegbegbe.
20
Gbemelãwo ade bubu ŋunye, akpatakuwo kple tsatsaboliwo hã; elabe mena tsi ŋɔ le gbedadaƒo, eye tɔwo sí le kegbegbe, be mana tsi nye dukɔ tiatia la wòano.
21
Eyae nye dukɔ si mewɔ na ɖokuinye, ale be wòaɖe gbeƒã akafum.
22
Ke Yakob, menye nyee nèyɔ o. Israel, nu ti kɔ nam le tawò.
23
Mètsɔ wò alẽviwo sa numemevɔ nam o, eye mètsɔ wò vɔsawo de bubu ŋunye o. Nyemetsɔ wò nunanawo do agba na wò o, alo tsɔ lifi ɖe fu na wò o.
24
Mètsɔ ga ƒle gbekee nam o, eye mètsɔ wò vɔsalã ƒe ami ɖi ƒoe nam o; ke wò nuvɔ̃woe nètsɔ do agba nam. Nèɖe fu nam kple wò vodadawo.
25
Nye, nyee, nyee atutu wò dzidadawo ɖa le nye ŋutɔ ɖokuinye ta, eye nyemaɖo ŋku wò nuvɔ̃wo dzi o.
26
Na míayi ʋɔnu. Ɖe wò nya gblɔ, ne woatso afia na wò.
27
Tɔgbuiwò gbãtɔ wɔ nuvɔ̃, eye wò nunɔlawo da vo ɖe ŋunye.
28
Eya ta medo gu kɔkɔeƒe la ƒe amegãwo. Mede Yakob asi be woatsrɔ̃e gbidigbidi, eye woaƒo fi ade Israel.
← Chapter 42
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 44 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52
53
54
55
56
57
58
59
60
61
62
63
64
65
66