bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Isaiah 25
Isaiah 25
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 24
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 26 →
1
Aƒetɔ, nye Mawue nènye. Mado wò ɖe dzi, eye makafu wò ŋkɔ. Elabe èwɔ nukunuwo. Ɖoɖo siwo nèwɔ gbe aɖe gbe ke la, kakaɖedzi le wo ŋu; mètrɔ ɖeke o.
2
Elabe èna du la zu glikpo, eye nègbã eƒe mɔ́ sesẽwo. Amedzrowo ƒe fiasã megali o; womagatui akpɔ gbeɖe o.
3
Eya ta dukɔ sesẽwo akafu wò, eye dukɔ wɔadãwo avɔ̃ wò.
4
Elabe mɔ́ sesẽ nènye na ame beliwo, sitsoƒe na hiãtɔwo le xaxa me, beɖoƒe le dziya nu kple vɔvɔli le ŋdɔkutsu nu. Ŋutasẽlawo ƒe gbɔgbɔ fuxefuxe le abe ale si yatsi ƒoa glie ene.
5
Ète amedzrowo ƒe nyanyra ɖe to, abe ŋdɔkutsu le kuɖiɖinyigba dzi ene, eye nètsi ŋutasẽlawo ƒe aseyetsotso nu, abe ale si vɔvɔli nana be anyinu fana le ŋdɔkutsu nu ene.
6
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la aɖo nuɖukplɔ̃ gã aɖe na dukɔwo katã le to sia dzi. Nuɖuɖu viviwo kple wain si woda ɖi eteƒe didi; nuɖuɖu vivi siwo me ƒutomemi le kple wain siwo nɔ anyi dedie, eye wo me dza la.
7
Le to sia dzi la, aklo nu si wotsyɔ dukɔwo katã dzi kple motsyɔnu si wokeke ɖe dukɔwo katã dzi la ɖa.
8
Atsrɔ̃ ku Saɖagatsi ɖa tegbee. Ekema Aƒetɔ Mawu atutu aɖatsi ɖa le mo na ame sia ame, eye wòaɖe etɔwo ƒe ŋukpe ɖa le xexea me godoo. Aƒetɔ lae gblɔe.
9
Woagblɔ gbe ma gbe be: “Kpɔ ɖa, mía Mawu lae nye esi. Eyae míekpɔ mɔ na be axɔ na mí. Eyae nye Aƒetɔ si míekpɔ mɔ na. Mina míatso aseye, eye míakpɔ dzidzɔ le eƒe xɔname ta.”
10
Elabe Aƒetɔ ƒe asi anɔ to sia dzi; ke afanya Moab ɖe enɔƒe abe ale si wofanyaa nutsro ɖe aɖukpo dzi ene.
11
Akeke abɔ me abe tsiƒula ene, eye wòate eƒe dàda kple eƒe asi siwo wɔa nu ayetɔe la ɖe to.
12
Amu eƒe gli kɔkɔ sesẽawo ƒu anyi, eye wòana woazu kewɔ ɖe anyigba.
← Chapter 24
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 53
Chapter 54
Chapter 55
Chapter 56
Chapter 57
Chapter 58
Chapter 59
Chapter 60
Chapter 61
Chapter 62
Chapter 63
Chapter 64
Chapter 65
Chapter 66
Chapter 26 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52
53
54
55
56
57
58
59
60
61
62
63
64
65
66